Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyemeganye Kluvi Na Aha Muame O

Nyemeganye Kluvi Na Aha Muame O

Nyemeganye Kluvi Na Aha Muame O

Aha muame nono ɖe ŋku nu ate ŋu ana nuɖuɖu navivi ame nu, alo ado dzidzɔ na ame le azãɖuƒewo. Gake le ame aɖewo gome la, aha muame nono zu kuxi gã aɖe na wo. Bu ŋutsu aɖe si va vo tso aha muame zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ƒe kluvinyenye me la ƒe ŋutinya ŋu kpɔ.

FIFI laa kura gɔ̃ hã la, esesẽna nam be maƒo nu tso nu gbegblẽ siwo nɔa edzi yim le míaƒe aƒe me la ŋu. Papa kple Dada ate aha nono. Kasia Papa aƒo Dada. Zi geɖe la, nyee eƒe alɔ va dzena. Ƒe ene koe mexɔ esime woɖoe be yewoaklã. Meɖo ŋkui be wokplɔm yi ɖada ɖe mamanye gbɔ kpɔ.

Mese le ɖokuinye me be wometsɔ ɖeke le eme nam o. Esime mexɔ ƒe adre la, metoa nuxanuxa yia nudzraɖoƒexɔ me ɖanoa wein, si míewɔna le aƒe me la, eye ewɔna nam abe ɖe nye blanuilélea dzi ɖena kpɔtɔ ene. Esime mexɔ ƒe 12 la, danye kple mamanye wowɔ dzre ɖe tanye vevie gbe ɖeka. Dada do dziku vevie ale gbegbe be wòtsɔ gaflo gã lɔbɔ aɖe dam. Medze agbagba de axa nɛ! Menye zi ɖeka ma koe nye agbe ɖo afɔku me o. Ke hã, abi siwo wode ŋunye le ŋutilã me ƒe vevesese mede esiwo wode ŋunye le seselelãme gome nu o.

Esime mexɔ ƒe 14 la, menoa aha gbe sia gbe. Meva si dzo le aƒe me mlɔeba esime mexɔ ƒe 17. Ahanono na meva sena le ɖokuinye me be nyemele ame aɖeke ƒe ŋusẽ te o, eye meva zu adãnuwɔla, henɔa fu ɖem na amewo le ahanoƒe siwo le nutoa me. Ahanono koe nye nu ɖeka pɛ si doa dzidzɔ nam le agbe me. Le ŋkeke ɖeka pɛ ko me la, mete ŋu noa wein lita atɔ̃, biya atukpa ʋɛ aɖewo, kple aha sesẽ bubuwo hã.

Esi meva ɖe srɔ̃ la, nye ahanonoa va zu kuxi gã aɖe na srɔ̃nye. Dzikuléle ɖi kple dɔmedzoedodo va xɔ aƒe ɖi, eye meƒoa woa kple ɖeviawo siaa, si wɔe be nɔnɔme gbegblẽ si me metsi ɖo la va xɔ aƒe ɖe nye ƒomea me. Aha koe metsɔa ga siwo katã kloe mekpɔna la nona. Xɔmenu aɖeke menɔ mía si o, eya ta anyigbae mía kple srɔ̃nye míemlɔna. Gɔmesese aɖeke menɔ nye agbe ŋu o, eye nyemewɔa naneke be matsɔ aɖɔ míaƒe nɔnɔmea ɖo o.

Meva ɖo dze kple Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖe gbe ɖeka. Esi mebiae be nu ka tae fukpekpe bɔ alea gbegbe ɖo hã la, Ðasefoa zã Biblia tsɔ ɖe nu me nam heƒo nu tso xexe si me fukpekpe aɖeke maganɔ o ƒe ŋugbe si Mawu do la ŋu nam. Esia ʋãm mena Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Esi metsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔ dɔe heɖe nye ahanonoa dzi kpɔtɔ la, míaƒe ƒomegbenɔnɔa va nyo ɖe edzi geɖe ŋutɔ. Ke hã, mede dzesii be, ne medi be masubɔ Yehowa Mawu le mɔ si adze eŋu nu la, ele be maɖu aha tsu nono ƒe kuxia dzi. Le avuwɔwɔ ɣleti etɔ̃ megbe la, meva vo tso aha muame si me. Le ɣleti ade megbe la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe edzi.

