Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexlẽdzesiwo Ƒe Amebleŋusẽ

Xexlẽdzesiwo Ƒe Amebleŋusẽ

Xexlẽdzesiwo Ƒe Amebleŋusẽ

BU XEXE si me xexlẽdzesi mele o le susu me ŋu kpɔ. Ga manɔ anyi o. Nusi woate ŋu awɔ le asitsatsa me koe nye be woaɖɔ li nuwo le ame nɔewo ŋkume. Ke kamedefefewo ya ɖe? Xexlẽdzesi manɔmee la, womate ŋu aŋlɔ dzesi si ame aɖe xɔ la ɖi o, gawu la míate ŋu anya ame agbɔsɔsɔ si anɔ fefeha ɖeka me gɔ̃ hã o!

Gake le wo ŋudɔwɔwɔ le mɔ nyuitɔ nu alea megbe la, ame aɖewo bui be nya ɣaɣlawo ku ɖe xexlẽdzesiwo ŋu. Wosusui nenema elabena womate ŋu akpɔ wo kple ŋku o ke boŋ gɔmeseseŋkue wotsɔ kpɔa woe. Màte ŋu akpɔ xexlẽdzesiwo alo aka asi wo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me: Amadede, wɔwɔme, lolome, nɔnɔme, ʋeʋẽ, kple vivi tɔxɛ aɖe le apple (pomme) si. Àte ŋu adi nɔnɔme siawo le nane si ŋu nèke ɖo la ŋu anya nenye apple, alo dɔŋuti, bɔl, alo nu bubu aɖee. Gake xexlẽdzesi ya mele nenema o. Ne wotsɔ nane ƒomevi adre sɔ kple nu bubu ƒomevi adre la, womakpɔ ɖekawɔwɔ aɖeke le wo dome o—negbe nu adre siwo wonye la ko. Eyata be woase nusi xexlẽdzesiwo fia gɔme la fia be woatsɔ gɔmeseseŋku akpɔe vavã—le kpɔɖeŋu me ne wobe woade dzesi vovototo si le ade kple adre dome. Eye esiae naa amewo bunɛ be gɔmesese ɣaɣlawo le xexlẽdzesiwo ŋu.

Enye Pythagoras ƒe Nufiafia Kple Esi Wometu Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Dzi O

Ebubu be gɔmesese tɔxɛ bubu aɖe le xexlẽdzesiwo ŋu nye nuwɔna si bɔ ɖe blematɔwo dome. Pythagoras, si nye Helatɔ xexemenunyala aɖe kple akɔntanyala si nɔ anyi le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la, fia nu be woate ŋu azã xexlẽdzesiwo atsɔ adzro nusianu me. Eya kple eyomedzelawo xɔe se be xexeame katã le ɖoɖo nu eye nuwo do ƒome kple wo nɔewo. Ekema menye ɖe esia le fiafiam be woate ŋu akpɔ akɔntabubu mɔnu aɖe le ŋutilãmenuwo katã dome oa?

Tso keke Pythagoras ŋɔli ke la wozã xexlẽdzesiwo tsɔ gblɔa nya ɖi, tsɔ ɖea drɔ̃ewo gɔme eye wozãa wo hã tsɔ ɖoa ŋku nuwo dzi. Helatɔwo, Moslemtɔwo, kple Kristodukɔ me tɔwo hã wɔa wo ŋudɔ. Yudatɔ ƒe Nyaɣaɣlafialawo to xexlẽdzesifakaka aɖe si woyɔ be gematria dzi tsɔ xexlẽdzesi aɖewo ɖo ŋɔŋlɔdzesi 22 si wozãna le Hebrigbe me dometɔ ɖesiaɖe teƒe eye wotoa esia dzi gblɔna be yewoke ɖe gɔmesese ɣaɣlawo ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me.

Nenema ke egbegbe xexlẽdzesifakaka hã le. Zi geɖe la, wodzea egɔme tsoa wò ŋkɔ kple wò dzigbe dzi. Wotsɔa xexlẽdzesi aɖewo ɖoa ŋɔŋlɔdzesi siwo dze le wò ŋkɔ me la teƒe. Ne xexlẽdzesifakala bu esiawo—tsɔ kpe ɖe ɣleti kple ɣletiŋkeke si dzi wodzi wò ŋu la—eɖoa xexlẽdzesi vevi aɖe ɖi na wò. Emegbe eɖea xexlẽdzesi siawo gɔme le mɔ tɔxɛ aɖe nu si wòsena le eɖokui me bena wò tututu enye ma—si ƒe ɖewoe nye wò amenyenye, nusiwo dzroa wò si mele nyanya na wò o, tsɔ kpe ɖe nusi ava dzɔ ɖe dziwò le etsɔme ŋu.

Ðewohĩ nusi nana xexlẽdzesifakaka dzroa amewo koŋ enye eƒe numedzodzro si dzena abe nusi le eteƒe pɛpɛpɛ ene. Edward Albertson ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Prophecy for the Millions me be: “Ame geɖewo xɔ xexlẽdzesifakaka dzi se esi wokpɔ bena xexlẽdzesiawo ɖɔa amesiwo ŋu wowɔ numekukua le tututu ta.” Ke hã wogabua xexlẽdzesifakaka be enye nufiafia si wometu ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya dzi o. Nukata? Ðe susu aɖewo li si ta mele be nàka ɖe edzi oa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

ÐE GBEDASI ƔAƔLAWO LE BIBLIA MEA?

Nyadzɔdzɔŋlɔla Michael Drosnin gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Bible Code me be yeke ɖe gbedasi ɣaɣlawo ŋu to Hebri Ŋɔŋlɔawo me dzodzro le kɔmpiuta dzi me. Drosnin ƒe nya fia be “dzesia” na yekpɔ nyagbe “amewula si awu dumegã” tsɔ kpe ɖe ŋkɔ Yitzhak Rabin ŋu—eye eke ɖe esia ŋu ƒe ɖeka do ŋgɔ hafi wowu Israeltɔwo ƒe Dukplɔla Rabin.

Abe alesi woakpɔ mɔ be adzɔ godoo ene la, The Bible Code he tɔtɔ vi aɖe vɛ. Dave Thomas, akɔntanyala kple dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala ɖee fia be kɔmpiuta dzi nyamedzodzro ɖesiaɖe ate ŋu ana woake ɖe gbedasi ɣaɣla aɖewo ŋu. Esi Thomas dzro Drosnin ŋutɔ ƒe nya si wògblɔ me la, eke ɖe nya siwo nye “dzesi,” “movidzɔdzɔ,” kple “amefuflu” ŋu. Thomas gblɔ be: “Àte ŋu ake ɖe gbedasi ɣaɣlawo ŋu le nusianu me ne èle klalo be yeazã wò ɣeyiɣi kple ŋutete be nàke ɖe nu vovovowo siwo ate ŋu ava eme alo mava eme o ŋu ko.”

Le ŋutete si le kɔmpiuta si be wòabu akɔnta seɖoƒe manɔŋui ta la, mɔkpɔkpɔ li be ate ŋu aƒo ŋɔŋlɔdzesi aɖewo nu ƒu woazu nyagblɔɖi aɖe ƒomevi. Gake esia nyea nudogoɖenunu aɖe ko eye mefia be gbedasi ɣaɣlawo le Biblia me o. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Ne èdi nyatakaka bubuwo kpee la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 1, 2000, axa 29-31.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Pythagoras fia nu be woate ŋu atsɔ xexlẽdzesiwo adzro nusianu me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy National Library of Medicine