Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Mana Woakom be Maganya Kpɔ Wua?

Ðe Wòle Be Mana Woakom be Maganya Kpɔ Wua?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Mana Woakom be Maganya Kpɔ Wua?

“Do ŋgɔ hafi woako nye ŋɔti la, amewo ɖua fewu le ŋunye vevie. Nyemedi be ŋɔti tɔxɛ aɖeke nanɔ asinye o, esi anya dzem ko dim mele. Meva kpɔ dzidzɔ geɖe esi wowɔ dɔ nam vɔ megbe, magadi be woawɔ dɔ nam ake ne ehiã.”​—Eleni. *

“Nukata wòle be mana dzedzeme ŋu nyawo naxɔ susu me nam alea gbegbe ɖo? Ne mena wotrɔ asi le nye ŋutilã ƒe akpa aɖe ŋu be wòanya kpɔ wu la, manɔ abe ga manyomanyo ene. Nyemaganɔ abe alesi mele ŋutɔŋutɔ ene o.”​—Mathias.

“Ele be amesiame natso nya me na eɖokui. Esesẽna be ame bubu nawɔ nyametsotsoa.”​—Manuela.

“LEKEWƆNUWO kokokoe anya wɔ amesi nya kpɔ wum la nenema.” Nukokoedoamenya sia si wogblɔna le Germany xoxoxo lae nye nya si amesiwo tsia dzi be yewomedze tugbe alo dze ɖeka tututu o la gblɔna. Gake egbea le dukɔ aɖewo me la, woate ŋu atrɔ nyaa ale: “Anye be ɖe woanya wɔ dɔ na amesi nya kpɔna wum ƒe ŋutilã kokoko.” Nyateƒee, ŋutilã ƒe akpa aɖe tɔtrɔ be wòaganya kpɔ wu nye nusi le aƒe xɔm ɖe afisiafi fifia.

Switzerlandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Neue Zürcher Zeitung ka nya ta be: “Ɣeyiɣi si wobua ŋutilã ƒe akpa aɖe ɖɔɖɔɖo be wòaganya kpɔ wu be enye kesinɔtɔwo ƒe nuwɔna la zu gbaɖegbenya.” Egagblɔ kpee be: “Nɔnɔme eve aɖewo va xɔ ɖe eteƒe: Ŋutsu geɖewo yia amekolawo gbɔ wotrɔa woƒe mo ƒe dzedzeme. . . , eye nyɔnu siwo wowɔ dɔ sia na gadzea tugbe ɖe edzi.” Numekuku aɖe si wowɔ le Germany ɖee fia be amesiwo xɔ tso ƒe 14 va ɖo 29 dometɔ 20 le alafa me siwo ŋu woku nu me le la na woko woƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe be wòaganya kpɔ ɖe edzi, alo wole ɖoɖo wɔm ɖe eŋu, alo wobu ewɔwɔ ŋu ya teti. * Ðewohĩ xɔ̃wòwo dometɔ aɖewo, sukuhatiwo, alo ƒometɔ aɖe na woko woƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe kpɔ.

Ke wò hã ɖe? Èbu wò dzedzeme wɔwɔ wòaganyo ɖe edzi to ŋutilã koko dzi ŋu kpɔa? Èsenɛ le ɖokuiwò me be yeƒe towo lolo akpa, alo be yeƒe nowo lolo alo le sue akpa, eye be yeƒe ƒodo kple atawo lolo akpa, alo be wò ŋɔti menya kpɔ oa? Ne nenemae la, ekema menye wò ɖeka koe seselelãme ma tɔgbe ɖea fu na o. Nyɔnuvi kɔledzidelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ŋlɔ nyati aɖe le Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me be: “Nyɔnuvi aɖeke meli si meto dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu ƒe ɣeyiɣi me kpɔ o.” Didi be yeanya kpɔ na amewo ahadze nyuie la sɔ. Gake ame ƒe ŋutilã koko be woaganya kpɔ wu ye nye egbɔkpɔnua?

