Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋufɔku Dzedze—Èle Dediea?

Ʋufɔku Dzedze—Èle Dediea?

Ʋufɔku Dzedze​—Èle Dediea?

“Ʋukuku ŋuti ɖaseɖiɖi nyui le asinye, eyata mehiã be matsi dzi ɖe ʋufɔku ŋu o.” “Sɔhɛwo kple amesiwo meɖɔa ŋu ɖo le ʋukuku me o ye dzea afɔku.” Ame geɖe buna be ʋufɔku madzɔ ɖe yewo dzi gbeɖe o. Alea nèsena le ɖokuiwò mea? Ðe nènye amesi mate ŋu adze ʋufɔku bɔbɔe oa?

AKƆNTABUBUWO fia be ne dukɔ deŋgɔ mee nèle la, ke ele bɔbɔe be nàte ŋu axɔ abi le ʋufɔku aɖe me zi ɖeka ya teti le wò agbe me. Le ame geɖe gome la, afɔku mawo kplɔa wo yia ku mee. Fifia la, amesiwo wu miliɔn afã ye kuna toa ʋufɔku dziŋɔwo me le xexeame godoo ƒe sia ƒe. Ðewohĩ amesiwo ku le ƒe si va yi me susui be madzɔ ɖe yewo dzi akpɔ gbeɖe o. Nukae nàte ŋu awɔ be nàɖe ʋufɔku dzedze dzi akpɔtɔ? Mɔxexe ɖe enu enye nu vevitɔ. De ŋugble le alesi nàte ŋu axe mɔ na afɔku siwo akɔlɔ̃edɔdɔ kple tsitsi ƒe nugbegblẽ le ame ŋu ate nu ahe vɛ ŋu kpɔ.

Ʋukula si Dɔa Akɔlɔ̃e

Ʋukukuŋutinunyala aɖewo gblɔ be ʋukula si dɔa akɔlɔ̃e ate ŋu adze afɔku abe ʋukula si mu aha ene. Nyatakakawo ɖee fia be akɔlɔ̃edɔdɔ le afɔku manyagblɔwo hem vɛ. Agbalẽ si nye Fleet Maintenance & Safety Report gblɔ nyitsɔ laa be le ƒe ɖeka ko me la, woka nya ta le ʋukula 1 le 12 ɖesiaɖe me ŋu le Norway be wonɔa akɔlɔ̃e dɔm esime wonɔ ʋu kum. The Star, si nye nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le Johannesburg, South Africa, gblɔ be ʋukulawo ƒe nutikɔname ye hea ʋuwo ƒe gokpekpe kple wo nɔewo ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me vɛ le dukɔ ma me. Nyatakaka siwo tso dukɔ bubuwo me hã ɖee fia be nutikɔname le nu gblẽm le ʋukulawo ŋu le afisiafi. Nukae nana ʋukula gbogbowo dɔa akɔlɔ̃e?

Egbegbe ƒe gbesiagbegbenɔnɔ si yɔ fũ kple hloloetsotso nye kuxiawo dometɔ ɖeka. Newsweek magazine ka nya ta nyitsɔ laa be Amerikatɔwo ƒe “alɔ̃dɔdɔ dzi ɖe kpɔtɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã zã ɖesiaɖe wu alesi wònɔ le ƒe alafa 20 sia ƒe gɔmedzedze—eye kuxia agate ŋu agblẽ ɖe edzi.” Nuka gbɔe wòtso? Magazine sia gblɔ alɔ̃dɔdɔŋununyala Terry Young ƒe nya siwo wògblɔ be: “Amewo bua alɔ̃dɔdɔ be enye nusi dzi woate ŋu aŋe aɖaba aƒu bɔbɔe. Wobunɛ be enye dɔ sesẽ wɔwɔ kple kalẽwɔwɔ be woaɖe alɔ̃dɔdɔ dzi akpɔtɔ.”

Wogblɔnɛ be ehiã be amesiame nadɔ alɔ̃ gaƒoƒo ade kple afã va ɖo gaƒoƒo asieke zã sia zã. Ne amewo te nusia wo ɖokui la, nusi woyɔna be “alɔ̃tsiameŋu” va nɔa fu wɔm wo. Habɔbɔ si nye AAA Dɔdzikpɔha na Ʋukulawo ƒe Dedienɔnɔ ƒe nyatakaka si wòta gblɔ be: “Alɔ̃dɔdɔ si dzi woatso aɖabaƒoƒo 30 alo 40 le zã ɖesiaɖe me hena kwasiɖa blibo ate ŋu ana woanyi alɔ̃dɔdɔ ƒe fe gaƒoƒo 3 va ɖo 4 kaka kwasiɖa ƒe nuwuwu naɖo, si ate ŋu ana alɔ̃ natsɔ ame bɔbɔe le ŋkeke me.”

