Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 13

Timoteo Kpe Ðe Amewo Ŋu

Timoteo Kpe Ðe Amewo Ŋu

Timoteo nye ɖekakpuivi aɖe si wònyea dzidzɔ na be yeakpe ɖe amewo ŋu. Ezɔ mɔ yi teƒe geɖewo va kpe ɖe amewo ŋu. Esia na be wòkpɔa dzidzɔ. Àdi be yease nu geɖe tso eŋua?​—

Timoteo mama kple dadaa fia nui tso Yehowa ŋu

Du si woyɔna be Listra mee Timoteo nɔ tsi. Esi wònye ɖevi sue la, mamaa Loide kple dadaa Eunike fiaa nui tso Yehowa ŋu. Esi Timoteo nɔ tsitsim la, edi be yeakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

Esime Timoteo nye ɖekakpuivi la, Paulo biae be alɔ̃ akplɔ ye ɖo yewoayi ava ɖe gbeƒã le teƒe bubuwo mahã. Timoteo ɖo eŋu be: ‘Ɛ̃!’ Timoteo di vevie be yeayi ava kpe ɖe amewo ŋu.

Timoteo kplɔ Paulo ɖo yi Tesalonika si nye Makedonia-du aɖe me. Wozɔ mɔ didi aɖe va ɖo tɔdziʋu hafi te ŋu va ɖo Tesalonika. Esi wova ɖo dua me la, wokpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wova nya nu tso Yehowa ŋu. Gake ame aɖewo ya do dziku ɖe wo ŋu eye wodi be yewoawɔ nu vevi wo. Eya ta Paulo kple Timoteo dzo le du ma me yi du bubuwo me, eye woɖe gbeƒã le du mawo me.

Timoteo kpɔ dzidzɔ le agbe me

Le ɣleti aɖewo megbe la, Paulo dɔ Timoteo be wòatrɔ ayi Tesalonika ne wòakpɔ ɖa be nɔviawo li nyuie hã. Ehiã be dzi nanɔ Timoteo ƒo ŋutɔ hafi wòate ŋu atrɔ yi du ma me, elabe dua me tɔ aɖewo di be yewoawɔ nu vevi wo tsã. Gake Timoteo trɔ yi elabena edi vevie be yeakpɔ nɔvi siwo le du ma me. Etrɔ gbɔ va Paulo gbɔ kple dzidzɔnya aɖe. Eyae nye be nɔvi siwo le Tesalonika la li nyuie.

Timoteo wɔ dɔ kple Paulo ƒe gbogbo aɖewo. Paulo ŋlɔ nu tso Timoteo ŋu kpɔ be eyae nye ame nyuitɔ si yeate ŋu adɔ be wòakpe ɖe hamewo ŋu. Timoteo lɔ̃ Yehowa kple amewo.

Ðe nèlɔ̃ amewo eye nèdina be yeakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋua?​— Ne nenemae la, ekema àte ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me abe ale si wònɔ na Timoteo ene!