Romatɔwo Ƒe Tsimɔwo Nye Aɖaŋudɔ Wɔnukuwo
ROMATƆWO ƒe tsimɔwo nye blemaɖaŋudɔ siwo ɖe dzesi wu la dometɔ aɖewo. Romatɔwo ƒe anyigbanunɔla kple tsidzikpɔla Sexto Yulio Frontino si nɔ agbe le ƒe 35 Do Ŋgɔ Na Yesu va se ɖe ƒe 103 Kristotɔwo Ŋɔli gblɔ be: “Ne èlɔ̃ la àte ŋu atsɔ aɖaŋudɔ vevi siawo siwo hea tsi geɖe yinɛ na amewo asɔ kple Piramid maɖevi mawo kple Helatɔwo ƒe aɖaŋudɔ xɔŋkɔ siwo menye viɖenu aɖeke o!” *
Nu Ka Tae Wohiã Be Woatu Tsimɔwo?
Zi geɖe la, wotsoa blemaduwo ɖe afi siwo tsi sɔ gbɔ ɖo taŋtaŋ, eye nenema ke ko wòle le Roma hã gome. Le gɔmedzedzea me la, Tiber Tɔsisia, tɔsisi suesuewo kple vudo siwo le afi mawo me tsiwo dea dua me tɔwo nu. Gake tso ƒe alafa enelia Do Ŋgɔ Na Yesu me la, amewo de asi agbɔsɔsɔ me ɖe Roma-dua me kabakaba, eye tsi ƒe hiahiã hã dzi ɖe edzi nenema.
Esi wònye be ame ʋɛ aɖewo ƒe aƒe me koe tsi le ta la, Romatɔ ɖekaɖekawo kple dukɔa tu hahootsileƒe alafa geɖewo. Woʋu tsileƒe gbãtɔ si wotu le Roma-dua me la nu le ƒe 19 Do Ŋgɔ Na Yesu me, eye Akwa Virgo tsimɔ me tsi wozãna nɛ. Tsimɔa tula Markus Agripa, kesinɔtɔ gã aɖe si nye Kaisaro Augusto ƒe xɔlɔ̃ vevi aɖe, zã eƒe ga gbogbo aɖe ɖe beléle na tsimɔ sia kple Roma-dua ƒe tsikpɔmɔnuwo keke ɖe enu dɔwo ŋu.
Tsileƒewo va zu hadomewɔnawɔƒewo hã, eye abɔwo kple agbalẽdzraɖoƒewo nɔa tsileƒe gãtɔwo gɔ̃ hã. Ne tsi siawo siwo womate ŋu axe mɔ na wo dzo le tsileƒeawo la, woyia afɔdzidowo me, eye woɖea ɖinuwo le wo me heɖea afɔdziwo le afɔdzido siwo le tsileƒe siawo ŋu me la hã me.
Tsimɔwo tutu kple Beléle Na Wo
Ne èse woyɔ “Roma-tsimɔwo” la, xɔ tsrala siwo mlo ɖe anyigba ʋuu yi didiƒe ʋĩ ke la dzie wò susu yina? Le nyateƒe me la, tsimɔa ƒe akpa 20 le alafa me koe nyea xɔ tsrala, eƒe akpa gãtɔ nɔa gu me. Ewɔwɔ alea kpɔa tsimɔa ta, eye wònana hã be megblẽa nu le agble alo teƒe siwo wòto la ŋu boo o. Le kpɔɖeŋu me, Akwa Markia si nu wowu le ƒe 140 Do Ŋgɔ Na Yesu la ƒe didime ade kilometa 92, gake eƒe akpa si nye xɔ tsrala anye kilometa 11 kple nu vi aɖe ko.
