Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA WUIÐEKƐ

Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?

Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
  • Mawu gbɔe fukpekpe siwo le xexeame tsoa?

  • Nya kawoe fɔ ɖe te le Eden-bɔa me?

  • Aleke Mawu awɔ aɖe nusiwo gbɔ ameƒomea ƒe fukpekpe tso la ɖa?

1, 2. Fukpekpe kawo ƒomevi me tom amewo le egbea, si na ame geɖe biaa nya ka?

LE DUKƆ aɖe si me aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le la, wolɔ dumevi akpe geɖe siwo nye nyɔnuwo kple ɖeviwo, amesiwo wowu le aʋaa me la heɖi wo ɖe yɔdo gã ɖeka aɖe si woɖe me, eye wotu atitsoga suewo ƒo xlã yɔdoa. Woŋlɔ biabia sia ɖe atitsogawo dometɔ ɖesiaɖe dzi be: “Nukatae?” Ɣeaɖewoɣi vevesese si wu tsɔtsɔ ye nana wobiaa nya ma. Amewo tsɔa nuxaxa biaa nya ma ne woƒe ame vevi aɖe ku le aʋawɔwɔ, afɔku, dɔléle, alo nuvlowɔwɔ aɖe me; ne afɔku aɖe na woƒe aƒe dome gblẽ, alo wòkplɔ wo de fukpekpe manyagblɔ aɖewo me. Wodina be yewoanya nusita afɔku mawo dzɔ ɖe yewo dzi ɖo.

2 Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li? Ne Yehowa Mawu nye ŋusẽkatãtɔ, amesi lɔ̃a ame, amesi si nunya le, eye wòle dzɔdzɔe la, ke nukatae xexeame yɔ fũ kple fuléle kple numadzɔmadzɔwɔwɔ alea gbegbe ɖo? Èbu biabia siawo ŋu kpɔa?

3, 4. (a) Nukae fia be menye nu gbegblẽe wònye be woabia nusita Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu o? (b) Aleke Yehowa sena le eɖokui me le ŋutasesẽ kple fukpekpe ŋu?

3 Ðe wònye nu gbegblẽ be woabia nusitae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋua? Ame aɖewo vɔ̃na be nya siawo tɔgbe biabia afia be xɔse mele yewo si o alo be yewomele bubu dem  Mawu ŋu o. Gake ne èxlẽ Biblia la, àkpɔe be mawuvɔ̃la wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi le blema bia nya mawo tɔgbe. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Xabakuk bia Yehowa be: “Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?”—Xabakuk 1:3.

Yehowa aɖe fukpekpe ɖesiaɖe ɖa

4 Ðe Yehowa ka mo na nyagblɔɖila Xabakuk si nye nuteƒewɔla ɖe nya mawo biabia ta? Ao. Ke boŋ Mawu na wotsɔ Xabakuk ƒe nya siwo tso dzime la kpe ɖe Biblia me nya siwo tso gbɔgbɔ me ŋu. Mawu kpe ɖe eŋu wòse nuwo gɔme nyuie wu eye eƒe xɔse va sẽ ŋu ɖe edzi. Esia dim Yehowa le na wò hã. Ðo ŋku edzi be Biblia na míenya be “eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Mawu lé fu ŋutasesẽ kple fukpekpe siwo dona tsoa eme kura wu amesiame. (Yesaya 55:8, 9) Ne aleae wòle la, ke nukatae fukpekpe yɔ xexeame alea gbegbe?

NUKATA FUKPEKPE BƆ ALEA GBEGBE?

5. Ŋuɖoɖo kawoe amewo nana zi geɖe ku ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpe ŋu, gake nukae nye Biblia ƒe nufiafia?

5 Subɔsubɔha vovovo me tɔwo yia woƒe hakplɔlawo kple nufialawo gbɔ va biaa nusita fukpekpe bɔ alea gbegbe ɖo la wo. Zi geɖe la, ŋuɖoɖo si woxɔna enye be Mawue naa amewo  kpea fu eye be eyae ɖo nusianu si ava dzɔ, si me afɔkuwo hã le, la ɖi tso gbaɖegbe ke. Wogblɔ na ame geɖe be míate ŋu ase Mawu ƒe mɔwo gɔme o, alo wogblɔna be eyae naa amewo kuna—ɖeviwo hã—ale be woava nɔ ye gbɔ le dziƒo. Gake abe alesi nèva srɔ̃e ene la, Yehowa Mawu mehea nu vɔ̃ɖi vanae gbeɖe o. Biblia gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.”—Hiob 34:10.

