Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 44

Yesu Tsi Ahom Nu Le Ƒu Dzi

Yesu Tsi Ahom Nu Le Ƒu Dzi

MATEO 8:18, 23-27 MARKO 4:35-41 LUKA 8:22-25

  • YESU TSI AHOM NU LE GALILEA-ƑUA DZI

Yesu wɔ dɔ geɖe le ŋkekea me eye ɖeɖi te eŋu. Esi fiẽsi ɖo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yewoadzo le Kapernaum nutoa me ayi “go kemɛ dzi.”—Marko 4:35.

Ƒutanuto aɖe le Galilea-ƒua ƒe go kemɛ dzi le ɣedzeƒe gome si woyɔna be Gerasa. Wogayɔa nuto sia be Dekapoli. Dugã siwo le Dekapoli nutoa me la nye teƒe si Helatɔwo ƒe dekɔnuwo bɔ ɖo, togbɔ be Yudatɔ geɖe le afi ma hã.

Amewo kpɔ Yesu esime wònɔ dzodzom le Kapernaum. Tɔdziʋu bubuwo hã kpe ɖe wo ŋu woɖo ta ƒua ƒe gome kemɛ dzi. (Marko 4:36) Le nyateƒe me la, go kemɛa gbɔ medidi boo o. Galilea-ƒua nye ta gã aɖe si ƒe didime nye kilometa 21 eye eƒe akpa si keke wu la nye kilometa 12. Ke hã, egoglo.

Togbɔ be Yesu de blibo hã la, eme kɔ be ɖeɖi te eŋu le dɔ geɖe si wòwɔ la ta. Eya ta esi wodze mɔ la, emlɔ ʋua ƒe megbe lɔƒo eye wòziɔ suɖui hedɔ alɔ̃.

Apostoloawo dometɔ geɖe nye tɔdɔwɔla siwo nya ʋukuku nyuie, gake mɔzɔzɔ sia ya manɔ bɔbɔe na wo o. Towo ƒo xlã Galilea-ƒua eye yame xɔa dzo le tsia dzi zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ya fafɛ si le toawo dzi la ƒona va kpea ya xɔdzo si le tsia dzi, si wɔnɛ be ahom sesẽwo tea ŋu tuna zi ɖeka le vome le tsia dzi. Nu siae le dzɔdzɔm fifia. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ƒutsotsoeawo va le ʋua lɔm sesĩe o. “Tsi de asi tɔdziʋu la yɔyɔ me, eye woƒe agbe ɖo afɔku me.” (Luka 8:23) Gake Yesu gale alɔ̃ me!

Tɔƒodela mawo siwo ku ʋu to ahomwo me kpɔ la nɔ kutri kum vevie be yewoaku ʋua. Gake fifia ya eglo wo. Esi wonɔ vɔvɔ̃m be yewoava ku ta la, wonyɔ Yesu hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mí, míeku vɔ!” (Mateo 8:25) Nusrɔ̃lawo nɔ vɔvɔ̃m azɔ be yewoanyrɔ!

Esi Yesu nyɔ la, egblɔ na apostoloawo be: “Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?” (Mateo 8:26) Azɔ Yesu ɖe gbe na ya kple ƒua be: “Zi ɖoɖoe! Dze akɔ anyi!” (Marko 4:39) Ahom la dzudzɔ tutu eye ƒua ƒe agbodzedze hã tɔ. (Marko kple Luka ƒe nuŋlɔɖia hã ƒo nu tso nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ŋu, gake wohe susu yi ale si Yesu na ahom la dzudzɔ tutu dzi gbã, eyome woƒo nu tso xɔse ʋɛ si nɔ nusrɔ̃lawo si la ŋu.)

Bu dɔ si esia wɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi ŋu kpɔ! Fifi laa koe wokpɔe ƒua dze agbo, ko kasia ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ. Vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Yaƒoƒo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.” Mlɔeba wova ɖo ƒua ƒe go kemɛ dzi dedie. (Marko 4:41–5:1) Ðewohĩ tɔdziʋu bubu siwo dze mɔ kpli wo la te ŋu gbugbɔ yi go dzi le afi si wodze mɔ tso, le ɣetoɖoƒe.

Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be Mawu ƒe Vi la kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi! Ne etrɔ eƒe susu ɖe míaƒe anyigba la ŋu bliboe le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la, ame sia ame anɔ dedie, elabena dzɔdzɔmefɔku dziŋɔwo maganɔ anyi o!