Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu si ɖe dzesi le Nicaragua Ta la ŋue nye Ometepe tɔdomekpoa, si dzi gbe damawo kple dzoto eve siwo te ɖe wo nɔewo ŋu le, eye anyigba lɛ aɖe le wo dome

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Nicaragua

Tsaɖiɖi Yi Nicaragua

ŊKƆ si amewo yɔna na Nicaragua edziedzie nye tawo kple dzotowo ƒe anyigba. Le dukɔ siwo le Titina Amerika me la, Nicaragua ye ta gãtɔ kekeake si woyɔna be Nicaragua Ta la le. Nutoa me tɔwo yɔnɛ be Cocibolca si gɔmee nye “Atsiaƒu Vivi La.” Tɔdomekpo alafa geɖewo le ta gã sia me, eye eya koe nye ta si me dze mele o si me woate ŋu akpɔ ƒumelãwo abe agblolui, dayi, kple tarpon ene le.

Sacuanjoche (frangipani) lae nye Nicaragua dukɔa ƒe seƒoƒo

Nuto saɖeaga siwo le Titina Amerika la dometɔ ɖeka le Nicaragua—si woyɔna be Muƒuta (Mosquito Coast). Eƒe didime kple kekeme nye agbadroƒe 40 (65 km), ele Nicaragua ƒe ɣedzeƒekpa dzi, eye wòva do ɖe dukɔ Honduras me. Miskito (enye Mosquito ƒe ŋɔŋlɔ bubu) nye nutoa me nɔlawo ƒe hatsotsowo dometɔ ɖeka, eye wole afi ma do ŋgɔ na Europatɔwo ƒe vava le ƒe alafa 16 lia me.

Ƒomedodo kplikplikpli le Miskitotɔwo dome, eye dekɔnu tɔxɛ aɖewo hã le wo si. Le kpɔɖeŋu me, nya aɖeke meli na “Aƒetɔ” alo “Aƒenɔ” le Miskitotɔwo ƒe gbe me o. Le kɔƒenutowo me la, ɖeviwo yɔa ame tsitsiwo be “Tɔɖi” alo “Nɔɖi” metsɔ le eme be amea nye eƒe ƒometɔ alo menyee o. Kɔnu xoxo aɖe si le Miskitotɔwo sie nye be ne nyɔnu aɖe le gbe dom na exɔlɔ̃ kplikplikpliwo alo ƒometɔwo la, etsɔa eƒe alɔgo kaa ame si wòle gbea dom na la tɔ ŋu. Emegbe ame si le gbea dom gbɔa ya yia eme to ŋɔtime.

Nutoa me tɔwo

Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ kple agbalẽ gbadza siwo ɖe Biblia me ɖe Mayangna kple Miskito gbe me