Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 13

Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa

Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa

Lododowo 3:21

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ ale si nyatia aɖe vi na woe, eye nàfia wo ale si woawɔ nu si srɔ̃m wole la ŋu dɔ.

ALE SI NÀWƆE:

  • Bu wò nyaselawo ŋu. De ŋugble le nu si tae wòhiã be wò nyaselawo nase nya si gblɔ ge nàla la ŋu, eye nàde dzesi nyatia ƒe akpa si aɖe vi na wo wu.

  • Le wò nuƒoa alo dɔdeasi bliboa me la, na wò nyaselawo nakpɔ nu si wòle be woawɔ. Tso gɔmedzedzea ke la, na nyasela ɖe sia ɖe nase le eɖokui me be nyaa ka ye. Ne èle nya veviawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, fia wo ale si woawɔ eŋu dɔe. Mègagblɔ nyawo gbadzaa ko o, gblɔ nu si tututu wòle be woawɔ.