Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Nyatakakadzraɖoƒe Si Nyo Na Ame Sia Ame

Nyatakakadzraɖoƒe Si Nyo Na Ame Sia Ame
  • XLẼ Biblia le gbegbɔgblɔ abe 50 ene me kple nya siwo wotu ɖe Biblia dzi le gbegbɔgblɔ siwo wu 500 me.

  • KPƆ tokunɔgbemevideo le gbegbɔgblɔ siwo ade 70 kloe me.

  • ƲU nyatakakadzraɖoƒea le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me.

  • SE drama siwo ku ɖe Biblia me nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziwo ŋu.

  • XLẼ nɔnɔmetatawo ŋuti nya siwo ana nàkpɔ Biblia me nudzɔdzɔwo ɖaa le susu me.

  • KPƆ video siwo wotu ɖe Biblia me nudzɔdzɔwo dzi siwo àkpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemekuxiwo nu.

  • agbalẽwo, magazinewo, hadzidziwo kple nu bubu siwo woxlẽ helé ɖe mɔ̃ dzi la ƒe kɔpi femaxee.

  • KU nu me tso nyati geɖewo ŋu le Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE—afi si nàkpɔ nyatakaka gbogbo aɖewo le, ele gbegbɔgblɔ 100 kple edzivɔwo me fifia.

 ENYO NA SRƆ̃TƆWO

“Medi be nye ƒomea nakpɔ dzidzedze. Kuxi aɖewo nɔ nye kple srɔ̃nye dome, kuxi siawo va do fievo vevietɔ tso esime míete vidzidzi. Míehiã kpekpeɖeŋu”

BIBLIA GBLƆ BE:

“Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee.”—Lododowo 24:3.

NU NYUI SIWO LE NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Akpa si nye “Couples & Parents” akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxi siawo nu:

  • Ale si srɔ̃tɔ yeyewo awɔ ato ƒe gbãtɔ me ado dedie

  • Ale si nàwɔ nu ɖe towò kple lɔ̃xowò ŋu

  • Hehenana ɖeviwo

  • Nyahehe

  • Ale si nàkpɔ ganyawo gbɔ

(Ele yevugbe me. Àkpɔe le BIBLE TEACHINGS > COUPLES & PARENTS alo LA BIBLE ET VOUS > COUPLES & PARENTS)

Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona nye agbalẽ si ƒo nu tso ƒomenya geɖewo ŋu. Nyati siwo le eme dometɔ aɖewo ku ɖe ale si nàdzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu kple ale si nàkpɔ dziwòla tsitsiwo dzi.

(Àte ŋu akpɔe le www.ps8318.com. Àkpɔe le yevugbe me le PUBLICATIONS > BOOKS & BROCHURES alo PUBLICATIONS > LIVRES & BROCHURES)

 ENYO NA DZILAWO

“Vinyewo le vevie nam wu nu sia nu. Medi be woava nye ame ɖɔʋu siwo ŋu mate ŋu aƒo adegbe le”

BIBLIA GBLƆ BE:

Mla ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

NU NYUI SIWO LE NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Àkpɔ nɔnɔmetata siwo ƒe ŋutinya le Biblia me, nɔnɔmetata ƒe dɔdeasiwo, videowo kple Biblia nusɔsrɔ̃ le akpa si nye “Children” alo “Enfants” siwo nàte ŋu azã atsɔ afia nu viwòwo . . .

  • woanye toɖolawo

  • woanyo dɔme na amewo

  • woanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me

  • woasrɔ̃ ale si woada “akpe”

(Ele yevugbe me. Àkpɔe le BIBLE TEACHINGS > CHILDREN alo LA BIBLE ET VOUS > ENFANTS)

Nɔnɔmetata nyakpɔwo le Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo kple Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ gbalẽawo me siwo nàte ŋu azã atsɔ afia nu viwòwo.

(Àte ŋu akpɔe le www.ps8318.com. Àkpɔ wo le AGBALẼWO > AGBALẼWO & AGBALẼ GBADZAWO)

 ENYO NA SƆHƐWO

“Medi mɔfiame siwo ku ɖe sukunyawo kple ale si mawɔ nu kple dzinyelawo, xɔ̃nyewo, kple nyɔnuviwo la ŋu. Meganye ɖevie menye o, nyemedi be woaganɔ nu ɖom nam o”

BIBLIA GBLƆ BE:

“Na wò dzi naɖu agbe le wo ɖekakpui ŋkekewo me.”Nyagblɔla 11:9.

NU NYUI SIWO LE NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Àkpɔ nyati kple video siwo ku ɖe sɔhɛwo ŋu le akpa si nye “Teenagers” alo “Adolescents” siwo akpe ɖe ŋuwò . . .

  • ne ètsi akogo

  • ne èdo go kuxiwo le suku

  • ne èda le dziwòlawo ƒe se dzi

  • ne wowɔa ŋlɔmi le ŋuwò alo wotsɔa gbɔdɔnyawo ɖea fu na wò

(Ele yevugbe me. Àkpɔe le BIBLE TEACHINGS > TEENAGERS alo LA BIBLE ET VOUS > ADOLESCENTS)

Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 1 kple 2 ɖo nyabiase vevi siwo sɔhɛwo biana zi geɖe la dometɔ 77 ŋu.

(Àte ŋu akpɔe le www.ps8318.com. Ele yevugbe me. Àkpɔe le PUBLICATIONS > BOOKS & BROCHURES alo PUBLICATIONS > LIVRES & BROCHURES)

 ENYO NA AME SIWO DI BE YEWOASRƆ̃ NU TSO BIBLIA ŊU

“Medi be mase Biblia gɔme. Gake aleke mawɔe?”

BIBLIA GBLƆ BE:

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia.”2 Timoteo 3:16.

NU NYUI SIWO LE NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme wòde pɛpɛpɛ eye egɔmesese le bɔbɔe.

(Àkpɔe le AGBALẼWO > BIBLIA)

Woɖo nyabiase siwo dometɔ aɖewoe nye “Why did God allow the Holocaust to happen?” kple “When was Jesus born?” ŋu tẽe le akpa si nye “Bible Questions Answered” alo “Questions Bibliques.”

(Ele yevugbe me. Àkpɔe le BIBLE TEACHINGS > BIBLE QUESTIONS ANSWERED alo LA BIBLE ET VOUS > QUESTIONS BIBLIQUES)

Àte ŋu azã axa si nye “Bia Be Míava Srɔ̃ Biblia Kpli Ye” atsɔ abia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye femaxee.

(Zi “Bia Be Míava Srɔ̃ Biblia Kpli Ye” dzi le axa gbãtɔ te)

“Medzudzɔ Biblia-xexlẽ, elabe nyemesea egɔme o. Gake esi mete Biblia-sɔsrɔ̃ kple agbalẽ si nye ‘Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?’ la, ewɔ nuku nam ŋutɔ be Biblia gɔme sese le bɔbɔe eye emenyawo me kɔ keŋ alea.”—Christina.

Gbe sia gbe la, ame 700,000 aɖewo ʋua jw.org. Wò hã àte ŋu aʋui faa.