Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ​—Viɖenu Ŋutɔŋutɔe Wònyea?

Mɔkpɔkpɔ​—Viɖenu Ŋutɔŋutɔe Wònyea?

Mɔkpɔkpɔ​—Viɖenu Ŋutɔŋutɔe Wònyea?

ƑE EWO koe Daniel xɔ ɣemaɣi, gake kansa ɖe kpe nɛ ƒe ɖekae nye ma. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe ɖevi sia ƒe ɖɔktawo, ƒometɔwo, kpakple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo siaa. Gake Daniel ya mebu mɔkpɔkpɔ o. Exɔe se be yeatsi ava zu numekula eye yeakpe asi ɖe numekulawo ŋu woakpɔ atike na kansa gbeɖeka. Enɔ mɔ kpɔm na ɖɔkta aɖe si te ŋu daa kansa si ƒomevi nɔ fu ɖem nɛ la ƒe vava vevie eye wòka ɖe edzi be ne eva la, yeakpɔ gbedada godoo. Gake esi gbemagbe ɖo la, xexeme ƒe makɔmakɔ wɔe be ɖɔkta la mete ŋu va o. Ðeko dzi ɖe le Daniel ƒo. Emae nye zi gbãtɔ si eƒe lãme fa zi ɖeka nenema kpɔ. Eku le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko megbe.

Lãmesẽ dɔwɔla aɖe si srɔ̃ nu tso nusi mɔkpɔkpɔnɔamesi alo mɔkpɔkpɔmanɔamesi wɔna le ame ƒe lãmesẽ ŋue gblɔ nya sia si dzɔ ɖe Daniel dzi. Ðewohĩ èse ŋutinya siawo tɔgbe kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, àse be ame tsitsi aɖe si ɖo kudonu la di vevie be yeakpɔ nudzɔdzɔ aɖe si yenɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe—ate ŋu anye ƒometɔ aɖe ƒe sasrãkpɔ alo azã aɖe ɖuɖu. Zi geɖe la, amea kuna ne nusi wòle mɔ kpɔm na vevie nya va yi ko. Nuka gbɔe wòtsona nenema? Ðe mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi vevie nenema gbegbe abe alesi ame aɖewo xɔe se enea?

Atikewɔwɔ ŋuti numekula siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ƒe nyawo fia be kaka ɖe edzi be nu nyuiwo ava, mɔkpɔkpɔ, kple seselelãme nyui bubuwo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame ƒe agbe kple lãmesẽ dzi. Gake woƒe nu mesɔna kura le nya sia me o. Numekula aɖewo gbea nya siawo xɔxɔ eye wogblɔna be nyakpakpa siwo mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o koe wonye. Woƒe nukpɔsusue nye be nane kokokoe wɔa ame hafi wodzea dɔ.

Ele eme baa be menye nu yeyee wònye be wole ɖi kem le mɔkpɔkpɔ ƒe amesinɔnɔ ƒe vevienyenye ŋu o. Ƒe akpe nanewoe nye sia la, wobia Helatɔ xexemenunyala Aristotle be wòagblɔ nusi tututu mɔkpɔkpɔ nye eye wòɖo eŋu be: “Ame nɔŋu ƒe drɔ̃ekukue.” Eye le ɣeyiɣi si gagogo mí wu me la, Amerika dumemegã Benjamin Franklin gblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Ðeko amesi ɖoa ŋu ɖe mɔkpɔkpɔ ŋu anɔ mɔ kpɔkpɔ dzi nu nati kɔ na eya ŋutɔ.”

Ke nuka koŋue nye nyateƒea ku ɖe mɔkpɔkpɔ ŋu? Nudzroame, alo akɔfafa didi le nusiwo mate ŋu ava eme o me, koe wònyea? Alo ɖe susu nyui aɖe li si tae míabu mɔkpɔkpɔ be menye nudzroame ko o—ke boŋ be nane si míehiã hena míaƒe lãmesẽ me nɔnɔ, dzidzɔkpɔkpɔ, ẽ, nu ŋutɔŋutɔ si ɖea vie wònyea?