6. Nukatae amewo daa fɔbubu ɖe Mawu dzi vodadatɔe be eya gbɔe fukpekpe siwo le xexeame tso?

6 Ènya nusita amewo daa fɔbubu ɖe Mawu dzi vodadatɔe be eya gbɔe fukpekpe siwo katã le xexeame la tsoa? Zi geɖe la, wodaa fɔbubua ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dzi le esi wosusui be eyae nye xexe sia dzi ɖula ta. Womenya nyateƒenya vevi bɔbɔe aɖe si le Biblia me o. Èsrɔ̃ nu tso nyateƒenya ma ŋu le agbalẽ sia ƒe Ta 3 lia me. Amesi tututu le xexe sia dzi ɖum enye Satana Abosam.

7, 8. (a) Aleke xexe sia ɖea amesi le edzi ɖum la ƒe nɔnɔme fianae? (b) Aleke amegbetɔwo ƒe blibomademade kpakple “azãgbe kple nuɖiɖeame” he fukpekpe vɛ?

7 Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Ne èbu nusiwo le dzɔdzɔm ŋu la, ɖe mèkpɔe be susu le nya sia me oa? Gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ, “amesi nye xexeame katã blela,” ƒe nɔnɔme tututue xexe sia ɖena fiana. (Nyaɖeɖefia 12:9) Futɔ, ameblela, kple ŋutasẽlae Satana nye. Esia tae xexe sia si le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la hã me yɔ fũ kple fuléle, amebeble, kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖo. Susu siwo ta fukpekpe bɔ ɖe xexe sia me la dometɔ ɖeka enye ema.

8 Susu evelia si ta fukpekpe bɔ ɖe xexeamee nye be ameƒomea me tɔwo va zu ame madeblibowo kple nuvɔ̃mewo tso esime aglãdzedze dze egɔme le Eden-bɔa me ke, abe alesi míedzro emee le Ta 3 lia me ene. Amegbetɔ nuvɔ̃mewo ʋlina be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi, eye esia hea aʋawɔwɔ, ameteteɖeanyi, kple fukpekpe vɛ. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Nu etɔ̃lia si hea fukpekpe vɛ enye “azãgbe kple nuɖiɖeame.”  (Nyagblɔla 9:11) Esi menye Yehowae nye xexe sia ƒe Dziɖula kple etakpɔla o ta la, amewo te ŋu kpea fu le esi nuɖiɖeamewo dzɔna ɖe wo dzi le vome ta.

9. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be susu nyui aɖe kokoko tae Yehowa ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu?

9 Efaa dzi na mí be míanyae be Mawu mehea fukpekpe vaa amewo dzi o. Menye eya gbɔe aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, ameteteɖeanyi, alo dzɔdzɔmefɔkuwo gɔ̃ hã si na amewo kpea fu la tso o. Ke hã, ele be míanya ŋuɖoɖo na biabia sia be, Nukatae Yehowa ɖe mɔ ɖe fukpekpe siawo katã ŋu? Ne eyae nye Ŋusẽkatãtɔ la, ke ŋusẽ le esi be wòaxe mɔ ɖe fukpekpe nu. Ekema nukatae mele ŋusẽ ma zãm o? Anye susu nyui aɖe kokoko tae, elabena míeva nyae be lɔlɔ̃ ƒe Mawue wònye.—Yohanes I, 4:8.

NYA VEVI AÐE FƆ ÐE TE

10. Nuka ŋue Satana tsɔ nya ɖo, eye to mɔ ka nu?

10 Be míanya nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li la, ahiã be míatrɔ susu ɖe ɣeyiɣi si fukpekpe dze egɔmee ŋu. Nya vevi aɖee Satana fɔ ɖe te esi wòble Adam kple Xawa wogbe toɖoɖo Yehowa. Satana metsɔ nya ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu o. Satana ŋutɔ gɔ̃ hã nya nyuie be seɖoƒe meli na Yehowa ƒe ŋusẽ o. Nusi ŋu Satana tsɔ nya ɖoe nye Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu dzi. Esi Satana gblɔ be Mawu nye ameblela si gbea nu nyuiwo tsɔtsɔ na eteviwo la, ɖe wònɔ Yehowa nu tsom be dziɖula vɔ̃ɖie wònye. (Mose I, 3:2-5) Satana ƒe nyawo fia be eme anyo na ameƒomea kura wu ne menye Mawue nye woƒe dziɖula o. Esia nye tsitretsitsi ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye, si nye eƒe dzedze be wòaɖu dzi, ŋu.

