5 Mose 29:1-29

  • Wobla nu kple Israel le Moab (1-13)

  • Nuxɔxlɔ̃ tso tomaɖomaɖo ŋu (14-29)

    • Nu siwo le ɣaɣla, nu siwo woɖe ɖe go (29)

29  Esiawoe nye nubabla ƒe nya, siwo Yehowa de se na Mose be wòagblɔ na Israel-viwo le Moab-nyigba dzi hekpe ɖe nu, si wòbla kpli wo le Horeb la ŋu.+  Eye Mose yɔ Israel blibo la katã gblɔ na wo be: “Miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao kple eƒe subɔviwo katã kpakple eƒe anyigba blibo la le Egipte-nyigba dzi la teƒe,+  eye miaƒe ŋkuwo kpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ gã, dzesi kple nukunu gã mawo.+  Gake va se ɖe egbe sia la, Yehowa mena dzi mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o.+  ‘Esime mekplɔ mi to gbea dzi ƒe blaene+ la, miaƒe awuwo mevuvu le mia ŋu o, eye miaƒe afɔkpawo mevuvu le afɔ na mi o.+  Mieɖu abolo o, eye mieno wain alo aha muame aɖeke o, ne miadze sii be nyee nye Yehowa mia Mawu.’  Mlɔeba mieva ɖo teƒe sia, eye Hesbon-fia+ Sihon kple Basan-fia+ Og do va kpe aʋa kpli mí, gake míeɖu wo dzi.+  Eye míexɔ woƒe anyigba tsɔ na Ruben viwo, Gad viwo kple Manase viwo ƒe to afã, be wòanye woƒe domenyinu.+  Eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, ale be nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.+ 10  “Mi katã miele tsitre ɖe Yehowa mia Mawu ŋkume egbea, miaƒe toawo ƒe tatɔwo, miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe dzikpɔlawo, Israel ŋutsuwo katã, 11  mia viwo, mia srɔ̃wo+ kple amedzrovi+ siwo le miaƒe asaɖa me, tso miaƒe nakefɔlawo dzi va ɖo tsidulawo dzi. 12  Mieƒo ƒu ɖe afi sia ne miaɖo Yehowa wò Mawu ƒe nubabla kple atam si Yehowa wò Mawu ka na wò egbea la me,+ 13  ne wòaɖo wò egbea nànye eƒe dukɔ,+ eye eya nanye wò Mawu,+ abe ale si wòdo ŋugbe na wò heka atam na tɔgbuiwòwo, Abraham,+ Isak+ kple Yakob+ ene. 14  “Ke menye miawo ɖeɖe koe mele nu sia blam kplii hele atam sia kam na o, 15  ke boŋ ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbea kpli mí le Yehowa mía Mawu ŋkume kple ame siwo mele mía gbɔ le afi sia egbea o la hãe. 16  (Elabena mienya ale si míenɔ Egipte-nyigba dzi kple ale si míeto dukɔ vovovowo domee la nyuie.+ 17  Eye miekpɔ woƒe ŋunyɔnuwo kple woƒe legba nyɔŋu*+ siwo wotsɔ ati kple kpe, klosalo kple sika wɔ, siwo le wo dome la.) 18  Mikpɔ nyuie be ŋutsu alo nyɔnu alo ƒome alo to aɖeke naganɔ mia dome, si ƒe dzi atrɔ le Yehowa mía Mawu la yome egbea, eye wòayi aɖasubɔ dukɔ mawo ƒe mawuwo o;+ ne ke aɖeke naganɔ mia dome, si adze atse ku siwo nye aɖi kple atsa o.+ 19  “Gake ne ame aɖe se atamkanya siawo, evɔ wòƒo adegbe gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Ne meɖoe koŋ wɔ nu si nye dzi di hã, manɔ ŋutifafa me,’ eye wòle nu sia nu* dome gblẽm le eƒe mɔ dzi la, 20  Yehowa matsɔe akee o.+ Ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ abi ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ava edzi,+ eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. 21  Yehowa atɔ ŋkui le Israel-toawo katã dome, eye wòahe vɔ̃ ava edzi le nubabla ƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la nu. 22  “Ne mia viwo ƒe dzidzime siwo ava va emegbe kple amedzro siwo tso anyigba didi aɖe dzi la kpɔ anyigba la ƒe fuwɔame siwo nye dɔléle siwo Yehowa he va edzi, 23  dzokpe kple dze kpakple dzobibi, ale be womate ŋu aƒã naneke ɖe eƒe anyigba blibo la dzi wòamie o, eye gbe aɖeke hã mate ŋu amie ɖe edzi o, abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora,+ Adma kple Zeboyim,+ siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dziku kple eƒe dɔmedzoe me ene la, 24  woawo kple dukɔwo katã abia be, ‘Nu ka tae Yehowa wɔ anyigba sia alea?+ Nu kae he dɔmedzoe gã sia gbegbe vɛ?’ 25  Ekema woaɖo eŋu be, ‘Esi wogblẽ Yehowa wo tɔgbuiwo ƒe Mawu ƒe nu, si wòbla+ kpli wo esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi tae.+ 26  Woyi ɖasubɔ mawu bubuwo, eye wode ta agu na wo, mawu siwo womenya o, siwo ŋu meɖe mɔ le na wo be woade ta agu na o.*+ 27  Eya tae Yehowa do dɔmedzoe ɖe anyigba ma ŋu vevie, eye wòhe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la va wo dzi ɖo.+ 28  Ale Yehowa ho wo le woƒe anyigba la dzi le dziku+ kple adã kpakple dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wònya wo ɖo ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole egbe sia.’+ 29  “Nu siwo le ɣaɣla la nye Yehowa mía Mawu tɔ,+ ke nu siwo woɖe ɖe go la nye mía kple míaƒe dzidzimeviwo tɔ tegbee, ne míawɔ Se sia me nyawo katã dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wòle ame si tsi ɖi kɔ na kple ame si tsikɔ le wuwum siaa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “siwo metsɔ na wo o.”