Eyae Nye Wò Kuxiwo Gbɔ Kpɔnua?

Bu sɔhɛ siwo nènya ŋu kpɔ. Ðe wòawɔ nuku na wò be wo dometɔ geɖe—ɖewohĩ esiwo nya kpɔna na wò ŋutɔ kura gɔ̃ hã—mekpɔa dzidzɔ ɖe woƒe dzedzeme ŋu oa? Alea tututue wòdzɔnae ɣeaɖewoɣi. Nyabiabia lae nye be, Ðe nèbu be ele be woana woako wo be woaɖɔ woƒe akpa aɖe ɖoa? Alo nèbui be anyo wu ne ɖe wo dometɔ geɖe srɔ̃ alesi woakpɔ dzidzɔ ɖe alesi wole ŋu eye nukpɔsusu nyuitɔ ku ɖe woƒe dzedzeme ŋu nasu wo sia? Ðe esia asɔ le gowòmea?

Eleni ƒe nyawo ɖee fia be, ame ƒe ŋutilã koko be wòaganya kpɔ wu ate ŋu aɖe fewuɖuɖu kple ŋukpedoame dzi akpɔtɔ ya. Gake amekoko atsɔ atre ŋutilã ƒe akpa bubu menye egbɔkpɔnu o. Edze ƒã be naneke mate ŋu axɔ ɖe agbe ɖɔʋu nɔnɔ, si nana ame ƒe dzedzeme nyona ɖe edzi la teƒe o. Eye togbɔ be amekola ate ŋu atrɔ wò dzedzeme hã la, mate ŋu atrɔ wò amenyenye, alo aɖe wò dzimaɖitsitsi ɖa alo ana bubunɔameŋu nasu asiwò o.

Nenɔ susu me na wò hã be dɔnɔdzikpɔƒewo alo ɖɔkta aɖewo doa ŋugbe siwo dzi womate ŋu awɔ o. Eyata adze abe ɖe wole dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ŋugbe dom na wò ene. Gake le nyateƒe me la, wò ga koŋ ŋue wotsi dzi ɖo ke menye wò dzidzɔkpɔkpɔ o. Nublanuitɔe la, amekola anukwaremaɖila ʋɛ aɖewo li siwo awɔ dɔ si mehiã hafi o, si mate ŋu akpɔ dzidzedze tututu o, alo si me afɔku anɔ gɔ̃ hã—zi alesi amea nya le klalo be yeaxe fea ko.

Nu bubu aɖewo siwo nɔa anyi ɖaa hã li siwo ŋu wòle be woade ŋugble le. Le kpɔɖeŋu me, nusi menya kpɔna na wò esime nèxɔ ƒe 16 o la ate ŋu adze na wò bubui le ƒe 21 xɔxɔ me. Ðk. Urs Bösch, si koa ame be eƒe dzedzeme naganyo wu, gblɔ be: “Anyo koŋ be woagako ƒewuiviwo ƒe ŋutilã atsɔ atre akpa bubu o. Ƒewuivi ƒe dzedzeme kple alesi wòbua eɖokui trɔna le ƒe siawo me.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eva hiãna be woagbugbɔ dɔ awɔ na sɔhɛwo atsɔ aɖɔ vodadawo ɖo enuenu. Eye ne wò ŋutilã le tsitsim la, abiteƒeawo hã ate ŋu akeke ɖe edzi.

De Ŋugble le Eŋu Gbã

Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míade ŋugble le nane si le vevie ŋu gbã hafi adze egɔme. (Luka 14:28) Le sɔhɛ geɖewo gome la, amekoko be woaganya kpɔ wu nye nusi womate ŋu awɔ o le ganya si wòlɔ ɖe eme ta. Eye ga ma mekpe ɖe dɔ gbugbɔgawɔ na ame—alo ɖɔɖɔɖo siwo hiã be woagbugbɔ awɔ emegbe ƒe ga ŋu o.

