Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Gblẽ le Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi Ŋu?

Nukae Gblẽ le Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi Ŋu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukae Gblẽ le Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi Ŋu?

MAGAZINE nyanyɛ aɖe si wotana le Amerika gblɔ be: “Gbegblẽnyawo sese le telefon dzi va xɔ ɖe lɔlɔ̃lɛtawo ŋɔŋlɔ teƒe heva zu lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kadodomɔnu si sɔ na ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo gake wole teƒe didi tso wo nɔewo gbɔ.”

Nukae nye gbegblẽnyawo sese le telefon dzi? Eku ɖe nya ƒaƒã siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me gbɔgblɔ alo wo sese le telefon dzi ŋu. * Zi geɖe la, amesiwo ƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna sia me dɔa wo ɖokui gbɔ tsɔ tsia dzodzro si nyɔ ɖe wo me la nui. Eɖanye ame eve siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe alo amesiwo menya wo nɔewo kura o ye gblɔa gbegblẽnya siawo na wo nɔewo o, nuwɔna sia va zu nusi le ta kekem ŋɔdzitɔe. Le nyateƒe me la, ame aɖewo le boblo dom nuwɔna sia gɔ̃ hã.

Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Enye dzodzro nu tsitsi ƒe mɔnu si me afɔku mele o.” Edze abe ame geɖe lɔ̃ ɖe eƒe nukpɔsusua dzi ene. Le kpɔɖeŋu me, le October 2000 me, esi lãmesẽnyawo gbɔkpɔha aɖe si le Russia kpɔe be HIV dɔlékuia le ta kekem geɖe wu la, afɔ si woɖe enye be wodo boblo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me be amewo naƒo wo ɖokui ɖe gbegblẽnyawo sese le telefon dzi me atsɔ aɖi kɔ na woƒe dzodzrowo boŋ.

Gake nusi koŋ ta ame bubu aɖewo le boblo dom gbegblẽnyawo sese le telefon dzi enye ga si kpɔm wole tso eme. Gbegblẽnyawo sese le telefon dzi dɔwɔƒe—afisi amewo xea fe be woase gbegblẽnyawo le woƒe telefon dzi le—va zu dɔwɔƒe si kpɔa ga dɔlar biliɔn geɖe le United States ɖeɖe dzaa.

Nuka koŋ tae nuwɔna sia va bɔ ɖo? Agbalẽ si nye The Fantasy Factory gblɔe ale: “Afɔku le eme ne ame eve do go ŋkume kple ŋkume henyɔ dzodzro ɖe wo nɔewo me. Afɔkuawoe nye be woate ŋu axɔ dɔléle tso wo nɔewo gbɔ, bubu aklo le wo ŋu ne nuwɔnaa va dze go, vɔvɔ̃ li be amewo abu fɔ wo eye ate ŋu akplɔ wo ade nuwɔna ‘ɖigbɔwo’ me. Gbɔdɔnyawo sese le telefon dzi ɖea afɔkuawo dzi kpɔtɔna.”

Ele eme baa be amewo menɔa anyi ɖekae ŋutɔŋutɔ le gbegblẽnyawo sese le telefon dzi me o ya. Gake ɖe esia fia be naneke megblẽ le eŋu o alo be afɔku aɖeke mele eme oa?

Ðe Afɔku Mele Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi me Oa?

Sɔhɛmenɔɣi koŋue gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna ɖe ame me. Biblia yɔ ɣeyiɣi sia si gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna wu be ‘ɖekakpuimenɔɣi.’ (Korintotɔwo I, 7:36) Le agbe me ɣeyiɣi vevi sia me la, ele be sɔhɛ Kristotɔ nasrɔ̃ alesi “wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me.” (Tesalonikatɔwo I, 4:4) Esia fia be ele be nàsrɔ̃ alesi nànɔ te ɖe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si anyɔ ɖe mewò nu ahaɖu edzi. Esia le vevie be gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu si nyo heda sɔ nate ŋu asu ame si.

Gake gbegblẽnyawo sese le telefon dzi fiaa alesi woaɖi kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, ke menye alesi woaɖu dzodzroa dzii o. Gawu la, edoa ŋutsuwo alo nyɔnuwo ŋuti nukpɔsusu ƒaƒã, si mesɔ o, ɖe ŋgɔ. Biblia fia be srɔ̃ɖeɖe me dzaa koe wòle be woase vivi le gbɔdɔdɔ me le. (Hebritɔwo 13:4) Gake gbegblẽnyawo sese le telefon dzi ya dea dzi ƒo na sɔhɛwo be woase gbɔdɔdɔ ƒe vivi esime womeɖe srɔ̃ haɖe o. Nusi Biblia fia enye be nana mee dzidzɔ vavã le—menye xɔxɔ me o. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Gbegblẽnyawo sese le telefon dzi ya fiaa alesi woato ame bubuwo dzi aɖi kɔ na ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowoe. Biblia ƒe nufiafia enye be srɔ̃tɔwo nalɔ̃ wo nɔewo ahaka ɖe wo nɔewo dzi bene woase vivi le ɖekawɔwɔ vavãtɔ me. (Efesotɔwo 5:22, 33) Gake gbegblẽnyawo sese le telefon dzi ya doa ɖekematsɔmatsɔ le amewo me kple bebemenuwɔna ɖe ŋgɔ.

Enye Numame si Gblẽa Nu

Blemadu Korinto xɔ ŋkɔ be enye afisi agbegbegblẽnɔnɔ xɔ aƒe ɖo. Eyata susu nyui aɖe tae apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ afima be: “Ke mele vɔvɔ̃m bena, ame aɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?” (Korintotɔwo II, 11:3) Gbegblẽnyawo sese le telefon dzi va zu mɔnu aɖe si zãm Satana Abosam le be yeatsɔ agblẽ egbeviwo dome.

Kaƒoƒo be woase telefon dzi gbegblẽnyawo va zu numame na sɔhɛ aɖewo. Sɔhɛ aɖe si míayɔ be Jim ƒe kpɔɖeŋu ɖe alesi esia ate ŋu ava zu “numame” na ame aɖewoe fia. Jim kpɔ gbegblẽnyawo sese to telefon dzi ƒe xexlẽdzesi aɖe le mɔdodo dzi boblodoʋuƒo aɖe dzi. Elé xexlẽdzesia ɖe susu me eye emegbe wòɖoe be yeaƒo kaa akpɔ ɖa ko. Emegbe eva nɔ ka ƒom ɖo ɖe afima edziedzi. Eteƒe medidi o, eƒe kaƒoƒo ŋuti fe si woɖo ɖee ƒe home va yi dɔlar 600!

Gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nyɔnyɔ ɖe ɖokuiwò me esime mèɖe srɔ̃ o la tsi tre ɖe nuxlɔ̃ame si le Mawu ƒe Nya la me ŋu. Woxlɔ̃ nu mí be: “Miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃.”—Kolosetɔwo 3:5.

Afɔku Siwo Le Eme le Zɔzɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Me

Ke sɔhɛ siwo do ŋugbe be yewoaɖe yewo nɔewo ya ɖe? Nyateƒee wònye be esɔ be amesiwo lɔ̃ wo nɔewo nadi be yewoaɖe yewoƒe seselelãmewo agblɔ na wo nɔewo. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ɖetugbi Mawu-vɔ̃la aɖe gblɔ tso eƒe ŋugbetɔ ŋu be: “Nye lɔlɔ̃tɔ tɔ menye, eye yonyeme mɔ dim wòle.” (Hawo ƒe Ha 7:11) Ne ŋugbetɔ aɖewo ƒe srɔ̃ɖeɣi gogo la, esɔ be woaɖo dze tso nya aɖewo siwo ku ɖe woƒe seselelãmewo ŋu. Gake ɖe gbegblẽnyawo gbɔgblɔ le telefon dzi nye mɔnu si sɔ si dzi woato agblɔ woƒe seselelãmewoa?

Ao. Ele be amesiwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔ̃ hã nawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpenanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ. Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si sɔ kple trɔ̃subɔla la, domenyinyi aɖeke meli na wo dometɔ aɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.”—Efesotɔwo 5:3-5; Kolosetɔwo 3:8.

Edze ƒã be nya siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu siwo woaɖo koŋ agblɔ atsɔ anyɔ agbegbegblẽnɔnɔ alo ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me nye nya makɔmakɔwo le Yehowa ŋkume. Ate ŋu akplɔ ame ade Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi dada si ganye ŋkubiãnya wu me gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ŋugbetɔ eve aɖewo siwo le teƒe didi tso wo nɔewo gbɔ ɖoa dze edziedzi. Gbã la, woƒoa ka na wo nɔewo edziedzi ɖoa dze le telefon dzi be woatsɔ adze si wo nɔewo nyuie wu. Gake eteƒe medidi o, wova nɔ gbegblẽnyawo gblɔm. Woƒe dzeɖoɖoa va gblẽ ɖe edzi kura. Eyata mewɔ nuku o be esi wòva dzɔ be wodo go ŋkume kple ŋkume la, enumake wonɔ agbegbegblẽ.

Mí amesiwo di be míawɔ nusi dzea Mawu ŋu ya míawɔ nusianu si míate ŋui aƒo asa na gbegblẽnyawo sese le telefon dzi alo wo gbɔgblɔ ƒe mɔ̃ la godoo. Aleke míate ŋu awɔ esia dzidzedzetɔe?

‘Zi Ðokuiwò Dzi’

Gbegblẽnyawo sese le telefon dzi ate ŋu ava zu numame. Ehiã be ‘míaƒo míaƒe ŋutilã ahawɔe kluvii’ bene Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Korintotɔwo I, 9:27) Ne èsea gbegblẽnyawo le telefon dzi la, ke nukata màna woakpe ɖe ŋuwò o? Afɔɖeɖe nyui gbãtɔ enye be nàgblɔe na dziwòla Kristotɔwo. Ẽ, anɔ eme be woado dziku ɖe ŋuwò ya. Gake anye hã be woawoe dze wu ana kpekpeɖeŋu si nèhiã la wò ahanɔ ŋku lém ɖe ŋuwò ale be màgaƒo ɖokuiwò ɖe eme ake o. Hamemegã siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le mia gbɔ me hã alɔ̃ faa ana kpekpeɖeŋu wò.

Ne mia kple ame aɖe miele zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, miɖoe kplikpaa be mianɔ agbe dzadzɛ, ne telefon dzie miele dze ɖom le gɔ̃ hã. Kristotɔ nyɔnu aɖe si wodo ŋugbe na si ŋkɔe nye Leticia gblɔ be: “Mía kple nye ŋugbetɔ míexlẽ nyati siwo nɔ te ɖe Biblia dzi siwo ƒo nu tso agbedzadzɛnɔnɔ ŋu. Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi wokpe ɖe mía ŋu míelé dzitsinya dzadzɛ me ɖe asii ŋu.” Na dzi nenɔ ƒowò nàtrɔ dzeɖoɖoa ne eva ku ɖe gbegblẽnyawo ŋu. Miƒo nu tso alesi wòhiã be miana miaƒe dzeɖoɖowo nanɔ dzadzɛ ŋu na mia nɔewo.

Le dukɔ aɖewo me la, wodoa boblo gbegblẽnyawo sese le telefon dzi le television dzi ne zã tsi. Ðewohĩ nu nyuitɔe nye be nàtsri television kpɔkpɔ ne zã tsi. Esi wònye be ɖokuigbɔdɔdɔ nyɔa agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susuwo ɖe ame me geɖe wu, ke menye be wòatsi dzodzroa nu o ta la, ehiã vevie be nàtsri nuwɔna ma keŋkeŋ. * Àte ŋu aɖe nuŋububu makɔmakɔwo ɖa le susu me to ŋugbledede le nusiwo le dzadzɛ ŋu. (Filipitɔwo 4:8) De ha kple xɔlɔ̃ siwo ƒe nuƒoƒo le dzadzɛ, eye xlẽ Mawu ƒe Nya kpakple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo gbesiagbe nàtsɔ ado ŋusẽ wò tameɖoɖo be yeanɔ dzadzɛ. Nusiawo wɔwɔ ana màɖe mɔ agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susuwo naƒo ɖi wò tamebubu o. Vevietɔ wu la, do gbe ɖa na Mawu nàbia eƒe kpekpeɖeŋu. Apostolo Petro ŋlɔ be: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—Petro I, 5:6, 7.

Ðetugbi Kristotɔ aɖe si tso Brazil gblɔ be: “Nyaƒoɖeamenu si sɔhɛwo doa goe be woaƒo wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me la nu sẽna ŋutɔ.” Gake Yehowa nya kuxi siwo nèdoa goe. Na kakaɖedzi nenɔ asiwò be ana kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si nàhiã la wò be nàyi edzi anɔ dzadzɛ le eŋkume.—Efesotɔwo 6:14-18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Nuwɔna manyomanyo bubu aɖe si sɔ kplii, si nye kɔmpiuta dzi gbɔdɔnyawo kpɔkpɔ, hã yia edzi toa Internet kadodomɔnu dzi si me amewo ƒoa nu tsoa gbegblẽnyawo ŋu le.

^ mm. 24 Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 198-211, hena aɖaŋuɖoɖowo ku ɖe alesi nàɖu ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe dzodzro dzi ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Ele be amesiwo do ŋugbe na wo nɔewo nakpɔ nyuie be woƒe dzeɖoɖo nagatrɔ zu gbegblẽnyawo o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Gbegblẽnyawo sese le telefon kple Internet dzi nye nuwɔna si le ta kekem

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mawu ƒe Nya la kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ ado ŋusẽ wò tameɖoɖo be nànɔ dzadzɛ