Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dzilawo​—Mifia Mia Viwo Ale Si Woana Mawu Nakpɔ Dzidzɔ

Dzilawo​—Mifia Mia Viwo Ale Si Woana Mawu Nakpɔ Dzidzɔ

Ðeviwo xɔ asi na Yehowa ŋutɔ. Edea dzesi woƒe lɔlɔ̃, xɔse kple dzidodo. (1Sa 2:26; Lk 2:52) Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ne wonɔa agbe nyui. (Lod 27:11) Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi na dɔwɔnu nyuiwo dzilawo be wòakpe ɖe wo ŋu woafia nu wo viwo woava lɔ̃ Yehowa eye woaɖo toe.

MIKPƆ VIDEO SI NYE SƆHƐWO—MIAƑE DZIDODO DOA DZIDZƆ NA YEHOWA! EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke Yehowa yi edzi le kpekpem ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo ŋu hele mɔ fiam wo?

  • Dɔwɔnu kawoe li fifia siwo dzilawo ate ŋu azã atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu?

  • Ne ènye ɖevi alo sɔhɛa, dɔwɔnu siwo Yehowa na kae ɖe vi na wò, eye nu ka tae?