Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Míeke Ðe “Dzonu Xɔasi” La Ŋu

Míeke Ðe “Dzonu Xɔasi” La Ŋu

WINSTON kple Pamela (alo Pam) Payne le subɔsubɔm le Australasia alɔdzedɔwɔƒea. Togbɔ be wonye atsu kple asi kpɔdzidzɔwo hã la, woto kuxi geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be woatrɔ ɖe dekɔnu vovovowo ŋu; eva dzɔ hã be woƒe dzi gbã esi fu ge le Pamela ƒo eye wòhiã be woado dzi le nɔnɔme sesẽ ma me. Gake le esiawo katã me la, woyi edzi lɔ̃ Yehowa kple eƒe amewo eye wogakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm le woƒe subɔsubɔdɔa me. Eya ta, míekpe wo be míabia gbe wo ne woagblɔ nu siwo me woto le agbe me la dometɔ aɖewo na mí.

Winston, ƒo nu tso ale si nènɔ Mawu dimee ŋu na mí.

Ƒome si me tɔwo mesubɔa Mawu o la mee menɔ tsi le agble saɖeaga aɖe dzi le Queens-land, Australia. Esi míenɔ teƒe saɖeaga ta la, ame bubu aɖeke menɔ anyi made ha kplii o, negbe nye ƒometɔ kplikplikpliwo ko. Esi mexɔ tso ƒe 12 yina la, medze Mawu didi gɔme. Medo gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋunye manya nyateƒea tso eŋu. Mlɔeba la, meva ʋu dzo le agblea dzi eye mekpɔ dɔ le Adelaide, le South Australia. Esi mexɔ ƒe 21 la, medo go Pam esime menɔ mɔkeke ɖum le Sydney, eye eɖo dze tso subɔsubɔha aɖe si woyɔ be Britain-Israel-viwo, siwo xɔe se be Britaintɔwo nye Israel ƒe to búbuawo ƒe dzidzimeviwo, la ŋu nam. Subɔsubɔha ma me tɔwo gblɔna be, Israel ƒe to mawoe nye dzieheto ewo fiaɖuƒe si wokplɔ yi aboyo me le ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Eya ta, esi metrɔ yi Adelaide la, mefɔ nya ma ɖe te esime nye kple nye dɔwɔhati aɖe, si Yehowa Ðasefowo va le Biblia srɔ̃m kplii la, míenɔ dze ɖom. Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe nye kplii míeɖo dze, eye míaƒe dzeɖoɖoa ku ɖe Ðasefowo ƒe dzixɔsewo koŋ ŋu, ke hã, mede dzesii be Mawu le gbe si medo ɖa le nye ɖevime la ŋu ɖom nam. Kaka makpɔa, menɔ nu srɔ̃m tso nyateƒe si ku ɖe Wɔnyela kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu la ŋu! Ɛ̃, meke ɖe “dzonu xɔasi” la ŋu.—Mat. 13:45, 46.

Pamela, wò hã èdze dzonu ma didi gɔme tso wò ɖevime ke. Aleke nèwɔ ke ɖe eŋu?

Ƒome si lɔ̃ mawusubɔsubɔ mee menɔ tsi le Coffs Harbour, le New South Wales. Dzinyelawo kple tɔgbuinye kple mamanye siaa xɔ subɔsubɔha si woyɔ be Britain-Israel-viwo la ƒe nufiafiawo dzi se. Nye kple nɔvinyeŋutsu kple daanye kpakple míaƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖewo míexɔe se be Mawu vea Britaintɔwo ƒe dzidzimeviwo nu. Nye ya nyemeka ɖe edzi tututu o, azɔ hã, nyemenya Mawu nyuie o. Esi mexɔ ƒe 14 la, metsa le Anglikan, Baptist, kple Adventist subɔsubɔhawo kple ha bubu geɖewo me. Gake womekpe ɖe ŋunye menya Mawu o.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míaƒe ƒomea ʋu yi Sydney, afi si medo go Winston si nɔ mɔkeke ɖum la le. Abe ale si wògblɔe ene la, nye kplii ƒe dzeɖoɖo tso mawusubɔsubɔ ŋue wɔe be Ðasefowo va te nusɔsrɔ̃ kplii mlɔeba. Tso ema dzi la, ne eŋlɔ lɛta nam la, mawunyakpukpuiwo sɔŋ koe nɔa eme! Le nyateƒe me la, esia ɖe fu nam gbã, eye eve dɔ me nam gɔ̃ hã. Gake ʋɛʋɛʋɛ la, meva de dzesii be nyateƒea ye nye esia.