Esi mevo tso aha muame ƒe kluvinyenye me vɔ megbe la, mete ŋu xe fe siwo katã menyi la. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, meva ƒle aƒe kple ʋu si míezãna tsɔ yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple tso aƒe me yi aƒe me ƒe subɔsubɔdɔa wɔƒe. Amewo va dea bubu ŋunye mlɔeba.

Ne míeyi hadomemodzakaɖeƒewo ɣeaɖewoɣi la, wonanam aha be mano. Ame geɖe menya avu si gbegbe mewɔ kple aha geɖe nono va yi, eye be, enono zi ɖeka pɛ ko ate ŋu ana be maganyrɔ ɖokuinye ɖe eme abe tsã ene o. Aha gadzroam kokoko. Ehiã be mado gbe ɖa kutrikukutɔe ahaɖoe kplikpaa ate afɔ ɖe to sesĩe agbe enono. Ɣesiaɣi si aha dzrom la, menoa aha vivi ale si nu mate ŋui. Ƒe ewo sɔŋue nye esia si nyemegade nu aha muame aɖeke me kpɔ o.

Yehowa ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ ya mate ŋu awɔ o. Ekpe ɖe ŋunye mekpɔ ablɔɖe aɖe si nyemexɔe se kpɔ be ate ŋu asu asinye o! Nu siwo gblẽ le ŋunye le seselelãme gome le ɖevime la gaɖea fu nam kokoko, eye meyi edzi le avu wɔm kple seselelãme gbegblẽwo. Le go bubu me la, edzɔa dzi nam be mele ƒomedodo nyui me kple Mawu kpakple xɔlɔ̃ vavã siwo le hamea me, eye be, ƒome kpɔdzidzɔ si wɔ ɖeka le mawusubɔsubɔ me la va su asinye. Srɔ̃nye kple vinyewo kpena ɖe ŋunye tso dzi blibo me le avu si wɔm mele kple aha muame la me. Srɔ̃nye gblɔ be: “Tsã la, agbenɔnɔ sesẽ nam ŋutɔ. Egbea la, meda akpe na Yehowa geɖe ŋutɔ be mete ŋu le dzidzɔ kpɔm le ƒomegbenɔnɔ me kple srɔ̃nye kpakple vinye eveawo.”—Ame aɖee ŋlɔe míeta.g5/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Esime mexɔ ƒe 14 la, menoa aha gbe sia gbe

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Yehowa ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ ya mate ŋu awɔ o

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

NU SI BIBLIA GBLƆ TSO AHA MUAME ŊU

▪ Biblia mede se ɖe aha muame nono nu o. Egblɔ be “wein doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi” eye be nunanae wònye tso Mawu gbɔ na amegbetɔwo. (Psalmo 104:14, 15) Biblia ƒo nu tso wein ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hã be enye nudzedziname kple dziɖeɖi ƒe dzesi. (Mixa 4:4) Le nyateƒe me la, nukunu gbãtɔ si Yesu Kristo wɔe nye be etrɔ tsi wòzu wein le srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuƒe. (Yohanes 2:7-9) Eye esime apostolo Paulo se Timoteo ƒe “lãmegbegblẽ enuenu” ŋuti nya la, eɖo aɖaŋu nɛ be ‘wòano wein vi aɖe.’—Timoteo I, 5:23.

▪ Nu si Biblia tsrie nye ahamumu alo aha tsu nono:

“Ahamulawo . . . manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome gbeɖe o.”—Korintotɔwo I, 6:9-11, “The Jerusalem Bible.”

“Migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o.” —Efesotɔwo 5:18.

“Amekae ɖea hũ? amekae sea veve? amekae xaa nu? amekae xɔa abi yakatsyɔ? ameka ƒe ŋku dzie wɔna dɔ̃? Amesiwo tsia wein te dedie la tɔe; amesiwo yina, be woade nu aha, si wotɔtɔ me akpɔ la tɔe. Megaɖe ŋku ɖe wein, alesi wòbiã kple alesi wòle dzo sim le kplu me kpakple alesi wominɛ wɔli la o. Ke emegbe la eɖua ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm.”—Lododowo 23:29-33.

Abe ale si míekpɔe le nyati si le etame me ene la, ame aɖewo siwo aha muame zazã nye kuxi na tsã la ɖoe wo ɖokuiwo dzi nunyatɔe be yewoatsrii keŋkeŋ.—Mateo 5:29.