11. Nukatae Yehowa metsrɔ̃ aglãdzelawo le Eden-bɔa me enumake ko evɔ o?

11 Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Woto esia me nɔ gbɔgblɔm be: ‘Míehiã Yehowa be wòanye míaƒe Dziɖula o. Míate ŋu atso nya me na mía ɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu.’ Aleke Yehowa awɔ akpɔ nya si fɔ ɖe te gbɔe? Aleke  wòawɔ afia eƒe nuwɔwɔ siwo katã si nunya le woakpɔe be aglãdzelaawoe da ƒu eye be yeƒe mɔwoe nye nyuitɔ kekeake vavã? Ame aɖewo agblɔ be ɖe wòle be Mawu natsrɔ̃ aglãdzela mawo enumake ahawɔ nuwo yeyee hafi. Gake Yehowa do ŋgɔ gblɔ eƒe tameɖoɖo xoxo be anyigbaa nayɔ kple Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo, eye woanɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi. (Mose I, 1:28) Yehowa naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme ɣesiaɣi. (Yesaya 55:10, 11) Azɔ hã, aglãdzela mawo tsɔtsrɔ̃ ɖa le Eden-bɔa me enumake mana woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia si fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu dzi ŋu o.

12, 13. Wɔ nusita Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòanye xexe sia dziɖula kple nusita Mawu ɖe mɔ amegbetɔwo ɖua fia ɖe wo haviwo dzi la ƒe kpɔɖeŋu.

12 Na míabu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be nufiala aɖe le alesi eƒe sukuviwo awɔ abu akɔnta sesẽ aɖe la fiam wo. Sukuvi aɖe si nya nu le sukuxɔa me gake wònye aglãdzela tsɔ nya ɖe nufialaa ŋu be mɔ si dzi wòto le akɔntaa bum mesɔ o. Be wòaɖee afia be nufiala la mebi ɖe nua fiafia me o la, aglãdzela sia ƒu asi akɔ be yenya mɔnu aɖe si nyo wu kura si dzi woato akpɔ kuxia gbɔ. Sukuvi aɖewo ƒe susu wɔ na wo be aglãdzela la ƒe nyaa le eme, eye woawo hã wodze aglã. Nukae wòle be  nufialaa nawɔ? Ne enyã sukuvi dzeaglãawo le sukuxɔa me la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe sukuvi mamlɛawo dzi? Ðe womaxɔe ase be yewo hati ma kple amesiwo wɔ ɖeka kplii ƒe nyaa le eme oa? Sukuvi mamlɛawo katã magade bubu nufialaa ŋu o, eye wòawɔ na wo be ɖe nufialaa le vɔvɔ̃m be woado ŋukpe ye tae wònyã wo ɖa enumake. Gake tsɔe be nufialaa ɖe mɔ na aglãdzelaa be wòafia sukuviawo alesi eya akpɔ kuxia gbɔe.

Ðe sukuvia dze be wòafia mɔ wu nufialaa ŋutɔa?

13 Yehowa wɔ nane si sɔ kple nusi nufiala sia wɔ. Ðo ŋku edzi be menye amesiwo dze aglã le Eden-bɔa me koe nya sia ka o. Mawudɔla miliɔn geɖewo hã nɔ eteƒe kpɔm. (Hiob 38:7; Daniel 7:10) Alesi Yehowa akpɔ nya si fɔ ɖe te gbɔe la akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mawudɔla mawo kple mlɔeba nuwɔwɔ siwo katã si nunya le dzi. Eyata nukae Yehowa wɔ? Eɖe mɔ na Satana be wòafia alesi eya aɖu ameƒomea dzii. Mawu ɖe mɔ hã be amegbetɔwo naɖu fia ɖe wo haviwo dzi le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te.

