Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nuwo Anyo Le Etsɔme Wua?

Ðe Nuwo Anyo Le Etsɔme Wua?

Ðe Nuwo Anyo Le Etsɔme Wua?

Alesi etsɔme ava nɔ ŋu bubu nye nusi ŋu amewo tsi dzi ɖo vevie. Mía dometɔ kae madi be yeanya nusi yeava wɔ le ɣleti si gbɔna, ƒe si gbɔna, alo ƒe ewo siwo gbɔna kura gɔ̃ hã me oa? Aleke nɔnɔmeawo ava nɔ le ƒe 10, 20, alo 30 siwo gbɔna me le nu geɖe gome?

ÐE MƆKPƆKPƆ le asiwò be nuwo ava nyo le etsɔmea? Ame miliɔn geɖe le mɔ kpɔm nenema, eye míate ŋu ama wo ɖe hatsotso eve me: amesiwo gblɔna be kpeɖodzi sẽŋuwo li si ta yewoxɔe se be nuwo ava nyo, kple amesiwo xɔe se be nuwo gbɔna nyonyo ge le esi alesi nɔnɔmeawo le ŋutɔŋutɔ ŋu bubu ɖia vɔvɔ̃ na wo ta.

Nyateƒee, ame aɖewo meka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖeke li gbɔna o. Wo dometɔ aɖewoe nye dzɔgbevɔ̃e gblɔɖilawo, siwo nɔ boblo dom be míaƒe anyigbaa ava tsrɔ̃ le xexeame katã ƒe afɔku gã aɖe me. Le woƒe nukpɔsusu nu la, agbetsilawo masɔ gbɔ o, ne ame aɖe atsi gbe kura gɔ̃ hãe nye ma.

Etsɔme kae wò ya nèle mɔ kpɔm na? Dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃e nèle mɔ kpɔm na loo alo ŋutifafa kple dedienɔnɔ boŋ ye? Ne eveliae nèle mɔ kpɔm na la, ke nuka dzie wò mɔkpɔkpɔa nɔ te ɖo—ɖeko wòdzro wò be neva eme nenema loo alo kpeɖodzi sẽŋu aɖe le àsiwò?

To vovo na dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃ gblɔɖilawo la, Nyɔ! talawo ya mexɔe se be ameƒomea katã gbɔna tsɔtsrɔ̃ ge o. Ðe ema teƒe la, Biblia gblɔ nusitae míaxɔe ase be etsɔme nyui aɖe li gbɔna ɖo.—g1/06.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

U.S. Department of Energy photograph