DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE
NUSƆSRƆ̃ 6
Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖe Gbeƒã
Nya si Biblia gblɔ: “Dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi.”—1 Tes. 2:2.
Ale Si Yesu Wɔe
1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Luka 19:1-7. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:
Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?
2. Ehiã be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia na ame sia ame.
Srɔ̃ Yesu
3. Na Yehowa nakpe ɖe ŋuwò. Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Yesu ŋu wòɖe gbeƒã, eye ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò. (Mat. 10:19, 20; Luka 4:18) Bia Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò nàɖe gbeƒã na ame siwo nèvɔ̃na na.—Dɔw. 4:29.
4. Mègasusui be ame sia ya maɖo to o. Ɣeaɖewoɣi ne míekpɔ ame aɖe ƒe dzedzeme, ale si ga le esi, agbe si wònɔna alo subɔsubɔha si me wòlea, ewɔna na mí be ame sia maɖo to o, eya ta mímedina be míate ɖe eŋu aɖe gbeƒã nɛ o. Gake ɖo ŋku edzi be:
5. Dzi nenɔ ƒowò, gake dze aye. (Mat. 10:16) Mèganɔ nya hem kple amewo o. Ne amea medi be yeaɖo to o, alo nèkpɔe be yemele dedie le egbɔ oa, dzudzɔ dzeɖoɖoa eye nàdzo kpoo.—Lod. 17:14.