14. Viɖe kae ado tso Yehowa ƒe nyametsotso be yeaɖe mɔ amegbetɔwo naɖu wo ɖokui dzi me?

14 Nufiala si le míaƒe kpɔɖeŋua me nyae be aglãdzela la kple amesiwo wɔ ɖeka kplii ƒe nyawo mele eme o. Gake enya hã be mɔnukpɔkpɔ nana wo be woatsɔ atee akpɔ be woaɖo kpe woƒe nyaa dzi la aɖe vi na amesiwo katã le sukuxɔa me. Ne aglãdzelawo do kpo nu la, sukuvi ɖianukware mamlɛawo katã akpɔe adze si keŋ be yewoƒe nufiala la koe dze be wòafia mɔ sukuviawo. Ekema ne nufialaa va nyã aglãdzela ɖesiaɖe ɖa le sukuxɔa me le ema megbe la, woase nusitae la gɔme. Nenema ke Yehowa nyae be aɖe vi na amegbetɔ dzianukwaretɔwo katã kple mawudɔlawo siaa ne wokpɔe be Satana kple ehati aglãdzelawo do kpo nu eye be amegbetɔwo mate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o. Ekema abe Yeremya si nɔ anyi le blema ene la, woava kpɔ nyateƒenya vevi sia adze sii be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

 NUKATAE ETEƑE DIDI ALEA?

15, 16. (a) Nukata Yehowa ɖe mɔ fukpekpe li ɣeyiɣi didi sia gbegbe? (b) Nukatae Yehowa mexe mɔ ɖe nuwo, abe nuvlowɔwɔ dziŋɔwo ene, nu o?

15 Gake nukatae Yehowa ɖe mɔ fukpekpe li ɣeyiɣi didi sia gbegbe? Eye nukatae mexea mɔ ɖe nu vɔ̃ɖiwo ƒe dzɔdzɔ nu o? Enyo, wò ya bu nu eve siwo nufiala si le míaƒe kpɔɖeŋua me mawɔ o ŋu kpɔ. Gbã, maxe mɔ ɖe sukuvi dzeaglã la nu ne ele eƒe mɔnua me ɖem o. Evelia, nufialaa makpe ɖe aglãdzelaa ŋu ne ele eƒe mɔnua tem kpɔ o. Azɔ bu nu eve siwo Yehowa hã ɖo be yemawɔ o ŋu kpɔ. Gbã, mexe mɔ ɖe Satana kple amesiwo le eƒe akpa dzi nu esi wole agbagba dzem be yewoaɖee afia be yewoƒe nyae nye nyateƒe o. Eyata eva hiã be wòaɖe mɔ na wo ɣeyiɣi aɖe. Le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la, ameƒomea te wo ɖokui dzi ɖuɖu, alo te amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu, ƒe mɔnu ƒomevi vovovowo kpɔ. Amegbetɔwo nya wɔ ŋgɔyiyi aɖewo le dzɔdzɔmeŋutinunya kple nutovɛ aɖewo me ya, gake ɖeko madzɔmadzɔnyenye, hiãkame, nuvlowɔwɔ, kple aʋawɔwɔ nu le sesẽm ɖe edzi. Edze ƒã be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu do kpo nu.

16 Evelia, Yehowa mele asi kpem ɖe Satana ŋu le xexe sia dzi ɖuɖu me o. Le kpɔɖeŋu me, ne Mawu xe mɔ ɖe nuvlowɔwɔ dziŋɔwo nu la, ɖe ema mafia be ele asi kpem ɖe aglãdzelaawo ŋu be woaɖo kpe woƒe mɔnua dzi oa? Ne Mawu de asi eme la, ɖe ema mana amewo nasusui be ɖewohĩ amegbetɔwo ate ŋu aɖu wo ɖokui dzi afɔkuwo manɔmee oa? Ne ɖe Yehowa wɔ nu alea la, anye ne ava nɔ woƒe alakpanyaa dzi dem. Evɔ “Mawu mate ŋu aka aʋatso . . . o.”—Hebritɔwo 6:18.

17, 18. Nukae Yehowa awɔ tso nu gbegblẽ siwo katã do tso amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kple Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me ŋu?