Le ƒe 1962 me la, meʋu yi Adelaide ale be matsɔ ɖe Winston gbɔ. Ewɔ ɖoɖo meɖadze Ðasefo atsu kple asi siwo ŋkɔwoe nye Thomas kple Janice Sloman, siwo nye dutanyanyuigblɔlawo le Papua New Guinea kpɔ la gbɔ. Wonyo dɔme nam ale gbegbe; ƒe 18 ko mexɔ ɣemaɣi, eye wokpe ɖe ŋunye meva nya nu geɖe tso Yehowa ŋu. Eya ta, nye hã medze Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ gɔme, eye eteƒe medidi o, meva ka ɖe edzi be meke ɖe nyateƒea ŋu. Esi nye kple Winston míeɖe mía nɔewo megbe la, míedze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme enumake. Togbɔ be míeto dodokpɔ geɖe me hã la, subɔsubɔdɔa na míekpɔ yayra geɖe, eye yayra mawo na míegakpɔ asixɔxɔ si gbegbe le dzonu nyui si ŋu míeke ɖo la ŋu.

Winston, ƒo nu tso ale si agbea nɔ na wò esi nèdze Yehowa subɔsubɔ gɔme ŋu na mí.

A. Teƒe siwo míeyi le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa me ƒe anyigbatata

B. Lɛtakotokudzigbalẽvi siwo wozã le ƒukpoawo dometɔ aɖewo dzi. Tsã la, woyɔa Kiribati kple Tuvalu be Gilbert Kple Ellice Ƒukpowo

D. Funafuti ƒe ƒukpo dzeani si le Tuvalu dukɔa me. Esia nye ƒukpo gbogbo siwo míeyi ɖasrã kpɔ hafi wova ɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖa la dometɔ ɖeka

Le nye kple Pam ƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, eteƒe medidi o, Yehowa ʋu “ʋɔtru gã” siwo naa dɔ geɖe ame la ƒe gbãtɔ na mí. (1 Kor. 16:9) Nɔviŋutsu Jack Porter, si nye nutome sue dzikpɔla si va subɔ míaƒe hame sue lae he míaƒe susu yi dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gbãtɔa dzi. (Nye kple Nɔviŋutsu Jack Porter siaa míenye Australasia Alɔdzekɔmitia me tɔwo fifia.) Jack kple srɔ̃a, Roslyn, de dzi ƒo na mí be míawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, eye míewɔe ƒe atɔ̃. Esi mexɔ ƒe 29 la, wobia tso nye kple Pam si be míawɔ nutome sue subɔla ƒe dɔa le South Pacific Ƒukpo siwo nɔ Fiji alɔdzedɔwɔƒea te ɣemaɣi la dzi. Ƒukpo mawoe nye American Samoa, Samoa, Kiribati, Nauru, Niue, Tokelau, Tonga, Tuvalu, kple Vanuatu.

Ɣeyiɣi mawo me la, ƒukpo siwo sa ɖe aga la dzi tɔwo mekɔa mo ɖe Yehowa Ðasefowo o, eya ta, ehiã be míadze aye ahadze aɖaŋu. (Mat. 10:16) Hameawo nɔ sue, eye wo dometɔ aɖewo metea ŋu kpɔa dzeƒe na mí o. Eya ta, míedia dzeƒe le kɔƒeawo me tɔwo gbɔ, eye wonyoa dɔme na mí ɣesiaɣi.

Winston, edze be gbegɔmeɖeɖedɔ doa dzidzɔ na wò ŋutɔ. Nu kae na wò dzi ku ɖe eŋu nenema?

Le Samoa; mele hamemetsitsiwo ƒe suku aɖe dzi kpɔm

Ɣemaɣi la, trakt ʋɛ aɖewo kple agbalẽviwo koe nɔ nɔviawo si le Tonga ƒukpoa dzi le wo degbea me. Agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ƒe Eŋlisigbe me tɔ ye wozãna le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eya ta, esi míede hamemetsitsiwo ƒe suku aɖe si xɔ kwasiɖa ene la, nutoa me hamemetsitsi etɔ̃ aɖewo siwo mese Eŋlisigbea tututu o la lɔ̃ be yewoaɖe Nyateƒe gbalẽa ɖe Tongagbe me. Pam ye tsɔ agbalẽŋlɔmɔ̃ ƒo agbalẽa me nya siwo míeŋlɔ kple asi la, eye míeɖoe ɖe Amerika alɔdzedɔwɔƒea be woatae. Dɔa katã xɔ abe kwasiɖa enyi ene. Togbɔ be míaƒe gbegɔmeɖeɖedɔa menyo tututu o hã la, agbalẽa kpe ɖe Tongagbedola geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. Menye gbegɔmeɖelawoe nye kple Pam míenye ya o, gake mɔnukpɔkpɔ ma si su mía si la wɔe be míaƒe dzi va ku ɖe dɔ sia ŋu.

Pam, aleke agbea nɔ le ƒukpoawo dzi, ne ètsɔe sɔ kple ale si agbea nɔ le Australia?

Esia nye aƒe siwo me míenɔ le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa me la dometɔ ɖeka

Agbea to vovo kura! Le afi aɖewo la, muwo sɔa gbɔ ale gbegbe, teƒe aɖewo xɔa dzo gbãgbãgbã, eye fafa nɔa teƒe aɖewo hã, afiwo bɔ ɖe teƒe aɖewo, dɔlélewo hã, eye ɣeaɖewoɣi la, míekpɔa nuɖuɖu si asu na mí o. Ke hã, le ŋkekea ƒe nuwuwu la, míaƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ ne míele atsiaƒua dzi kpɔm ɖaa tso míaƒe xɔ si Samoatɔwo yɔna be fale la me—enye xɔ si Polynesiatɔwo tsɔa bé gbãna, si ŋu wometɔa kpɔ ɖo o. Ne dzinu le keklẽm nyuie la, netiawo ɖea woƒe vɔvɔli ɖi keŋ, eye dzinua dzena le atsiaƒua dzi abe ahuhɔ̃e me wòle dzedzem le ene. Nu siawo teƒe kpɔkpɔ ʋãa mí míeyia ŋugble me hedoa gbe ɖa, si wɔnɛ be míeɖea susu ɖa le nɔnɔme sesẽ siwo me míeto le ŋkekea me la dzi eye míaƒe susu nɔa nu nyui siwo su mía si la ŋu.

Míeva lɔ̃ ɖeviawo, elabe wodoa nukokoe na mí ŋutɔ eye ne wokpɔ yevuwo la, wodina be yewoanya nu sia nu tsitotsito. Esi míenɔ nɔviawo srãm kpɔ le Niue la, ŋutsuvi dzaa aɖe lili asi fu siwo le Winston ƒe abɔ ŋu hegblɔ be: “Wò ɖawo nya kpɔ ŋutɔ.” Edze ƒãa be, mekpɔ ame ƒe abɔ to fu nenema gbegbe kpɔ o, eye menya ale si tututu wòaɖɔe o!

Ne míekpɔ nɔnɔme madeamedzi si gbegbe me ameawo le la, etena ɖe mía dzi ŋutɔ. Woƒe nutoa me nya kpɔ ale gbegbe, ke hã, ne wodze dɔ la, womekpɔa atike nyuiwo o eye tsi nono mebɔ o. Gake, edze abe mía nɔviwo metsi dzi ɖe nu siawo ta o ene. Le wo gbɔ la, nenemae agbea le. Edzɔa dzi na wo ŋutɔ be yewo kple yewoƒe ƒomea yewoli ɖekae eye yewokpɔ teƒe si yewoakpe le asubɔ Yehowa, eye nenema kee wòdzɔa dzi na wo be mɔnukpɔkpɔ su yewo si be yewoakafui. Woƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si le vevie wu le agbe me la dze sii eye míenɔ agbe tsɛ.

Pam, ɣeaɖewoɣi la, ehiãna be wò ŋutɔ nàɖadi tsi eye wò ŋutɔ nàɖa nu le nɔnɔme siwo mema wò kura o me. Aleke nèwɔnɛ?