Ame geɖewo li si menye ga ɖeɖekoe wogblẽ le amekoko sia me o ke woƒe lãmesẽ hã ɖo afɔku me. Amerikatɔwo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ŋutilã ƒe Akpa aɖe Koko Atsɔ Aɖɔ Akpa Bubu Ðo ƒe Nyawo gbɔ gblɔ be, lãmesẽkuxiawo dometɔ aɖewoe nye ŋutilã ƒe tete ɣeaɖewoɣi, abiteƒe si nɔa anyi ɖaa, lãmenusese kple no nana vi ƒe ŋutete si meganɔa amesi o, kple ʋu gbogbo si ɖuɖuna le ame ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Anna ku kloe esime wonɔ ekom be woaɖe teƒe aɖewo siwo lolo akpa ɖa. Efa konyi be: “Abiteƒe gagãwo le ŋunye fifia eye nye ƒodo hã nye ɖe eme.” Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe amekoko siawo tɔgbe ŋu be: “Nɔnɔme siwo va gblẽna ɖe edzi, kple ku gɔ̃ hã le agbɔ sɔm ɖe edzi fifia.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Apotheken Umschau gblɔ be mègaŋlɔ be o be: “Amekoko gakpɔtɔ nye amekoko, eye enye nusi me afɔku geɖewo le.” Eyata da kuxiawo kpɔ nyuie hafi nàna woawɔ dɔ na wò—vevietɔ esiwo meku ɖe atikewɔnyawo ŋu o.

Àgate ŋu abia ɖokuiwò hã be: ‘Nukae manɔ gbɔgblɔm na amewo ku ɖe ɖokuinye ŋu? Ðe manɔ gbɔgblɔm na wo be ŋutilã ƒe dzedzemee nye nu vevitɔ nama? Aleke afɔ si maɖe la akpɔ ŋusẽ ɖe hatinyewo kple yonyemetɔwo dzii?’ *

Wò Dzimedidiwo

Ele be nàde ŋugble le wò dzimedidiwo hã ŋu vevie. Eye mele bɔbɔe be nàde dzesi wo o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòle be madzudzɔ amewo koko ɖe woƒe akpa aɖe si menya kpɔ o ta? Alo ɖe mekpɔa ɖokuinye akpaa? Ðe hatinyewo, boblododo fluamewo, alo fefewɔla xɔŋkɔ aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe didi si le menye be matrɔ nye dzedzeme dzia? Ðe mele didim be maɖo tugbedzedze alo ɖekadzedze ƒe dzidzenu si woɖena fiana le egbegbe ƒe nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me gbɔa?’

Ame aɖewo susuna be asitɔtrɔ le woƒe dzedzeme ŋu ana yewoakpɔ srɔ̃ nyui aɖe alo akpɔ dɔ nyui aɖe awɔ. Gake nyateƒee wònye be, srɔ̃tɔ ɖesiaɖe si nènyae nya kpɔna? Ke ame ɖesiaɖe si le dɔ wɔm ƒe dzedzeme hã ɖe? Nu mawo katã gbɔ ɖoɖo menɔ te ɖe ame ƒe dzedzeme dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe amesi ɖe ge nàla alo dɔtɔ aɖe si ƒoa nu tso wò dzedzeme ŋu wu wò nɔnɔme ememetɔwo ŋu la le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò le kɔdzifewo xexe kple eŋu kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ mea?

