Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Oo Mawu, Gblɔ Nya Aɖe Nam!”

“Oo Mawu, Gblɔ Nya Aɖe Nam!”

“Oo Mawu, Gblɔ Nya Aɖe Nam!”

● Nyɔnu aɖe si wɔa dɔ le wɔametɔwo ƒe suku aɖe le Mexico la ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le dukɔ ma me. Egblɔ be: “Danye lɔlɔ̃a ku le May 9. Melé blanui ale gbegbe. Esi wòsusɔ ɣleti ʋɛ aɖewo wòaku la, meku nu me le ku kple ale si woawɔ anɔ te ɖe ame vevi ƒe ku nu ŋu be matsɔ afia nu sukuviwo. Mesusu be aɖe vi na nye ŋutɔ hã, gake meɖe vi aɖeke nam o.”

Esi wònɔ nu xam la, edo gbe ɖa na Mawu gbe ɖeka be: “Oo Mawu, gblɔ nya aɖe nam!” Egblɔ be: “Zã ma me la, mexlẽ agbalẽ si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. Àsusu be nyee woŋlɔe na. Wogblɔ le eme be, naneke megblẽ le eŋu be nàfa avi ne ame ku na wò o. Le agbalẽa ƒe akpa si ƒe tanyae nye: ‘Aleke Mawɔ Anyi Nanya Nɔ Nam le Nye Nuxaxa la Me?’ la, wogblɔ be: ‘Mègabu gbedodoɖa nu tsɛe o. . . . Kpekpeɖeŋu si Mawu nana la naa nɔnɔmewo trɔna vavã. . . . Nyateƒee, Mawu ƒe kpekpeɖeŋu meɖea vevesesea ɖa ya o, gake enaa wònya tsɔna wu. Mefia be màgafa avi o alo nàŋlɔ wò amea be o. Gake ana nàgaɖo wò nɔnɔ.’ Nya mawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.”

Ne ame vevi aɖe ku na wò hã, eye nèdi be woafa akɔ na ye la, ekema axa 32 gbalẽ si ƒe tanyae nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku xexlẽ afa akɔ na wò ŋutɔ alo wò ame nyanyɛ aɖe.

Àte ŋu adɔ agbalẽ sia ƒe ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs siwo le magazine sia ƒe axa 5 lia la dometɔ si sɔ na wò.

□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ɖeka ɖem femaxee. Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si me nèdii le.

□ Miva wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kplim femaxee.