Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Me Léle Ðe Asi le Dzizizidziɖuɖu ƒe Ameteteɖeanyi Te

Xɔse Me Léle Ðe Asi le Dzizizidziɖuɖu ƒe Ameteteɖeanyi Te

Xɔse Me Léle Ðe Asi le Dzizizidziɖuɖu ƒe Ameteteɖeanyi Te

ABE ALESI MICHAEL DASEVICH GBLƆE ENE

“Esime míenɔ Germany la, ɖe míedaa tu Yehowa Ðasefowo.” Adzamekpovitɔa fia asi tu si le dzogoea dzi hebia be: “Èle tu kemɛ ɖa kpɔma? Mate ŋu atsɔ yi si le enu atɔ wò eye nye dzitsinya maɖe fu nam kura o.”

Ƒe 15 koe mexɔ esime medze ŋgɔ Nazitɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe mía denyigba dzi ƒe ŋɔdzidoname sia le ƒe 1942 me.

WODZIM le November 1926 me le kɔƒedu sue aɖe si gogo Stanislav (si woyɔna fifia be Ivano-Frankivs’k), si nye Poland ƒe akpa aɖe ɣemaɣi me. Le Xexemeʋa II wɔɣi, si nye tso September 1939 vaseɖe May 1945 me la, Soviet Union tɔwo ƒe ŋusẽ tee míaƒe nutoa va nɔ gbã, emegbe Germanytɔwo hã va nɔe sẽ, eye mlɔeba Soviettɔwo gava xɔe ake. Eva zu Ukrainetɔwo ƒe Soviet Socialist Republic ƒe akpa aɖe le aʋa la ƒe keke vɔ megbe, eye esi Soviet Union megava li o le ƒe 1991 me la, eva zu Ukraine ƒe akpa aɖe.

Fofonye si nye Polandtɔ kple danye si nye Belorussiatɔ siaa nye Greece Katoliko-ha me tɔwo. Gake le ƒe 1939 me la, nyɔnu eve siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me tɔwo nye ame 30 le kɔƒedu si nye Horyhliady si medidi tso mía gbɔ o me na agbalẽvi si nye Universal War Near (Xexeame Katã ƒe Aʋa Gogo) la mí. Eƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo teƒe menɔ kpɔkpɔm ŋu. Eyata esi agbalẽvia bia be, “Nuka tututue na dukɔwo le du dzi ɖe aʋawɔwɔ ŋu?” la, melé ŋku ɖe Biblia me numeɖeɖe si wòna la ŋu nyuie.

Menye aʋawɔwɔ koe nye míaƒe kuxi le Ukraine o. Dɔ gã aɖe hã to. Soviet Dukplɔla Joseph Stalin ƒe ɖoɖowo wɔe be wonyã amewo akpasesẽe yi ɖe Russia. Fukpekpe siwo teƒe mekpɔ na be medzro Biblia me tsitotsito. Mebia tso Ðasefo aɖe si le Horyhliady si be wòasrɔ̃ Biblia kplim.

Dniester Tɔsisi tso míaƒe kɔƒedu si nye Odajiv kple Horyhliady dome, eye metsɔa tɔdziʋu sue tsoa tɔsisi sia zi geɖe le kwasiɖa me va srɔ̃a Biblia. Le August 1941 me la, mía kple nɔvinyenyɔnu Anna míexɔ nyɔnyrɔ le tɔsisi ma me hekpe ɖe ame eve bubu ŋu.

Adzamekpovitɔa Bia Gbem Nyuie

Germanytɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe míaƒe nutoa dzi dze egɔme le ƒe 1941 me, eye togbɔ be wotsɔa tohehe doa ŋɔdzi na mí ɣesiaɣi hã la, míedzudzɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔna o. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, medze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye gasɔe mezãna. Esia megbe teti ye meva ge ɖe Germany Adzamekpovitɔ si ŋu meƒo nu tsoe le ŋgɔdonyaa me la si me. Nusi dzɔ enye si.

Gbeɖeka esi metso subɔsubɔdɔa wɔƒe gbɔna la, meva srã hati Kristotɔ eve kpɔ, wonye vidada aɖe kple vianyɔnu. Vianyɔnu sia srɔ̃ŋutsu tsi tre ɖe míaƒe subɔsubɔhaa ŋu eye wònɔ didim vevie be yeanya afisi ye srɔ̃ xɔa eƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsoe. Gbemagbe la, menye agbalẽwo koe metsɔ ɖe asi o ke metsɔ hati Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubuwo hã ɖe asi. Srɔ̃aŋutsu kpɔm menɔ dodom le aƒea me.

Edo ɣli be, “Tɔ!” Enumake melé nye akploa sesĩe eye mede afɔ du me.

Edo aƒa be, “Fiafitɔ! Tɔ te!” Agbledɔwɔlawo bui be nanee mefi, eyata wotso mɔ nam metɔ. Ŋutsua kplɔm yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe, eye Adzamekpovitɔ aɖe nɔ afima.

Esi adzamekpovitɔa kpɔ agbalẽawo le nye akplo me la, edo ɣli le Germanygbe me be: “Rutherford! Rutherford!” Nyemehiã gbegɔmeɖela hafi anya nusi ku dzi nɛ wòdo ɣlia o. Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla tsã, ƒe ŋkɔ nɔ agbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo tana ƒe axa si agbalẽa ƒe ŋkɔ nɔna. Ŋutsua tso nunye be meva le ye srɔ̃ xɔm. Kpovitɔa kple Adzamekpovitɔa kpɔ be susu mele nya sia me o, elabena srɔ̃a tsi ate ŋu anye danye. Eye wodze gbe biabiam gɔme.

Wodi be yewoanya amesi menye kple afisi metso, eye vevietɔ afisi mexɔ agbalẽawo tsoe. Gake megbe egbɔgblɔ na wo. Woƒom eye woɖu fewu le ŋunye, emegbe wotum ɖe xɔgɔmenudzraɖoxɔ aɖe me. Wobia gbem le ŋkeke etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Emegbe wokplɔm yi Adzamekpovitɔa ƒe ɔfis, afimae wòdo ŋɔdzi nam le be yeatsɔ yi si le yeƒe tu nu atɔm. Gbã la, nyemenya ne ele eƒe nyaa dzi wɔ ge alo mele edzi wɔ ge o. Mede ta to, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋ le nusi wɔ nam abe ɣeyiɣi didi aɖe ene me. Emegbe egblɔ adãtɔe be: “Dzo yi.”

Abe alesi nàkpɔe ene la, gbeƒãɖeɖe le ɣemaɣi sesẽ na mí ŋutɔ, gake nenema ke nye míaƒe kpekpewo wɔwɔ hã. Míeɖu ƒe sia ƒe Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le April 19, 1943, dzi, eye míezã xɔ eve le aƒe aɖe me le Horyhliady. (Luka 22:19) Esi míebe miadze kpekpea gɔme la, ɣli aɖe ɖi be kpovitɔwo gbɔna aƒea me. Mía dometɔ aɖewo míebe ɖe abɔ si le aƒea ŋu me, eye nɔvinyenyɔnu Anna kple nyɔnu etɔ̃ bubuwo va be ɖe xɔgɔmexɔa me. Kpovitɔawo ke ɖe wo ŋu le afima eye wohe wo do go ɖekaɖekae bia gbe wo. Wowɔ fu wo gaƒoƒo geɖe, eye wode abi wo dometɔ ɖeka ŋu vevie.

Tɔtrɔwo Va le Xexeame Katã

Le ƒe 1944 ƒe dzomeŋɔli la, Germanytɔwo trɔ dzo eye Soviettɔwo gagbɔ va míaƒe nutoa me. Mí Yehowa subɔlawo míekpɔtɔ lé Biblia me gɔmeɖose siwo nu míenɔ agbe ɖo le Nazitɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziɣia ke me ɖe asi. Míegbe gomekpɔkpɔ le asrafodɔ alo dunyahenuwɔna ɖesiaɖe me. Medidi o wodo míaƒe Biblia me gɔmeɖosewo me léle ɖe asi kpɔ.—Yesaya 2:4; Mateo 26:52; Yohanes 17:14.

Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Soviettɔwo dze egɔme nɔ ɖekakpuiwo katã dzi zim be woawɔ asrafodɔ. Nuwo va gblẽ ɖe edzi kura, elabena menye Soviettɔwo ɖeɖekoe va nɔ amewo dim na asrafodɔ wɔwɔ o. Ukraine dunyahehadzidelawo hã tsa le nutoa me tsitotsito di ɖekakpuiwo, eye wokplɔ wo yi ave me va fia aʋawɔwɔ wo. Ale wɔ esia he dodokpɔ sesẽ aɖe vɛ na mí Ðasefowo be míaɖe míaƒe akpaɖekedzimademade afia akpa eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu—Soviettɔawo kple dunyahehadzidelaawo.

Ƒuƒoƒo eve siawo va do go le míaƒe kɔƒedua me eye wowu dunyahehadzidela aɖewo ƒu ablɔ si le míaƒe aƒea godo la dzi. Soviet dziɖuɖumegãwo va míaƒe aƒeme be yewoakpɔ ɖa be míedze si ame kukuawo hã. Dziɖuɖumegã siwo va la kplɔm dzoe be woatsɔm akpe ɖe woƒe asrafo siwo nye Poland srafowo ƒe hatsotso aɖe si ɖom wonɔ ŋu. Esi menye Poland-vidzidzi ta la, wodi be yewoatsɔm akpe ɖe wo ŋuti.

Mía kple Ðasefo ene bubuwo míegbe be woagade mí asrafohaa me o, eyata wode mí keteke yi Dnipropetrovs’k, si nye dugã si le ɣedzeƒe gome si gbɔ didi anɔ kilometa 700. Esi míeɖe nu me na wo le afima be le míaƒe Biblia me dzixɔsewo tae míate ŋu awɔ asrafodɔa o vɔ megbe la, wotu mí, eye wonɔ asi trɔm le mía nutsonyawo ŋu. Esi wokplɔ mí yi ʋɔnu la, míese be dumevi dzro si nɔ nyaa me kum nye Yudatɔ. Míeɖe míaƒe dzixɔsewo me tsɔ ʋli mía ɖokui tae, eye numekulaa lé to ɖe nyaawo ŋu nyuie. Míeƒo nu tso nusiwo me míenya be atsɔ ɖe le ŋu, siwo ƒe ɖee nye alesi wote Israel-viwo ɖe anyi le Egipte kple alesi Mose va ɖe woe.

Le ɣleti siwo katã me ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ míaƒe nyaa me dzrom la, wotsɔ mí kpe ɖe gameme 25 bubuwo ŋu de gaxɔ ɖeka me. Esi gamemeawo se be míegbe be míanye asrafowo la, wodo ɣli be: “Mía nɔviwoe mienye!” Gake eteƒe medidi o míeva kpɔe be menye Ðasefowoe wonye o ke boŋ Baptisttɔwoe. Wolɔ̃ ɖu asrafoa, gake wolé wo le esi wogbe be yewomatsɔ tu o ta.

Le May 1945 me esi míekpɔtɔ nɔ game le Dnipropetrovs’k la, tu ƒe ɖiɖi kple ɣlidodo si tso asrafonɔƒeawo kple ablɔ siwo nɔ egodo dzi na míenyɔ le zã titina. Míedi be míanya ne ʋunyaʋunyawɔwɔ, aʋawɔwɔ, alo aseyetsotso ɣlie. Le ŋufɔke esi míenɔ ŋdinuɖuƒe la, míese gbeƒãɖeɖea tso takoƒea: Be aʋaa ke! Emegbe kpuie la, ʋɔnua ɖe gbeƒã míaƒe tohehewo. Wohe to ma ke na Baptisttɔawo hã—be míanɔ game ƒe ewo.

Asaɖamegaxɔ me Nɔnɔ le Russia

Woɖo mí ame atɔ̃ siwo nye Ðasefowo ɖe asaɖamegaxɔ me le Russia. Le ketekemɔzɔzɔ kwasiɖa eve megbe la, míeva ɖo Sukhobezvodnoje mlɔeba si nye afisi didi kilometa 400 tso Moscow gbɔ eye wòle Moscow ƒe ɣedzeƒe gome. Sukhobezvodnoje ye nye kluvidɔwɔƒe 32 siwo nɔ ketekemɔdodoa ŋu ƒe dɔwɔƒegã. Gamenɔla akpe geɖe ye nɔ asaɖa ɖesiaɖe me. Le Sukhobezvodnoje nɔnɔ ɣleti ade megbe la, woɖom ɖe Asaɖa 18 lia me. Gamenɔla akpa gãtɔ siwo nɔ afima nye hlɔ̃dolawo alo dunyahehegɔdzelawo.

Amegãwo de atitsodɔ asi na mí, si nye dɔ sesẽ ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ele be míato sno si kɔkɔ ɖo ali la me, alé laxalaxa kple asi atso atiwo, emegbe míahe atiawo to snoa dzi. Mɔnukpɔkpɔ sua asinye zi ɖeka le kwasiɖa me mía kple Ðasefo ene bubu siwo le asaɖaa me míedzroa Biblia me nya aɖewo me le Kwasiɖagbe ne míeɖu ŋdinu vɔ. Woawoe nye kpekpe siwo míewɔna. Míeɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia hã, míeɖui kpɔ zi ɖeka le ƒe aɖe me le tsileƒe. Blackberry me tsi ye míezã wònye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe ʋu, elabena wein menɔa mía si o.

Akogotsitsi va wu tsɔtsɔ nam. Megblɔ nye dzimenyawo na Yehowa, eye wòdo ŋusẽm abe alesi wòdo ŋusẽ nyagblɔɖila Eliya, amesi hã seselelãme sia tɔgbe ɖe fu na la ene. (Fiawo I, 19:14, 18) Mawu kpe ɖe ŋunye mekpɔe be míetsi akogo o. Le nyateƒe me la, sɔti sesẽ likee wònye nam le agbe me, enɔ nam nenema le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me.

Ðasefo ʋɛ aɖewo nɔ asaɖa siwo te ɖe Sukhobezvodnoje ŋu dometɔ ɖesiaɖe me, eye míete ŋu doa ka kpli wo ɣeaɖewoɣi to Ðasefo aɖe si ƒe dɔwɔna ɖe mɔ nɛ wòyia asaɖaawo katã me dzi. Ezu míaƒe dɔtsɔla si ɣlaa agbalẽwo tsɔ gena ɖe asaɖa ɖeka me gaxɔnɛ yina bubu me. Esia wɔe be agbalẽ ʋɛ siwo nɔ mía si ɖe vi na mí katã. Aleke gbegbe esia de dzi ƒo na míi enye si!

Megatrɔ Va Ukraine Ake

Esi dziɖuɖua ɖe gbeƒã tsɔtsɔke na agɔdzelawo ta la, woɖe nye tohehea dzi tso ƒe ewo va atɔ̃. Ale wɔ le April 1950 me la, woɖe asi le ŋunye metrɔ va mía de hamea me le Horyhliady. Mɔxexe ɖe míaƒe dɔa nu le Ukraine gakpɔtɔ nɔ anyi ɣemaɣi kokoko, eye gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me nye afɔku gã ŋutɔ. Gake nenema ke fetu si le eme hã loloe.

Esi megbɔ medidi o la, meƒo nu na ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kozak, si le Zhabokruky si nye kɔƒedu si didi abe kilometa 20 ene tso mía de gbɔ me. Mebia alesi eya kple eƒe ƒomea le te nɔm ɖe agbenɔnɔ ƒe sesẽ nui. Menya alesi dziɖuɖu ƒe agbledɔwɔlawo tsia dzimaɖi ɖe woƒe nunyiame kpɔkpɔ ŋui, eyata menya be biabia ma tɔgbe nye mɔ nyui si dzi woato adze dzeɖoɖo gɔme. Meɖe nu me nɛ be Biblia gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave eye aʋawɔwɔ ayi edzi le míaƒe ɣeyiɣia me. (Mateo 24:3-14) Edi be yeaganya nu geɖe. Eyata megava srãe kpɔ ake. Mezɔ mɔ si ƒe didime anye kilometa 40 lɔƒo tso mía gbɔ yia Zhabokruky gagbɔna kwasiɖa sia kwasiɖa va srɔ̃a Biblia kple Kozak ƒe ƒomea. Meŋlɔ afɔku si gbegbe le esia wɔwɔ me, kple ɣeyiɣi gbogbo si wòxɔna la be esime Kozak ƒomea xɔ nyɔnyrɔ le August 1950 me.

Le Kozak ƒomea ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe kpuie ko la, wokplɔ wo hekpe ɖe Ðasefo akpe geɖe ŋu yi aboyo mee. Ðeko asrafowo tsɔ tu va dze wo dzi le vome le April 1951 ƒe gɔmedzedze eye wokplɔ wo yi Siberia—nya aɖeke mabiamabia kple ʋɔnu aɖeke madrɔmadrɔ̃e. Wozi Kozak ƒomea kple xɔ̃nye bubu geɖewo dzi be woatso aƒe ɖe afisia. *

Ðasefowo ƒe ƒome 4 koe wokplɔ dzoe le ƒome 15 siwo nɔ Horyhliady dome. Gake le hame bubuwo me la, Ðasefo siwo wokplɔ dzoe sɔ gbɔ wu ema kura. Aleke wowɔ te ŋu lé ame gbogbo siawo gbegbe? Dziɖuɖumegãwo ŋlɔ Ðasefowo ƒe ŋkɔwo ɖi si wɔe be wote ŋu lé wo dometɔ alesinu dze wo ŋu. Edze abe woŋlɔ ŋkɔawo le ƒe 1950 me esi mekpɔtɔ nɔ game le Russia ene, eyata nye ŋkɔ menɔ eme o. Ɣleti ɖeka do ŋgɔ le March 1951 me la, mía kple Fenia, amesi nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe, míeɖe mía nɔewo. Woɖe aboyo Fenia ƒe ƒomea me tɔwo katã negbe eya ɖeka koe susɔ elabena nye ŋkɔ si menɔ agbalẽ si woŋlɔ me o ye wòva tsɔ esi míeɖe mía nɔewo ta.

Xɔse ƒe Dodokpɔ Sesẽwo

Le aboyoɖeɖea vɔ megbe la, eva hiã be mí amesiwo tsi aƒe míagbugbɔ awɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu. Wobia tso asinye be makpɔ hame siwo le Ivano-Frankivs’k nuto si te ɖe mía ŋu me dzi, si nye teƒe si le aboyoɖeɖea vɔ megbe gɔ̃ hã la, Ðasefo 30 gakpɔtɔ nɔ hame 15 siwo nɔ nutoa me la dometɔ ɖesiaɖe me. Esi menye atikpala si nye ɖokuisidɔwɔla ta la, ɖoɖowɔɖi si ŋu tɔtrɔ ate ŋu anɔ nɔ asinye si dzi mezɔna ɖo be mate ŋu ado go kple nɔviawo le hame ɖesiaɖe me zi ɖeka le ɣleti me.

Zi geɖe la, míekpena le ameɖibɔ me afisi míeka ɖe edzi be ame bubu aɖeke manɔ o. Nya vevitɔ si míeléna kpɔe nye alesi míawɔ akpɔ egbɔ be Biblia-srɔ̃gbalẽwo nasu hame bubuawo katã si. Ɣeaɖewoɣi la, míexɔa Gbetakpɔxɔ magazine yeye wònɔa Polandgbe alo Romaniagbe me eye míeɖea egɔme ɖe Ukrainegbe me. Gake dziɖuɖumegãawo ɖiaa mí ɣesiaɣi, be yewoagblẽ míaƒe agbalẽtamɔ̃ madeŋgɔwo dome.

Gake míaƒe kuxi gãtɔ kekeakee nye be míesa ɖe aga tso mía nɔvi Kristotɔ siwo le dukɔ bubuwo me kple esiwo le Brooklyn, New York, amesiwo xɔa ŋgɔ le míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔa me la gbɔ. Esia wɔe be ɖekamawɔmawɔ, wobewobewo, kple nugbevɔ̃ɖoɖowo gblẽ nu le míaƒe hamewo ŋu. Ðasefo aɖewo do le habɔbɔa me eye woɖo tsitretsiɖeŋuhawo. Wokaka aʋatsonya kple ameŋugblẽnyawo gɔ̃ hã le amesiwo xɔa ŋgɔ le Brooklyn ŋu.

Eyata le mía dometɔ geɖe gome la, míekpɔe be dzre siwo nɔa hameawo me koŋ gbɔe míaƒe xɔse ƒe dodokpɔ sesẽtɔwo kekeake tsona, ke menye yometiti siwo tsoa tsitretsiɖeŋulawo gbɔ o. Togbɔ be mía dometɔ aɖewo tia be yewomagade ta agu kpli mí o hã la, míekpɔe be ele vevie be míalé ɖe habɔbɔa ŋu eye míakpɔ Yehowa sinu be wòaɖɔ nuwo ɖo. Dzidzɔtɔe la, Ðasefo siwo nɔ míaƒe nutoa me dometɔ akpa gãtɔ wɔ nusia tututu. Enye dzidzɔ nam hã be magblɔ be amesiwo do le habɔbɔa me dometɔ geɖe kpɔe be yewoda ƒu eye emegbe wotrɔ va subɔ Yehowa kpli mí.

Le ɖeɖeɖeaga ƒe ɣeyiɣi mawo katã me gɔ̃ hã la, míewɔa dutoƒosubɔsubɔdɔa ɣesiaɣi eye woyra mí geɖe. Eye teƒeɖoɖo ka gbegbee nye si míexɔ! Ɣesiaɣi si mede Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe fifia la, eɖoa ŋku Yehowa ƒe yayrawo dzi nam. Ame 20 alo esi wu nenema dometɔ ɖesiaɖe si le míaƒe nusɔsrɔ̃ƒuƒoƒoa me nye amesi ŋu nye ƒomea me tɔ aɖe kpe ɖo wòsrɔ̃ nyateƒea.

Dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu Anna, siwo katã lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa ku. Mía kple Fenia míegale Yehowa subɔm alesi míate ŋui. Ɣeyiɣiawo va yi kabakaba ale gbegbe. Le ƒe 30 siwo va yi me la, Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine to nudzɔdzɔ ʋãme siwo ŋu míate ŋu aƒo nu tsoe le nyatakaka kpui sia me o la me. Ke hã nye dzi dze eme ne metrɔ kpɔ megbe kpɔ ƒe geɖe siwo metsɔ subɔ Yehowae, eye kakaɖedzi le asinye be akpɔtɔ anye sɔti sesẽ like nam elabena egblɔ le eɖokui ŋu be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.”—Maleaxi 3:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 32 Kpɔ nyati siwo nye “Kɔmiunisttɔwo ƒe Mɔxeɖenu Te Nɔnɔ Ƒe 40 Kple Edzivɔ,” le March 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 24-9, kple “Aboyomenɔnɔ le Siberia!,” le May 8, 1999, ƒe Nyɔ!, axa 16-21.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple Fenia le ƒe 1952 me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mía kple Fenia egbea