Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Katoliko Sista Siwo Va Ke Ðe Nyateƒea Ŋu

Katoliko Sista Siwo Va Ke Ðe Nyateƒea Ŋu

ƑE GEÐEE nye esi va yi la, yonyemetɔ Araceli do ɣli ɖe tanye kple dziku be: “Dzudzɔ nya ma. Nyemedi be mase nya aɖeke tso miaƒe subɔsubɔ ma ŋu o. Ekua dzi nam ŋutɔ. Te ɖa le gbɔnye!” Eƒe nyawo te ɖe dzinye vevie. Mexɔ ƒe 91 fifia eye megaɖoa ŋku nya mawo dzi kokoko. Gake abe ale si Nyagblɔla 7:8 gblɔe ene la, “nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze.”—Felisa.

Felisa: Wodzim ɖe ƒome dahe aɖe me le Spania. Katolikotɔwoe míenye, eye ƒomea doa vevie mawusubɔsubɔ. Míaƒe ƒometɔ 13 sɔŋ nye fadawo alo wɔa dɔ na sɔlemehaa. Nɔnye ƒe nɔgã viŋutsu aɖe nye fada kple nufiala le Katoliko suku aɖe. Esi wòku la, Papa John Paul II (alo, Jean-Paul II) gblɔ be woaɖoe ame kɔkɔe. Tɔnye nye gbede, eye nɔnye wɔa agbledɔ. Mí ame enyi ye wodzi, eye nyee nye tsitsia.

Dukɔmeviʋa dze egɔme le Spania esi mexɔ ƒe 12. Le aʋaa megbe la, wode tɔnye gaxɔ me le esi wòƒoa nu tsia tre ɖe dziɖuɖua ŋu ta. Mía dzi kpɔkpɔ va nɔ sesẽm na nɔnye. Eya ta ekplɔ yonyemetɔ etɔ̃ siwo nye Araceli, Lauri kple Ramoni yi Katoliko sistakpɔme (alo, sistaƒeme) le Bilbao-dugã me. Woakpɔ nu aɖu le afi ma ya teti.

Araceli: Ɣemaɣi mexɔ ƒe 14, Lauri xɔ ƒe 12, eye Ramoni xɔ ƒe 10. Míesusua míaƒe ƒomea ŋutɔ. Dɔ si wode mía si le sistakpɔme ye nye be míadzra teƒea ɖo. Le ƒe eve megbe la, sista (alo, ma sœur) siawo ɖo mí ɖe sistakpɔ gã aɖe si le Zaragoza, si nye ame tsitsiwo dzikpɔƒe, la me. Wonana míewɔa dɔ sesẽ hedzraa nuɖaƒea ɖo, eye ɖeɖi tea mía ŋu belibeli.

Felisa: Esi yonyemetɔwo yi Zaragoza la, nɔnye kple nyruinye si nye nutoa me fada ɖoe be yewoakplɔ nye hã ayi afi ma. Woƒe susue nye be mabu le ŋutsuvi aɖe si lɔ̃ nye nya gbɔ la ƒe ŋkuta. Menɔ mɔ kpɔm vevie be mayi sistakpɔa me elabe melɔ̃ Mawu. Medea tsɔtsi ɣesiaɣi eye wòdzroam be mava zu Katolikotɔwo ƒe mawunyagblɔla le Afrika abe nɔɖinye viŋutsu ene.

Miame: Sistakpɔ si le Zaragoza, Spania; ɖusime Nácar-Colunga Biblia gɔmeɖeɖea

Gake esi meva ɖo sistakpɔa me la, mekpɔe be nyemate ŋu awɔ nu geɖe si dim menɔ o. Sistawo melɔ̃ ɖe edzi be mayi aɖasubɔ Mawu le dukɔ bubu me abe ale si mekpɔ mɔe ene o. Eya ta metrɔ yi aƒe le ƒe ɖeka megbe heva nɔ nyruinye si nye fada la gbɔ. Mewɔa aƒemedɔwo nɛ, eye nye kplii míezãa Rosario tsɔ doa gbe ɖa fiẽ sia fiẽ. Melɔ̃a seƒoƒowo ɖoɖo nyuie ɖe tsɔtsixɔa me kple atsyɔ̃ɖoɖo na Maria kple “ame kɔkɔewo” ƒe kpetatawo.

Araceli: Le Zaragoza la, meka atam gbãtɔ si ana mava zu sista. Emegbe sistawo ɖoe be yewoama nye kple nɔvinyeawo dome. Eya ta woɖom ɖe sistakpɔme le Madrid eye woɖo Lauri ɖe Valencia. Gake Ramoni ya kpɔtɔ nɔ Zaragoza. Le Madrid la, meka atam evelia be mazu sista. Ame geɖewo va tsia sistakpɔa me, wo dometɔ aɖewo nye sukuviwo kple ame tsitsiwo. Eya ta vovo menɔa mía ŋu kura o. Mewɔa dɔ le sistawo ƒe dɔnɔkɔdzi.

Menