Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBETAKPƆXƆ No. 1 2018 | Ðe Biblia Gaɖea Vi Egbea?

ÐE BIBLIA ME NYAWO GAÐEA VI EGBEA?

Esi xexea yi ŋgɔ le mɔ̃ɖaŋununya me fifia taa, ɖe míagblɔ be Biblia me nyawo do xoxo eye womegaɖea vi oa? Biblia gblɔ be:

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.”—2 Timoteo 3:16.

Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nya si Biblia gblɔ be yeate ŋu afia mɔ mí le mɔ sia mɔ nu le agbe me la ŋu.

 

Ðe Biblia Ƒe Mɔfiamewo Gaɖea Vi Egbea?

Esi wònye be ame ate ŋu akpɔ nyatakaka le nu sia nu si dim wòle ŋu bɔbɔe ɖe, nu ka tae wòahiã be ame natrɔ ɖe Biblia si woŋlɔ ƒe 2,000 kloe nye esi va yi la ŋu?

Nunya Si Dze Le Biblia Ƒe Nufiafiawo Me Nu Meyina O

Biblia me nyawo medo xoxo o, agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewo kple dzidzenu siwo ɖea vie wòfiana eye wo nu meyina o.

Ðe Biblia Me Nyawo Do Xoxo Alo Wodo Ŋgɔ Na Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?

Menye dzɔdzɔmeŋutinunya gbalẽe biblia nye o, ke hã nu siwo wògblɔ ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la awɔ nuku na wò.

1 Akpe Ðe Ŋuwò Nàƒo Asa Na Kuxiwo

Xlẽ nu tso ale si nunya si tso Mawu gbɔ kpe ɖe amewo ŋu woƒo asa na agbemekuxi sesẽ aɖewoe ŋu.

2 Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔ

Nunya si le Biblia me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxi sesẽwo abe dzimaɖitsitsi fũu akpa, hehe ɖe megbe kple akogotsitsi ene gbɔ.

3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu

Ke ne kuxia nye esi ŋu màte ŋu aƒo asa na alo awɔ nake le o, abe dɔmavɔleameŋu alo ku ene ya ɖe?

Ale Si Biblia Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyo

Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxi siwo míedoa goe gbe sia gbe le xexe sia si me nuwo tɔ zi le me la gbɔ. Gake menye nu mawo koe Biblia wɔna o. Enana míekpɔa etsɔme ʋĩi ke.

Nu Kae Nèsusu?

Xlẽ nu si ame aɖewo xɔ se kple nya si Biblia gblɔ tso biabia sia ŋu.