Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Agbalẽ Si Le Ŋuwò La Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Agbalẽ Si Le Ŋuwò La Ŋu

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Agbalẽ Si Le Ŋuwò La Ŋu

● Afrika, Anyiehe Asia, Carib nutowo kple Asia ƒe ɣedzeƒe nutowo me tɔ aɖewo susuna be ame siwo ƒe agbalẽ me klẽ lae nu dzea edzi na, eye woawoe nya kpɔ. Esia ta ŋutsu kple nyɔnu gbogbo aɖewo koa ŋuti le dukɔ mawo me—gake ɣeaɖewoɣi la, egblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu.

Atike aɖe le ami siwo wotsɔna koa ŋuti la dometɔ aɖewo me, si woyɔna be hydroquinone; atike sia wɔnɛ be lãmenugbagbevi siwo nana ŋutinu aɖewo nɔa yibɔ la megadzina sɔgbɔ o, ale be ŋutilã la megatea ŋu nɔa te ɖe ɣe ƒe keklẽ sesẽwo nu o. Azɔ hã, atike sia ɖoa ame ƒe lã me, eye ate ŋu agblẽ lãmenugbagbevi siwo lé míaƒe lãmenuwo ɖe wo nɔewo ŋu la dome keŋkeŋ. Kaka nàkpɔa, amea ku amegã alo nyagã ɖe tsitrenu. Atike sia ate ŋu ana kansa hã. Atike aɖe le ami siwo wotsɔna koa ŋuti la dometɔ bubu aɖewo hã me, si woyɔna be mercury, eye eya hã dea aɖi lã me na ame.

Nu siwo ami siawo zazã edziedzi ate ŋu agblẽ le ame ŋu la dometɔ bubuwo hãe nye nutsetse siwo gblẽa ŋuti na ame, ale si ame ƒe ŋuti aɖe bo ŋɔtaŋɔta, ale si ŋutigbalẽa va gbɔdzɔna ale gbegbe be ne wowɔ dɔ na amea le kɔ dzi la, eƒe ŋutilã menya tɔna o. Eye ne atike siwo le ami siawo dometɔ aɖewo me la ge ɖe ʋu me na ame la, woate ŋu agblẽ amea ƒe aklã, ayiku, alo ahɔhɔ̃—ate ŋu ana lãmenu siawo nadzudzɔ dɔwɔwɔ kura gɔ̃ hã.

Eɖi kokoe ŋutɔ be, esi agbalẽ yi tɔwo di be yewoƒe agbalẽ me naklẽa, ame siwo ƒe agbalẽ me klẽ la dometɔ geɖe hã siaa wo ɖokuiwo ɖe ŋdɔkutsu nu be yewoƒe agbalẽ me nanɔ yi. Nyateƒee, ŋdɔkutsu nu nɔnɔ vie nyo na ŋutilã ya. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ana vitamin D nasɔ gbɔ ɖe lã me na ame. Gake ame ɖokui siasia ɖe ŋdɔkutsu nu akpa, vevietɔ ne ŋdɔkutsua nu sẽ la, ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Ne ame si ƒe agbalẽ me klẽ la nɔ ŋdɔkutsu nu ale gbegbe be eƒe agbalẽ va trɔ yii la, efia be ŋdɔkutsua gblẽ nu le eƒe ŋutilã ŋu xoxo, eye esi ŋutilãa le agbagba dzem be yeanɔ te ɖe ŋdɔkutsua ƒe keklẽ sesẽ bubuwo nu tae wòtrɔ yii ɖo. Gake ŋutilãa metea ŋu kpɔa eɖokui ta alea wòdidina o. Togbɔ be ami aɖewo sisi ate ŋu akpɔ ame ta tso ŋdɔkutsu ƒe keklẽ nu hã la, womate ŋu akpɔ ŋutilãa ta keŋkeŋ o, eye womate ŋu anɔ te ɖe kansa aɖewo ƒomevi, abe ŋutigbalẽ ŋu kansa ene, nu o.

Eya tae Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ɖo aɖaŋu be “woakpe ɖe ame sia ame ŋu wòase egɔme be agbalẽ si le ye ŋu tso dzɔdzɔme la nyo,” elabena esia “le vevie ŋutɔ ne míedi be míakpɔ mía ɖokui ta tso nu siwo ŋdɔkutsu ate ŋu agblẽ le mía ŋu la me.” Gake ame siwo dze nunya vavã la tsia dzi ɖe nu si Biblia yɔ be “dzi me ƒe ame ɣaɣla” boŋ ŋu, elabena ne wotrɔ asi le eya ŋu la, ava nya kpɔ wu. Eye togbɔ be ŋutigbalẽ ate ŋu ava lé ayi hã la, eya nu meyina o.—1 Petro 3:3, 4; Lododowo 16:31.—g10-E 05.