Ɣeaɖewoɣi la, zã ɖeka ƒe alɔ̃dɔdɔ aɖi ɖe eme nyuie ate ŋu atsi ŋuwò. Alɔ̃madɔmadɔ, ɖevi si dze dɔ gbɔ kpɔkpɔ, alo nu bubu aɖe siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ate ŋu axɔ alɔ̃ le asiwò. Ðewohĩ àkpɔe be ana alɔ̃ nàtsɔ wò le ʋu me le ŋufɔke. Nukae wòle be nàwɔ ne edzɔ alea?

Zi geɖe la nusiwo amewo tsɔ kpɔa egbɔ abe kɔfi nono, fesre ʋuʋu, aŋekpetike ɖuɖu, alo numeɖenu aɖe ɖuɖu ene mate ŋu ana nànɔ ŋu o. Nusiwo woyɔna be egbɔkpɔnu siawo dometɔ aɖeke mate ŋu akpɔ kuxia gbɔ ŋutɔŋutɔ o. Nusi wòle be nàwɔ koe nye be nàdɔ alɔ̃. Eyata nukatae màdze agbagba adɔ alɔ̃ vie le ŋkeke me o. The New York Times doe ɖa be: “Ðiɖiɖemeɣi ƒe alɔ̃dɔdɔ le dɔwɔŋkeke dzi megawu aɖabaƒoƒo 30 o; alɔ̃dɔdɔ wòagbɔ aɖabaƒoƒo ma ŋu ate ŋu ana woage ɖe alɔ̃ me ʋĩ, eye nyɔnyɔ tso alɔ̃me nasesẽ.” Alɔ̃dɔdɔ vie ate ŋu ana nàtsi megbe hafi aɖo afisi yim nèle ya, gake ate ŋu akpɔ wò agbe ta.

Alesi nènɔa agbee ate ŋu ana nàzu ʋukula si dɔa akɔlɔ̃e bɔbɔe. Ðe nèzãa Internet gaƒoƒo geɖea, alo nènɔa ŋu zã blibo nɔa television kpɔma? Ðe nèdea hadomekpekpe siwo yia edzi ʋuu vaseɖe ŋufɔkea? Mègana nuwɔna mawo nana alɔ̃ natsi ŋuwò o. Fia nyanu Salomo te gbe ɖe asixɔxɔ si le “gbɔɖeme asiʋlo ɖeka” ŋu la dzi.—Nyagblɔla 4:6.

Wotsi Gake Nuteƒekpɔkpɔ Su Wo Si

Zi geɖe la ʋukula tsitsiwoe nyea amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ le wu. Gawu la, nu suesuewo me koe woɖea ŋu ɖi le eye wonya woƒe ŋutete ƒe seɖoƒewo. Gake mefia be ʋukula tsitsiwo mate ŋu adze ʋufɔku o. Nyateƒee wònye be woate ŋu adze afɔku bɔbɔe esi wole tsitsim. Magazine si nye Car & Travel, si wotana le United States ka nya ta be: “Amesiwo xɔ wu ƒe 70 ye ƒo ƒu wɔ dukɔa me tɔwo dometɔ 9 le alafa me, gake wo dometɔ 13 le alafa mee kpɔa ʋufɔku dziŋɔwo.” Nublanuitɔe la, ame tsitsiwo va le agbɔ sɔm le amesiwo tsɔa ʋu kpea go kple ʋu bubuwo la dome.

Bu nya siwo Myrtle, si xɔ ƒe 80 gblɔ ŋu kpɔ. * Ele ʋu kum anɔ ƒe 60 sɔŋ enye si va yi gake mekpɔ ʋufɔku kpɔ o. Ke hã ele kuxi siwo tsitsi hena vɛ me tom abe alesi wòdzɔna ɖe ame bubuwo dzi ene—kuxi siwo ate ŋu ana wòadze afɔku bɔbɔe. Egblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo nyitsɔ laa be: “Ne èle tsitsim la, nusianu [siwo dome ʋukuku hã le] va sesẽna.”

Nukae wòwɔ tsɔ ɖe ʋufɔku dzedze dzi kpɔtɔ? Myrtle gblɔ be: “Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mewɔ tɔtrɔwo be wòasɔ kple nye ƒexɔxɔ.” Le kpɔɖeŋu me, eɖe ɣeyiɣi si wòzãna tsɔ kua ʋui dzi kpɔtɔ, vevietɔ le zã me. Tɔtrɔ sue sia si wòwɔ la le kpekpem ɖe eŋu si wɔe be mahiã be wòaɖe asi le ʋukuku ŋu keŋkeŋ o.