Esi nèle wò didiwo me dzrom kpɔ nyuie la, ƒo nu tso wò seselelãme ŋu na dziwòlawo alo xɔlɔ̃ tsitsi aɖe. Ne èkpɔe be wò ŋutilã ƒe akpa aɖe mesɔ tututu o la, ke bia wo be woagblɔ woƒe nukpɔsusu ku ɖe eŋu na wò le anukwareɖiɖi me. Mègaɖo ŋu ɖe ahuhɔ̃e dzro ko ŋu o. Ðetugbi si ŋkɔe nye Nana gblɔ tso alesi míebua gbegblẽƒe siwo nɔa míaƒe ŋutilã ŋu be: “Àbui nu gãe wu alesi ame bubuwo bunɛ elabena ètsɔa nukpɔsusu bubu kpɔa ɖokuiwòe.” Numekula siwo le Landau Yunivɛsiti, si le Germany gblɔ be amewo bua dɔwɔwɔ na woƒe ŋutilã wòaganya kpɔ ɖe edzi ŋu, “menye be nanee gblẽ le eŋu kokoko tae o, gake esi wòdze na amea abe ɖe nane gblẽ le eŋu ene ta koe.”

Mègatsɔ dzitsitsi wɔ nyametsotsoa o, ke boŋ bu nusianu ŋu nyuie. Bu amekoko ɖesiaɖe be enye nusi ŋu womagate ŋu agbugbɔ naneke awɔ le o. Ne èna wowɔ dɔ na wò la, ke ele be nàdo dzi atsɔ kuxi siwo katã ado tso eme hena ɣeyiɣi aɖe.

Wò Nyonyo si Le Vevie Wu

Dzidzɔkpɔkpɔ menɔa te ɖe wò dzedzeme dzi o. Togbɔ be dzedzeme ate ŋu ana woade bubu ŋuwò alo aɖe edzi akpɔtɔ hã la, wò amenyenye kple nɔnɔmewoe le vevie wu. Anna ƒo nya ta, le nudzɔdzɔ dziŋɔ si de eƒe agbe afɔku me emegbe ŋu be: “Meva kpɔe dze sii be nyonyo menɔ te ɖe wò gotagome dzedzeme dzi o.”

Esi Biblia nɔ nyonyo kafum la, eɖee fia be gbɔgbɔmenyonyo le ŋgɔ nɛ: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.” (Lododowo 31:30; Samuel I, 16:7, 8) Nukpɔsusu sia ƒe amesi nɔnɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme, togbɔ be wò ŋutilã ƒe akpa aɖe masɔ tututu o hã.

Nuka kee ɖanye wò nyametsotso o, ɖo ŋku edzi be womate ŋu aɖo dzedzeme deblibo gbɔ alo akpɔ dzidzɔ vavãtɔ egbea o. Ame aɖeke mede blibo le nusianu me o. (Romatɔwo 3:23) Màte ŋu awɔ naneke le ema ŋu o. Nusi ŋu nàte ŋu awɔ nane le enye amesi nènye le ememe—nusiae Biblia yɔna be “dzime ƒe ame ɣaɣla” la. (Petro I, 3:3, 4) Ðe amesi nènye fia to nɔnɔme siwo nyo le Mawu ŋkume la tututu ɖo me. Afɔku aɖeke mele wo ŋu o eye màgblẽ ga hã ɖe wo ta o, àkpɔ teƒeɖoɖo geɖe tso wo me!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 7 Ŋutilã si ŋu naneke megblẽ le o koko ahana wòaganyo wu nye nusi amewo wɔna be woƒe dzedzeme naganyo ɖe edzi. Amekoko bubu aɖe hãe nye be wokoa ŋutilã ƒe akpa si mesɔ o, si ŋu dɔléle gblẽ nu le, alo amesi wodzi nuwɔametɔ, heɖɔnɛ ɖo. Evea siaa nye nuwɔna si me wotrɔa asi le ŋutilã ƒe akpa aɖe ŋu tsɔ naa wònya kpɔna ɖe edzi.

^ mm. 17 Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, ƒe ta si gblɔ be “Aleke Gbegbe Dzedzeme Hiãe?,” si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

Ðe “nusi nèkpɔ be egblẽ” le ye ŋu nye kuxi ŋutɔŋutɔa, alo ahiã be nàtrɔ wò nukpɔsusu le alesi nèbua ɖokuiwòe ŋua?