Le Tonga; Pam le míaƒe awuwo nyam

Fofonyee wòle be mada akpe na. Efia nu vevi vovovowom; le kpɔɖeŋu me, efiam ale si mado nakedzo ahaɖa nu le edzi kple ale si manɔ agbe ɖe nu sue si le asinye nu. Esi míeyi ɖasrã nɔviawo kpɔ le Kiribati ɣeaɖeɣi la, míedze xɔ sue aɖe si wotsɔ bé gbã, si me wotsɔ adza do keŋ eye eƒe gliwo nye pamprowo la me. Hafi maɖa nu sue aɖe la, meɖe do si me mado dzo ɖo, eye metsɔ nego kakɛwo de eme. Hafi maku tsi la, ehiãna be maɖo fli le nutoa me nyɔnuwo dome. Ale si wowɔna dua tsi ye nye be, wozãa ati aɖe si didi abe meta 2 ene si nu ka sue aɖe le, si le abe akpoŋti ene. Gake, menye akpoŋ ye woti ɖe enu o, ke boŋ, nugo sue aɖee. Nyɔnuawo yina ɖadua tsia ɖekaɖeka, eye ale si wowɔnɛ ye nye be, woléa atia dea doa me hetrɔa woƒe asi kaba ɖeƒomevii. Esia wɔnɛ be goa muna ɖe akpa ɖeka eye wòlɔa tsia heɖɔna. Mesusu be mate ŋu awɔe bɔbɔe va se ɖe esime wòva ɖo dzinye. Medze agbagba zi gbɔ zi geɖe, gake ɖeko nugoa ɖaƒoa tsia dzi ko henɔa edzi kpoo! Nyɔnuawo kom eteƒe mekɔ o, va se ɖe esime wo dometɔ ɖeka kpe ɖe ŋunye. Nutoa me tɔwo kpena ɖe mía ŋu ɣesiaɣi eye wonyoa dɔme hã.

Mi ame evea siaa mieva lɔ̃ subɔsubɔdɔ si wode asi na mi le ƒukpoawo dzi la vevie. Miadi be yewoaƒo nu tso nu ɖedzesi aɖe si dzi mieɖoa ŋkui vevie la ŋu na mía?

Winston: Exɔ ɣeyiɣi hafi míeva se afi ma tɔwo ƒe dekɔnu aɖewo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔviawo ɖa nu na mí la, zi geɖe la, wotsɔa nu si woɖa la katã ɖoa mía kɔme. Gbã la, míenya be ele be míaɖu ɖe ko ahagblẽ susɔea ɖi na wo o. Eya ta, míeɖu nu si wotsɔ ɖo mía kɔme la katã! Gake esi míeva se woƒe dekɔnua gɔme la, míeɖu nua ƒe ɖe hegblẽ susɔea ɖi na wo. Togbɔ be míewɔ vodada mawo hã la, nɔviawo se nu gɔme na mí. Eye ɣesiaɣi si míeɖasrã wo kpɔ ɣleti ade megbe la, wokpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu ŋutɔ. To vovo na nutoa me nɔviwo la, míawo koe ganye Ðasefo siwo nɔviawo nya ɣemaɣi.

Le Niue Island; mexɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒo aɖe míeyina gbeadzi

Míaƒe sasrãkpɔ nye ɖaseɖiɖi hã na nutoa me tɔwo. Kɔƒeawo me tɔwo susuna be nɔviawo ŋutɔwo koe to woƒe mawusubɔsubɔ vɛ. Eya ta, ne wokpɔ yevu eve siwo nye nɔviawo ƒe subɔsubɔha me tɔwo va srã nɔviawo kpɔ la, menye ɖeko wova sea egɔme be habɔbɔ ŋutɔŋutɔ mee wole ko evɔ o, ke ewɔa nuku na wo hã.

Pam: Nu siwo dzi meɖoa ŋkui vevie la dometɔ ɖekae nye nane si dzɔ le Kiribati; hame ɖeka koe nɔ afi ma, eye nɔvi ʋɛ aɖewo koe nɔ hamea me. Hamemetsitsi ɖeka pɛ si nɔ anyi ye nye Nɔviŋutsu Itinikai Matera, si wɔ eƒe ŋutete katã hekpɔ mía dzi. Gbe ɖeka, koklozi ɖeka pɛ ko wòtsɔ ɖe kusi me vɛ na mí. Egblɔ be: “Mia tɔe.” Ɣemaɣi la, ƒãa hafi míekpɔa koklozi aɖe ɖuna. Dɔmenyonu sue ma wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe.

Pam, ƒe aɖewo megbe la, èva fɔ fu gake fua dome gblẽ. Nu kae kpe ɖe ŋuwò be nèdo dzi?

Ɛ̃, meva fɔ fu le ƒe 1973 me esime nye kple Winston míenɔ South Pacific. Míeva ʋu yi Australia, eye ɣleti ene megbe la, mía via ƒe fu ge le ƒonye. Esia te ɖe Winston hã dzi ale gbegbe; eya hã via ye wònye. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, vevesesea dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ, gake esime mexlẽ April 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔa ko hafi nye vevesesea nu yi keŋkeŋ. “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” ƒe nyatia bia be: “Ðe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ɖevi si ku le dadaa ƒe dɔ mea?” Nyatia ka ɖe edzi na mí be nya la le Yehowa, ame si wɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi la, si me. Ayɔ dɔ abi geɖe siwo agbenɔnɔ le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me de mía ŋu la katã ne eto Via dzi “[gblẽ] Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.” (1 Yoh. 3:8) Nyatia kpe ɖe mía ŋu míegade asixɔxɔ “dzonu” xɔasi si su Yehowa ƒe amewo si la ŋu geɖe wu! Afi kae míanɔ ne menye Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ye le mía si o?

Esi mía via ƒe fua dome gblẽ la, míegadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme ake. Míesubɔ le Betel si nɔ Australia la ɣleti aɖewo eye emegbe míegadze dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa gɔme ake. Esi míesubɔ le New South Wales kple Sydney ƒe kɔƒenutowo me ƒe ene megbe la, wokpe mí le ƒe 1981 me be míaɖasubɔ le Australia alɔdzedɔwɔƒea; aleae woyɔnɛ ɣemaɣi, eye afi siae míele va de asi na egbea.

Winston, ɖe nu siwo teƒe nèkpɔ le South Pacific Ƒukpoawo dzi la ɖe vi na wò esi nèva zu Australasia Alɔdzekɔmitia me tɔa?

Ɛ̃, woɖe vi nam le mɔ geɖe nu. Gbã la, wobia tso Australia alɔdzedɔwɔƒea si be wòakpɔ dɔa dzi le American Samoa kple Samoa. Eyome, wotsɔ New Zealand alɔdzedɔwɔƒea kple Australia alɔdzedɔwɔƒea ƒo ƒu ɖekae wòva zu Australasia alɔdzedɔwɔƒea. Fifia, Australia, American Samoa kple Samoa, Cook Islands, New Zealand, Niue, Timor-Leste, Tokelau, kple Tonga siaa le Australasia alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamaa me, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye meyi ɖasubɔ nɔviawo le teƒe mawo dometɔ geɖe abe alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedɔdɔ ene. Nuteƒekpɔkpɔ siwo su asinye le ɣeyiɣi siwo me mewɔ dɔ kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu wɔnuteƒe mawo la le kpekpem ɖe ŋunye geɖe esi mele wo subɔm tso alɔdzedɔwɔƒea fifia.

Winston kple Pam le Australasia alɔdzedɔwɔƒea

Mate ŋu aƒo nya ta be nye kple Pam míenyae nyuie ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be, abe ale si wònɔ le mí ame evea gome ene la, menye ame tsitsiwo ɖeɖe koe le Mawu dim o. Ðeviwo kple sɔhɛwo hã dina be “dzonu xɔasi” ma nasu yewo si, ne ƒometɔ bubuwo ya medi o gɔ̃ hã. (2 Fia. 5:2, 3; 2 Kron. 34:1-3) Kakaɖedzitɔe la, Yehowa nye Mawu lɔ̃ame si le didim be amewo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, nakpɔ agbe!

Esi nye kple Pam míedze Mawu didi gɔme ƒe 50 kple edzivɔe nye esi va yi la, míenya afi si gbegbe esia akplɔ mí ayi kura o. Vavãe, Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea le abe dzonu si ƒe asixɔxɔ ƒo ɖe sia ɖe ta ene! Míeɖoe kplikpaa be míalé dzonu sia ɖe asi goŋgoŋ kple míaƒe ŋusẽ katã!