17 Ke nusiwo gbegbe gblẽ le ɣeyiɣi didi siwo katã wotsɔ dze aglã ɖe Mawu ŋu me ya ɖe? Ele be míaɖo ŋku edzi nyuie be Yehowae nye ŋusẽkatãtɔ la. Eyata ate ŋu aɖe nusiwo gbɔ amegbetɔwo ƒe fukpekpe tso la ɖa eye aɖe wo ɖa hã. Abe alesi  míesrɔ̃e va yi ene la, woaɖɔ alesi gbegbe wogblẽ nu le anyigba la ŋui ɖo ne wotrɔ xexeame wòzu Paradiso. To Yesu ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse me la, woaɖe nusiwo katã nuvɔ̃ he vɛ la ɖa, eye woaɖɔ nusiwo katã ku gblẽ hã ɖo to amewo fɔfɔ ɖe tsitre me. Aleae Mawu azã Yesu ‘wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo mee.’ (Yohanes I, 3:8) Ɣeyiɣi si sɔ tututu dzie Yehowa awɔ nusiawo katã. Ele be wòadzɔ dzi na mí be metso kaba akpa o, elabena eƒe dzigbɔgbɔ blewu na mɔnukpɔkpɔ va su mía si be míatsɔ asrɔ̃ nu tso nyateƒea ŋu ahasubɔe. (Petro II, 3:9, 10) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu le amesiwo asubɔe le anukware me la dim eye wòle kpekpem ɖe wo ŋu be woanɔ te ɖe fukpekpe ɖesiaɖe si ate ŋu ava wo dzi le xexe gblẽku sia me la nu.—Yohanes 4:23; Korintotɔwo I, 10:13.

18 Ame aɖewo abia be, Ðe womaxe mɔ ɖe fukpekpe siawo katã nu hafi ne ɖe Mawu wɔ Adam kple Xawa ale be womate ŋu adze aglã kura oa? Be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia la, ele be nàɖo ŋku nunana xɔasi aɖe si Yehowa na wò la dzi.

ALEKE NÀWƆ NUNANA SI MAWU TSƆ NA WÒ LA ŊUDƆE?

Mawu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le fukpekpe me

19. Nunana xɔasi kae Yehowa na mí, eye nukata wòle be míade asixɔxɔ eŋu?

19 Míede dzesii le Ta 5 lia me be wowɔ amegbetɔwo hetsɔ tiatiawɔblɔɖe na wo. Ènya alesi gbegbe nunana sia xɔ asiia? Mawu wɔ lã ƒomevi vovovo gbogbo aɖewo, eye seselelãme nu koŋue wowɔa nu ɖo. (Lododowo 30:24) Amegbetɔwo te ŋu wɔ mɔ̃ aɖewo siwo ŋu wotrɔ asi le be woawɔ nusianu si wode wo me be woawɔ. Ðe wòadzɔ dzi na mí ne nenemae Mawu wɔ mía?  Ao, enye dzidzɔ na mí be wona ablɔɖe mí be míawɔ tiatia le amesi ƒomevi míedi be míava zu, agbe si ƒomevi míedi be míanɔ, xɔlɔ̃ siwo míedi be míadze, kple bubuawo ŋu. Edzɔa dzi na mí be ablɔɖe aɖe sinu nasu mía si, eye esia ƒe vivi ye Mawu di be míase.

20, 21. Aleke míawɔ tiatiawɔblɔɖe ƒe nunana la ŋudɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu, eye nukata wòle be míadi be míawɔe nenema?

20 Yehowa medi be woatsɔ dzizizi asubɔ ye o. (Korintotɔwo II, 9:7) Le kpɔɖeŋu me: Kae adzɔ dzi na dzila wu—ne ɖevi aɖe gblɔ tso dzime be “akpe na wò” alo ne wogblɔ nɛ be wòada akpe hafi wògblɔe? Eyata biabia vevitɔe nye, Aleke nàzã tiatiawɔblɔɖe si Yehowa na wò lae? Satana, Adam, kple Xawa wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽtɔ nu. Wogbe Yehowa Mawu. Ke nukae wò ya nàwɔ?

21 Mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na wò be nàwɔ tiatiawɔblɔɖe ƒe nunana nyui la ŋudɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Àte ŋu ava wɔ ɖeka kple ame miliɔn geɖe siwo tiae be yewoanɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Wonaa Mawu kpɔa dzidzɔ elabena wole akpa vevi aɖe wɔm be woaɖee afia be aʋatsokalae Satana nye eye wònye dziɖula si do kpo nu keŋkeŋ. (Lododowo 27:11) Wò hã àte ŋu aɖee afia ne èwɔ tiatia nyuitɔ le agbe me. Woaɖe alesi nàwɔ esiae me le ta si kplɔ esia ɖo me.