Togbɔ be nya sia sese tena ɖe amewo dzi hã la, tsitsi nye nusi gblẽa nu geɖe ŋutɔ le amesiame ŋu. (Nyagblɔla 12:1-7) Lãmegbegblẽ vovovowo doa mo ɖa, míewɔa nu blewuu, eye míegakpɔa nu nyuie o—esiawo katã ate ŋu ana ʋukuku dzidzedzetɔe nasesẽ. Gake tsitsi ɖeɖe mewɔe be ʋukula megadze na ʋukuku o. Nusi le vevie enye alesi ʋukula wɔa nui ne ele ʋu kum. Dzesidede nɔnɔme siwo trɔ le míaƒe lãmesẽnyawo gome kple asitɔtrɔ siwo sɔ la wɔwɔ le míaƒe gbesiagbe nuwɔnawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe ne míele ʋu kum.

Ate ŋu anye be màde dzesii ya o, gake alesi nèkpɔa nui la le tɔtrɔm. Ne èle tsitsim la, wò ŋkuwo nɔa miamiãm eye wò ŋkuviwo hiã keklẽ geɖe. Agbalẽvi si nye The Older and Wiser Driver gblɔ be: “Ʋukula si xɔ ƒe 60 hiã kekeli si ƒewuivi hiã ƒe teƒe etɔ̃, ŋkua ƒe tɔtrɔ wɔwɔ tso kekeli me yi viviti me didina zi gbɔ zi eve.” Tɔtrɔ siawo siwo yia edzi le míaƒe ŋkuwo dzi ate ŋu ana ʋukuku le zã me nasesẽ.

Henry xɔ ƒe 72 eye mekpɔ ʋufɔku le ʋukuku ƒe 50 kple edzivɔ me kpɔ o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, eva nɔ dzesi demee be ʋu bubu ƒe akaɖiwo ƒe keklẽ nana ʋukuku sesẽna na ye. Esi wodo eƒe ŋkuwo kpɔ emegbe la, eva kpɔe be yehiã na gaŋkui siwo wowɔ be wòaɖe ʋuwo ƒe akaɖiwo ƒe keklẽ le zã me dzi akpɔtɔ. Henry gblɔ be, “Ʋukuku le zã me megasesẽ azɔ o.” Le eya gome la, tɔtrɔ sue sia wɔwɔ ɖe vi nɛ geɖe le eƒe ʋukuku me. Gake le ame bubuwo abe Myrtle ene gome la, egbɔkpɔnua koe nye be wòadzudzɔ ʋukuku keŋkeŋ.

Tsitsi hã kpɔa ŋusẽ ɖe ɣeɣiɣi didi si woatsɔ atrɔ ɖe nuwo gbɔ kpɔkpɔ ŋui dzi. Ame tsitsiwo ate ŋu adze nunya eye woadze aɖaŋu wu ɖeviwo. Gake zi geɖe alesi amea tsii la, zi nenemae wòahiã be wòazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ atrɔ ɖe nyatakakawo ŋu ahawɔ wo dzii. Esia nana ʋukuku sesẽna ɖe edzi, esi se siwo ku ɖe ʋukuku kple ʋumɔwo ŋu nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi ta. Ele be woawɔ nu ɖe nɔnɔme siawo ƒe tɔtrɔ ŋu kpata ne eva hiã be woaɖe afɔ si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi.

Magazine si nye Car & Travel ka nya ta be, “ʋufɔku dziŋɔ siwo ʋukula tsitsiwo kpɔna edziedzi enye alesi wokua ʋu toa dzesifianu siwo le mɔ dzi ŋu mɔfiame dzimawɔmawɔ kabae.” Nuka gbɔe wòtsona? Nyatakaka ma ke yi edzi be: “Edze abe . . . kuxia kuna ɖe alesi wòle be ʋukula tsitsi nawɔ nu ɖe nyatakaka vovovo siwo le eƒe miãkpa dzi kple ɖusikpa dzi ŋu hafi age ɖe mɔdzeve aɖe me la ŋu ene.”

Nukae nàwɔ ne mète ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu kaba o? Ðɔ ŋu ɖo ne èle mɔdzevewo gogom. Nà ŋkutsatsa le mɔ me zi eve hafi ayi ʋukuku dzi nazu numame na wò. Ðɔ ŋu ɖo vevie ne èle mɔ xam. Tɔtrɔ le mɔdzevewo dzi ate ŋu ahe afɔku vɛ, vevietɔ ne ʋuwo gbɔna tso mɔ si dzi nàge ɖo.

