Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?

Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?

Ŋ UTASESẼ bɔ eye edzɔna le mɔ vovovo nu. Le aʋawɔwɔ me megbe la, bubuwo dzɔna le kamedefefewo, atikevɔ̃ɖizazã, nuvlowɔhawo, sukuwo kple dɔwɔƒewo kpakple modzakaɖeɖe me. Edze abe aƒemeŋutasesẽ bɔ ɖe ƒome geɖewo me ene. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be le Canada la ŋutsu kple nyɔnu miliɔn 1.2 nyea amesiwo woa ŋutɔwo srɔ̃wo wɔ nu vevii ne mede ɖeke o la zi ɖeka ya teti le ƒe atɔ̃ siwo va yi nyitsɔ laa me. Numekuku bubu ƒo nya ta be amesiwo ƒoa wo srɔ̃wo dometɔ 50 le alafa me wɔa anyra le wo viwo hã ŋu.

Ðikekemanɔmee la, ŋutasẽnuwɔna siawo blea fu lãme na wò abe alesi wòwɔna na ame geɖewo ene. Ke hã ŋutasesẽ va zu nu vevitɔ le modzakaɖeɖe geɖe siwo li egbea me. Menye sinima fefe siwo woɖena be woasusui be ŋutasẽnu ŋutɔŋutɔe wònye ɖeɖekoe dzroa amewo o ke boŋ wolɔ̃a ŋutasẽnu ŋutɔŋutɔ siwo woɖena fiana le television dzi hã kpɔkpɔ. Kɔdada kple kamedefefe si me wowɔa ŋutasẽnu le nye nusiwo ŋu amewo kpɔa dzidzɔ ɖo vevie le dukɔ geɖewo me. Gake aleke Mawu bua ŋutasẽnuwɔnawoe?

Ŋutasẽnuwɔwɔ Ŋutinya Li tso Blema Ke

Ŋutasẽnuwɔwɔ li tso blema ke. Ŋutasẽnu gbãtɔ si amegbetɔ wɔ woŋlɔ ɖe Biblia me dze le Mose I, 4:2-15. Adam kple Xawa ƒe vi gbãtɔ Kain ʋã ŋu nɔvia Abel eye wòwui tagbɔsesẽtɔe. Nukae Mawu wɔ tso eŋu? Biblia la gblɔ be Yehowa Mawu he to na Kain vevie le esi wòwu nɔvia ta.

Mose I, 6:11 xexlẽ fia be le nudzɔdzɔ sia megbe ƒe 1,500 kple edzivɔ la, “nu vlo wɔwɔ xɔ” anyigba la dzi. Nukae Mawu gawɔ tso eŋu? Yehowa de se na ame dzɔdzɔe Noa be wòakpa aɖakaʋu si akpɔ woa kple eƒe ƒomea ta ne ehe tsiɖɔɖɔ va anyigba dzi si ‘atsrɔ̃’ ame vlo mawo. (Mose I, 6:12-14, 17) Gake nukae na be amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ alea gbegbe ɖo?

Gbɔgbɔvɔ̃wo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ŋutinya ɖee fia be mawuvi siwo nye mawudɔla dzeaglãwo trɔ wo ɖokui ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nu, ɖe nyɔnuwo, hedzi viwo. (Mose I, 6:1-4) Wo vi siwo woyɔna be Nefilimwo nye ame dzɔtsu xɔŋkɔwo. Wo fofo siwo nye gbɔgbɔmemewo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na woawo hã va zu anyrawɔlawo. Esi tsiɖɔɖɔa ɖe anyigba la, anyrawɔla vɔ̃ɖi siawo ku. Gake anɔ eme be gbɔgbɔvɔ̃awo trɔ woƒe nɔnɔme eye wotrɔ yi dziƒonutowo me.

Biblia na eme kɔ ƒã be tso ɣemaɣi la, mawudɔla dzeaglã siawo ƒoa nya ɖe amegbetɔwo nu vevie. (Efesotɔwo 6:12) Woyɔ wo kplɔla Satana be “amewula” gbãtɔ. (Yohanes 8:44) Eyata esɔ be woayɔ nuvlowɔwɔ si yia edzi le anyigba dzi be gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ, alo Satana tɔ.

Biblia la xlɔ̃ nu ku ɖe ŋutasẽla la ƒe amebeble ŋuti. Egblɔ le Lododo 16:29 be: “Ŋutasẽla blea ehavi nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ manyomanyo dzi.” Egbea la woble ame geɖewo wodea nuvlowɔwɔ dzi, doa alɔe, hewɔnɛ. Gakpe ɖe eŋu la, woble ame miliɔn geɖe nu be wokpɔ dzidzɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo kafua ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu. Woate ŋu azã nya si dze le Psalm 73:6 ɖe egbegbe ƒe dzidzimea ŋu wòasɔ. Hakpala la gblɔ be: “Dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.”

Mawu Léa Fu Ŋutasẽnuwɔwɔ

Aleke wòle be Kristotɔ nanɔ agbe le xexe si me ŋutasesẽ bɔ ɖo mee? Biblia ŋutinya si ku ɖe Yakob kple via Simeon kpakple Lewi ŋu na mɔfiame nyui aɖe mí. Wo nɔvinyɔnu Dina lɔ̃a hadede kple agbegbegblẽnɔla siwo nɔ Sixem. Esia na Sixemtɔ aɖe dɔ egbɔ sesẽe. Simeon kple Lewi ɖo eteƒe na wo to Sixem-ŋutsuwo katã wuwu nublanuimakpɔmakpɔtɔe me. Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yakob woƒo fi de viawo le woƒe dziku helĩhelĩa ta kple nya siawo be: “Simeon kple Lewi la, nɔviwoe, wotsɔ lãnu do hlɔ̃e. Nye luʋɔ made woƒe adaŋu me o, eye nye dzi mabɔ ha kple wo o.”—Mose I, 49:5, 6.

Esia tae Kristotɔwo ƒoa asa na hadede kple amesiwo dɔa alɔ nuvlowɔwɔ alo wɔnɛ. Eme kɔ ƒã be Mawu léa fu amesiwo dea nuvlowɔwɔ dzi. Biblia gblɔ be: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaƒo asa na dɔmedzoedodo, kple amedzudzu gɔ̃ hã.—Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 4:31.

Ðe Ŋutasesẽ Nu Ava Yia?

Blema nyagblɔɖila Xabakuk bia Yehowa Mawu be: ‘Vaseɖe ɣekaɣie mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta?’ (Xabakuk 1:2) Ðewohĩ èbia nya ma ƒomevi kpɔ. Mawu ɖo eŋu na Xabakuk hedo ŋugbe be yeaɖe “ame vɔ̃ɖi” la ɖa. (Xabakuk 3:13) Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa hã naa mɔkpɔkpɔ ame. Mawu do ŋugbe le afima be: “Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.”—Yesaya 60:18.

Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be eteƒe madidi o Mawu aɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ƒomeviwo katã ɖa le anyigba dzi tsɔ kpe ɖe amesiwo wɔnɛ ŋu. Le ɣemaɣi la, le esi teƒe be ŋutasẽnuwɔwɔ naxɔ anyigba dzi la, “sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.”—Xabakuk 2:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ŋutasẽnuwɔwɔ dze egɔme esi Kain wu nɔvia Abel