Hafi tsimɔtulawo natu tsimɔ aɖe la, wodoa ŋgɔ doa tsi si woakpɔ la ƒe nyonyome kpɔ, ale si wowɔnae nye be wodoa tɔsisi si me tsi wodi be yewoazã la ƒe kɔ̀kɔme, eƒe sisi kple eƒe vivi kpɔ. Woléa ŋku ɖe nutoa me tɔ siwo noa tɔsisia me tsiawo ƒe lãmesẽ hã ŋu. Ne wonya da asi ɖe teƒe aɖe dzi be woatu tsimɔ ɖe afi ma ko la, anyigbadzidzelawo bua afi siwo wòle be tsimɔa nato, eƒe anyiyiyi, dziyiyi, lolome kple eƒe didime ŋu. Edze ƒãa be kluviwoe wozãna le tsimɔwo tutu me. Ate ŋu axɔ ƒe geɖe hafi woawu tsimɔ ɖeka tutu nu, esia wɔe be tsimɔtutu xɔ asi ŋutɔ, vevietɔ ne ehiã be woatu xɔ tsralawo kpe ɖe eŋu.
Gakpe ɖe eŋu la, ele be woalé be na tsimɔwo ahakpɔ wo ta. Ɣeaɖeɣi la, Roma-dua xɔ ame asiwo ade 700 be woalé be na tsimɔawo. Wowɔa nane siwo woazã le beléle na tsimɔwo me la hã kpena ɖe tsimɔawo ŋutɔ ŋu zi ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, woɖea towo alo dowo yia tsimɔa ƒe akpa siwo le gu me la ŋu. Ne ehiã be woawɔ dɔ gã aɖe le tsimɔwo ŋu la, tsimɔtulawo tea ŋu trɔa mɔ na tsiawo le tsimɔa ƒe afi si gblẽ la yia teƒe bubu.
Roma-dua Me Tsimɔwo
Le ƒe alafa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze la, tsimɔ gã 11 sɔŋue wozãna le Roma-dua me. Wotu tsimɔ gbãtɔ si woyɔna be Akwa Apia le ƒe 312 Do Ŋgɔ Na Yesu me, edidi kilometa 16 kple nu vi aɖe ko, eye eƒe akpa sia akpa kloe le gu me. Akwa Klaudia si ƒe akpa aɖe gakpɔtɔ li egbea la, didi kilometa 69, eye eƒe akpa si nye xɔ tsrala ƒe didime ade kilometa 10, eye xɔ tsrala ma ƒe akpa aɖewo kɔkɔ meta 27 sɔŋ!
Tsi gbogbo ka gbegbee toa dua ƒe tsimɔ mawo me? Tsi gbogbo aɖe ŋutɔe! Tsi lita miliɔn alafa ɖeka blaasieke (190,000,000) sina toa Akwa Markia si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la me yia Roma gbe sia gbe. Ne nuheŋusẽ he tsia va ɖo dua me ko la, esina yia nugo gãgãwo me eye wòtsoa afi mawo yia nugo bubu siwo maa tsiawo yia teƒe bubuwo la me. Tso nugo siawo me la, tsiawo yia teƒe vovovo siwo woawɔ wo ŋu dɔ le. Ame aɖewo bu akɔnta be Roma-tsimɔwo va de ŋgɔ ale gbegbe be dua me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpɔ tsi agbɔsɔsɔ si wu lita 1,000 gbe sia gbe.
Agbalẽ si nye Roma-tsimɔwo Kple Tsikpɔmɔnuwo (ele yevugbe me) gblɔ be esi Roma Fiaɖuƒea va le ta kekem ɖe edzi la, “Romatɔwo tsɔ tsimɔtutu yi afi sia afi si woyi.” Ame siwo zɔa mɔ yia Asia Sue, France, Spain kple Dziehe Afrika agate ŋu akpɔ blemaɖaŋudɔ ɖedzesi sia wòawɔ nuku na wo.
^ mm. 2 Menye Romatɔwoe nye ame gbãtɔ siwo tu tsimɔwo o. Blemadukɔ bubuwo abe Asiriatɔwo, Egiptetɔwo, Indiatɔwo kple Persiatɔwo ene hã tu tsimɔwo do ŋgɔ na Romatɔwo.