Afɔku 40 le alafa me siwo dzɔna le mɔdzevewo dzi le United States nyea ʋukula siwo xɔ wu ƒe 70 siwo nɔa tɔtrɔm be yewoayi miãkpa dzi. Habɔbɔ si nye AAA Dɔdzikpɔha na Ʋukulawo ƒe Dedienɔnɔ ɖo aɖaŋu na ʋukula siwo le dukɔ ma me be: “Ɣeaɖewoɣi la ate ŋu anyo wu be nàdze ato ɖusikpa dzi zi etɔ̃ ahaɖo afisi nèyina dedie wu tɔtrɔ to miãkpa dzi zi ɖeka.” Àte ŋu awɔ gɔmeɖose sia dzi alesi wòasɔ ɖe mia gbɔ nɔnɔmewo nu. Nuŋububu do ŋgɔ ana nàƒo asa na afɔku dzedze le mɔdzevewo dzi.

Nyametsotso aɖe si Ŋu Wòle Be Nàbu

Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdzro wò ʋukuku ŋutetewo me kpɔ? Ðewohĩ àte ŋu abia tso xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe si ŋu nèdea bubui si be wòaɖo ʋua kpli wò ale be wòate ŋu alé ŋku ɖe wò ʋukuku ŋutetewo ŋu. Emegbe nàɖo to nyuie ase nya siwo wòagblɔ. Àte ŋu ana woafia ʋukuku si me woléa ŋku ɖe dedienɔnɔ ŋu le hã wò. Ʋukuku fiafia habɔbɔ geɖewo wɔa ɖoɖo ɖe ʋukuku fiafia ʋukula tsitsiwo ŋu. Nɔnɔme eve alo esi wu nenema si me wòsusɔ vie nàdze afɔku me toto ate ŋu anye dzesi si le fiafiam be wò ʋukuɖaŋuwo meganyo tututu abe alesi wònɔ va yi tsã o.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, anye nusi me nunya anɔ eye wòasɔ wu be nàdzudzɔ ʋukuku keŋkeŋ. Esia ate ŋu anye nyametsotso si ate ɖe dziwò. Myrtle, si míeyɔ va yi, nyae be ɣeyiɣi aɖe li gbɔna si me wòle be yeadzudzɔ ʋukuku kura. Esi ɣeyiɣia nɔ aƒe tum la, eva nɔ ʋu ɖom kple ame bubuwo geɖe wu esi eya ŋutɔ nakui. Aleke wòse le eɖokui me esi wòna be ame bubuwo naku eyama? Egblɔ be, “Nana be ame bubu naku wò naa dzi dzɔa ame esi nu magati kɔ na wò le ʋukuku me ta o.”

Ne èbu eŋu nyuie vɔ megbe la, àva se le ɖokuiwò me nenema ke. Nuƒeƒle, kuxi suesuewo gbɔ kpɔkpɔ, mɔzɔzɔ ayi teƒeteƒewo kple kpekpewo yiyi ɖekae kple xɔlɔ̃ aɖe ate ŋu anye nusi me vivisese le. Ðewohĩ xɔlɔ̃ aɖe ate ŋu azã wò ʋu atsɔ akɔ wò. Mɔzɔzɔ alea le dedie wu eye vivisese nɔa eme wu be wò ɖeka nàyi. Hahoo ʋuɖoɖo le afisi wòanya wɔ le hã nye tiatia nyui bubu si nàte ŋu awɔ. Vevienyenye si le ŋuwò menɔ te ɖe wò ʋukuɖaŋu dzi o. Nɔnɔme nyui siwo le asiwò ye na nèxɔ asi ŋutɔŋutɔ na wò ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo—kple Mawu siaa.—Lododowo 12:2; Romatɔwo 14:18.

Èɖanye ame tsitsi alo sɔhɛ o, èɖanye ʋukula si si nuteƒekpɔkpɔ le alo ʋukula yeye o, àte ŋu adze ʋufɔku bɔbɔe. Ele be nànya agbanɔamedzi gã siwo kpe ɖe ʋukuku ŋu. Ðɔ ŋu ɖo be nàɖe ʋufɔku dzedze dzi akpɔtɔ. Esia wɔwɔ ana nàkpɔ ɖokuiwò kple ame bubuwo ƒe agbe ta le etsɔ si gbɔna me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Kpɔ egbɔ be nèdɔ alɔ̃ wòsu wò nyuie le zã me

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Alɔ̃dɔdɔ vie le ŋkeke me ate ŋu ana nàtsi megbe ya, gake ate ŋu akpɔ amewo ƒe agbe ta

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ʋukula tsitsiwo kpɔ nuteƒe geɖe gake wodoa go kuxi tɔxɛwo hã

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Viɖe geɖe le ʋuɖoɖo kple zɔhɛ aɖe me