Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 7

Ewɔ Na Wò Kpɔ Be Ye Ðeɖe Yetsi Anyia?

Ewɔ Na Wò Kpɔ Be Ye Ðeɖe Yetsi Anyia?

Kpɔ ɖevi sue ma le nɔnɔmetataa me ɖa. Edze abe wogblẽe ɖi eye wòle vɔvɔ̃m ene. Nenemae? Ðe wòwɔ na wò nenema kpɔa?​— Ewɔna na mí katã nenema ɣeaɖewoɣi. Biblia ƒo nu tso Yehowa xɔlɔ̃ aɖewo siwo wòwɔ na be wogblẽ yewo ɖeɖe ɖi eye vɔvɔ̃ ɖo wo la ŋu. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Eliya. Na míasrɔ̃ nu tso eŋu.

Izebel di be yeawu Eliya

Eliya nɔ anyi le Israel gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi wova dzi Yesu. Israel-fia Axab gbe be yemasubɔ Mawu vavã Yehowa o. Axab kple srɔ̃a Izebel nɔ alakpamawu Baal subɔm. Eya ta Israel-vi gbogbo aɖewo hã va nɔ Baal subɔm. Fianyɔnu Izebel ɖoe koŋ be yeawu Eliya kple ame siwo katã subɔa Yehowa. Ènya nu si Eliya wɔa?​—

Eliya si dzo! Eyi teƒe didi aɖe le gbedadaƒo eye wòva be ɖe agado aɖe me. Nu ka tae Eliya va be ɖe afi ma?​— Nyateƒee, enɔ vɔvɔ̃m. Gake mele be Eliya navɔ̃ hafi o. Nu ka tae? Elabena enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu. Yehowa na Eliya kpɔ ale si gbegbe ŋusẽ le esi la va yi. Gbe ɖeka la, Yehowa na dzo ge tso dziƒo esi Eliya do gbe ɖa nɛ. Eya ta Yehowa agate ŋu akpe ɖe Eliya ŋu fifia hã!

Aleke Yehowa kpe ɖe Eliya ŋui?

Esi Eliya nɔ agadoa me la, Yehowa biae be: ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia?’ Eliya ɖo eŋu be: ‘Nye ɖeka koe gakpɔtɔ le subɔwòm. Nye ɖeka koe tsi anyi, eye mele vɔvɔ̃m be woawum.’ Eliya susu be wowu Yehowa subɔla susɔeawo katã. Gake Yehowa gblɔ na Eliya be: ‘Gbeɖe, menye nyateƒee o. Ame 7,000 li siwo gale subɔyem. Mègavɔ̃ o. Dɔ geɖe li nàwɔ nam!’ Èsusu be nya sia do dzidzɔ na Eliya?​—

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Eliya dzi la me?​— Mele be wòawɔ na wò be wogblẽ ye ɖeka ɖi eye vɔvɔ̃ naɖo wò o. Xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ wò eye wolɔ̃ Yehowa hã le asiwò. Gakpe ɖe eŋu la, ŋusẽ gã aɖe le Yehowa si, eya ta akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi! Ðe dzi medzɔ wò be womegblẽ wò ɖi kura oa?​—

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME