Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Mia Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?

Aleke Mawɔ Mia Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Mia Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?

“Ŋutinya gbɔgblɔ dzɔa dzi na tɔgbuinye eveawo siaa. Woƒe ŋutinyawo kpena ɖe ŋunye mesea nye seselelãmewo gɔme.”—Joshua.

ENYE nusi bɔ tsã be dzidzime geɖe siwo nye ƒome ɖeka me tɔwo nɔa anyi ɖekae—zi geɖe la, wonɔa aƒe ɖeka me. Hadede kplikplikpli kple tɔgbuiwo kpakple mamawo nye nusi bɔ.

Le egbeŋkekeawo me la, ɖeviwo kple wo tɔgbuiwo kpakple wo mamawo ƒe nɔƒe dome te ŋu didina ŋutɔ. Gawu la, srɔ̃gbegbe ma ƒome geɖe me. Woka nya ta le The Toronto Star me be “tɔgbuiwo kple mamawo hã te ŋu nɔa amesiwo ŋu srɔ̃gbegbe gblẽa nu le la dome eye womegate ŋu kpɔa wo tɔgbuiyɔvi kple mamayɔvi siwo wolɔ̃na la ŋuti o.” Le go bubuwo me la, nusi ɖea fu ye nye be nukpɔsusu gbegblẽ le sɔhɛ geɖewo si ɖe ame tsitsiwo ŋu be wonye tsigãdzitɔwo kple amesiwo ƒe nukpɔsusuwo, gɔmeɖosewo, kple didiwo to vovo sã tso yewo tɔ gbɔ. Nukae va nye emetsonua? Ðevi geɖewo kple wo tɔgbuiwo kpakple mamawo dome mele kplikplikpli alesi dze o.

Nublanuinya gã aɖee nye ema. Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple tɔgbuiwo kpakple mamawo nyo, eɖea vi eye wòvivina—vevietɔ ne wonye Mawu vɔ̃lawo—abe alesi nyati siawo siwo tsiã ɖe enu dometɔ aɖe si do ŋgɔ ɖee fia ene. * Ðetugbi ƒewuivi aɖe si woyɔna be Rebekah gblɔ le tɔgbuia kple mamaa ŋuti be: “Míete ŋu koa nu ɖekae ɣesiaɣi.” Ðekakpui aɖe si woyɔna be Peter gblɔ nya ma tɔgbe ke be: “Nyemevɔ̃na be magblɔ nye seselelãme alo nye ɖoɖowo na wo o. Ɣeaɖewoɣi la, mevona le ɖokuinye me le wo gbɔ wu dzinyelawo gbɔ. Mesena le ɖokuinye me be mate ŋu aƒo nu na tɔgbuinyewo kple mamanyewo tso nusianu ŋu faa.”

Ke le gowòme ya ɖe? Ðewohĩ mia kple tɔgbuiwò kple mamawò dome nɔ kplikplikpli le wò ɖevime. Gake esi nètsi zu ƒewuivi fifia la, ɖewohĩ mèwɔ nu boo aɖeke tsɔ tu ƒomedodoa ɖo le ɣeyiɣi sia me o. Ne alea wòle la, ekema míate ŋu azã Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Korintotɔwo II, 6:11-13 le afisia be ‘nàkeke’ wò lɔlɔ̃ ‘ɖe enu’ na wo. Gake biabia lae nye be, Alekee?

Ŋgɔxɔxɔ le Nuwɔwɔ na Wo Me

Ðokuiwò ‘keke ɖe enu’ fia be nàxɔ ŋgɔ le nanewo wɔwɔ na wo me. Biblia kura gblɔ be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lododowo 3:27) Esime nènye ɖevi la, “ŋutete” boo aɖeke menɔ ŋuwò be nàwɔ naneke tso wò kpakple tɔgbuiwòwo kple mamawòwo ƒe ƒomedodoa ŋu o. Gake esi nètsi fifia la, ɖewohĩ èle wò ɖekakpui alo ɖetugbi me fifia, àva kpɔe be afɔɖeɖe gbogbo aɖe si sɔ li nàte ŋu aɖe.

Le kpɔɖeŋu me, ne tɔgbuiwòwo kple mamawòwo tsɔ ɖe gbɔwò la, àte ŋu ana wo sasrãkpɔ edziedzi nazu numame na wò. Ðe wòtiaa wòa? Ðewohĩ, ne ènɔa anyi kpoo eye mènya nya si nàgblɔ o tae. Eyata ƒo ɖokuiwò ɖe dzeɖoɖo me kpli wo! Nuka ŋue nàte ŋu aƒo nu le? Biblia ƒe gɔmeɖose si le Filipitɔwo 2:4 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Egblɔ na mí be “amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ [ko] dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” Ne míagblɔe bubui la, tsɔ ɖe le eme na tɔgbuiwòwo kple mamawòwo. Na be woaƒo nu tso nusi dzɔa dzi na wo ŋu. Aleke wosena le wo ɖokui me? Dɔ ka wɔmee wonɔ? Ðewohĩ nuƒoƒo tso ɣeyiɣi si va yi ŋu adzɔ dzi na wo. Eyata bia alesi agbenɔnɔ nɔ esime wonye sɔhɛwo la wo. Alo àte ŋu abia alesi fofowò alo dawò nɔ esime wonye ɖeviwo la wo. Ne tɔgbuiwò kple mamawòwo nye Kristotɔwo la, bia nusi dzɔa dzi na wo le Biblia ƒe nyateƒea ŋu la wo.

Ƒomea ƒe ŋutinya gbogbo aɖe le susu me na tɔgbuiwò kple mamawòwo eye ɖewohĩ anɔ wo dzrom vevie be yewoado nukokoe na wò kple ŋutinya viviwo. Ðikekemanɔmee la, àdi be wòazu modzakaɖeɣi na yewo. Dze agbagba nàbia gbe tɔgbuiwòwo kple mamawòwo kpɔ, to nuŋlɔɖiwo wɔwɔ me alo to wo léle ɖe kasɛt alo video dzi me. Ne mènya nya si nàbia o la, na dziwòlawo nakpe ɖe ŋuwò nàtrɔ asi le biabia aɖewo siwo sɔ ŋu. Ate ŋu ava me be àsrɔ̃ nu geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò be nàse nu gɔme na tɔgbuiwò kple mamawòwo, dziwòlawo, kpakple na wò ŋutɔ wu. Joshua gblɔ be: “Ŋutinya gbɔgblɔ dzɔa dzi na tɔgbuinye eveawo siaa. Woƒe ŋutinyawo kpena ɖe ŋunye be medzea si ɖokuinye.”

Gake mègaŋlɔ be o be tɔgbuiwòwo kple mamawòwo hã tsɔa ɖe le wò nya kple dɔ siwo nèwɔna me. Ne ègblɔ nusi wɔm nèle na wo la, ekema èle wo kpem be woade nu wò nya me. Esia ate mi aƒo ƒui kplikplikpli godoo. Sɔhɛ aɖe si le France si ŋkɔe nye Igor gblɔ be: “Tii nono ɖekae le tiiwɔƒewo anɔ dze ɖom tso nusi míeɖo be míawɔ ŋuti dzɔa dzi na mía kple mamanye.”

Nukawoe Miate Ŋu Awɔ Ðekae?

Esi miedze dzeɖoɖo gɔme ɖekae azɔ la, ɖewohĩ miate ŋu ayi dzi awɔ nanewo ɖekae. Ne èbu nuwo ŋu do ŋgɔ vie la, àva kpɔ dɔwɔna vovovo siwo miate ŋu awɔ ɖekae. Ðetugbi si ŋkɔe nye Dara ɖo ŋku edzi be: “Mamanye eveawo siaa fia nuɖaɖa, nuɖuɖu dede nugoe me, numeme, agbledede, kple abɔtsotsom.” Amy yi tɔgbuia kple mama gbɔ hena ƒome kpekpewo kple mɔkekewo ɖuƒe. Tɔgbui kple mama aɖewo ƒe zazã ɖea dzesi ŋutɔ le ƒe si woxɔ nu. Aaron lɔ̃a gɔlf ƒoƒo kple mamaa. Joshua kple tɔgbuiawo dea tɔmelãɖeƒe hedzra nuwo ɖo le aƒeme.

Ne tɔgbuiwòwo kple mamawòwo nye Yehowa subɔlawo la, ete ŋu nyea vivisese zi geɖe be woakpɔ gome le Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa vovovoawo me kpli wo, si ƒe ɖee nye nuƒoƒo na amewo tso Biblia me. Igor zɔ mɔ kple mamaa yi Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe le Poland. Egblɔ be: “Nusi míaŋlɔ be akpɔ o mee wònye míekpɔ gome le, eye míegasea vivi le dzeɖoɖo me kokoko tso eŋuti.” Enye nyateƒe be menye tɔgbui kple mama ɖesiaɖee ate ŋu aɖi tsa nenema ya o. Gake viɖe kpɔtɔ le anyinɔnɔ kple wo me.

Gbɔgbɔmedomenyinu Aɖe

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nyɔnu aɖe si woyɔ be Loide wɔ akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe mamayɔvia Timoteo ŋu me be wòva zu Mawu ƒe ame tɔxɛ aɖe. (Timoteo II, 1:5) Mewɔ nuku o be tɔgbui kple mama geɖe siwo nye Kristotɔwo wɔa nu ma tɔgbe ke egbea. Joshua gblɔ le tɔgbuia kple mamaa ŋu be: “Wole Yehowa subɔm eteƒe didi wu ƒe si mexɔ, eyata medea bubu deto wo ŋu eye menye esi wonye tɔgbuinyewo kple mamanyewo ta ko o ke boŋ esi wonye nuteƒewɔlawo hã ta.” Amy gblɔ be: “Tɔgbuinyewo kple mamanyewo nɔa gbɔgblɔm ɖaa be edea dzi ƒo na yewo eye wòdzɔa dzi na yewo ale gbegbe be mele Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Gake woƒe kpɔɖeŋu nyuia kple woƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ŋu le mɔɖeɖedɔa [ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ] wɔwɔ me dea dzi ƒo nam be mayi nye mɔɖeɖedɔa dzi.”

Chris gblɔna le mamaa ŋu be eyae nye “amesi de dzi ƒo nam geɖe wu be mesrɔ̃ nu hetsi le gbɔgbɔ me.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Nyemaŋlɔ eƒe nya si wògblɔna be ‘ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe na Yehowa’ la be akpɔ gbeɖe o.” Pedro tɔgbui kple mamaa wɔ akpa vevi aɖe ŋutɔ le eƒe tsitsi le gbɔgbɔ me me. Egblɔ be: “Woƒe nuteƒekpɔkpɔ kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Tɔgbuinye kple mamanye kplɔam dea gbeadzi zi geɖe eye mèkpɔa ŋudzedze ɖe esia ŋu ŋutɔ.” Nyateƒee, tɔgbui kple mama siwo vɔ̃a Mawu ŋu nɔnɔ kplikplikpli ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ Mawu bliboe wu.

Tɔgbui Kple Mama Siwo Gbɔ Didi

Ke ne tɔgbuiwòwo kple mamawòwo le adzɔge ɖaa ɖe? Ne anyo la, dze agbagba nànɔ wo srãm kpɔ edziedzi. Le sasrãkpɔa dome la wɔ tɔwò sinua be kadodo nanɔ mia dome. Hornan kpɔa tɔgbuia kple mamaa ŋuti zi etɔ̃ pɛ ko le ƒe me, gake egblɔ be: “Meƒoa ka na wo Kwasiɖa ɖesiaɖe.” Dara si le adzɔge ʋĩ tso tɔgbuiawo kple mamaawo gbɔ gblɔ be: “Wotsɔa ɖe le nye nya me, eye míeƒoa ka alo míeɖoa lɛta ɖe mía nɔewo to kɔmpiuta dzi kwasiɖa ɖesiaɖe kloe.” Lɛta ɖoɖoɖa to kɔmpiuta dzi kple telefonwo ƒe wɔƒe li, gake mègabu mɔnu xoxo si nye lɛta si wotsɔ asi ŋlɔe la nu tsɛ o. Ewɔ nuku na sɔhɛ geɖewo be wo tɔgbuiwo kple mamawo dzra yewoƒe lɛta ɖesiaɖe si yewoŋlɔ na wo tso yewoƒe ɖevime ke vaseɖe fifia ɖo. Wote ŋu xlẽa lɛtaawo gaxlẽnɛ ake—eye wodoa dzidzɔ na ame. Eyata kpɔ egbɔ be yeŋlɔ agbalẽ na wo!

Zi geɖe la, lɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe nɔa tɔgbuiwo kple mamawo me na wo tɔgbuiyɔviwo kple mamayɔviwo. (Lododowo 17:6) Woɖatsɔ ɖe mia gbɔ alo le adzɔge tso mia gbɔ o, mɔnu vovovo li si dzi nàte ŋu ato atu ƒomedodo kplikplikpli ɖo eye nàna wòanɔ mia dome ɖaa. Taflatse dze eƒe agbagba kokoko.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?” le míaƒe magazine sia ƒe May 8, 2001, tɔ me.