Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 2

Rebeka Di Be Yeana Yehowa Nakpɔ Dzidzɔ

Rebeka Di Be Yeana Yehowa Nakpɔ Dzidzɔ

Rebeka nye nyɔnu si lɔ̃ Yehowa. Srɔ̃a ŋkɔe nye Isak. Isak hã lɔ̃ Yehowa. Aleke Rebeka kple Isak wɔ do go? Nu kae Rebeka wɔ tsɔ do dzidzɔ na Yehowa? Na míasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.

Isak fofoe nye Abraham, eye dadaa ŋkɔe nye Sara. Wonɔ Kanaan. Kanaantɔwo mesubɔa Yehowa o. Gake Abraham di be ye vi naɖe nyɔnu si subɔa Yehowa. Eya ta edɔ eƒe subɔvi ɖe du si woyɔna be Xaran la me be wòaɖe srɔ̃ na ye vi Isak. Anɔ eme kokoko be Eliezer ye Abraham dɔ. Xaran nye du si me Abraham ƒe ƒometɔ aɖewo nɔ.

Rebeka lɔ̃ be yeaku tsi na kposɔ gbogboawo woano

Abraham ƒe subɔvi bubuwo hã kplɔ Eliezer ɖo yi. Teƒe si woyi la didi ŋutɔ. Wokplɔ kposɔ ewo ɖe asi, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunanawo ɖe kposɔawo dzi yii. Aleke Eliezer awɔ anya nyɔnu si wòaɖe na Isak? Esi Eliezer kple subɔvi bubuawo va ɖo Xaran la, wova tɔ ɖe vudo aɖe to. Eliezer nya be eteƒe madidi o amewo ava ku tsi le vudoa me. Edo gbe ɖa na Yehowa be: ‘Ne nyɔnuvi aɖe va tsi ku ge, si magblɔ na be na tsim mano, eye wòana tsi nye ŋutɔ kple nye kposɔawo la, ke manyae be nyɔnu siae nètia.’

Eteƒe medidi o, ɖetugbui Rebeka ye nye ema va tsi ku ge. Biblia gblɔ be Rebeka dze tugbe ŋutɔ. Eliezer biae be wòana tsi vi aɖe ye yeano. Eye nyɔnuvia gblɔ be: ‘Mana tsi wò nàno eye makui na wò kposɔwo hã woano.’ Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Kposɔ siwo tsikɔ le wuwum noa tsi gbogbo ŋutɔ. Eya ta ele be Rebeka nanɔ tsia kum anɔ kum na wo. Ðe mèkpɔe le nɔnɔmetata me be ele dɔ dzi vevie oa?​— Ewɔ nuku na Eliezer ŋutɔ be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu na ye alea.

Eliezer tsɔ nunana nyui geɖewo na Rebeka. Ekplɔ Eliezer kple subɔvi bubuawo yi aƒe me. Eliezer gblɔ nu si tae Abraham dɔe ɖe du sia me ɖo kple ale si Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖa ŋui na wo. Edzɔ dzi na Rebeka ƒe ƒometɔwo be yewoatsɔe ana Isak wòaɖe.

Rebeka kplɔ Eliezer ɖo yi Kanaan eye wòzu Isak srɔ̃

Gake èsusu be Rebeka di be yeaɖe Isak nyateƒea?​— Rebeka nya be Yehowae dɔ Eliezer ɖe yewo gbɔ. Eya ta esi Rebeka ƒe ƒometɔwo biae be adi be yeayi Kanaan azu Isak srɔ̃ hã la, eɖo eŋu be: ‘Ɛ̃, mayi.’ Ekplɔ Eliezer ɖo enumake. Esi wova ɖo Kanaan la, Isak ɖee wòzu srɔ̃a.

Esi Rebeka wɔ nu si Yehowa di be newɔ ta la, Yehowa yrae. Ƒe geɖe megbe la, wova dzi Yesu ɖe Rebeka ƒe ƒomea me. Ne èna dzi dzɔ Yehowa la, ayra wò hã.

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME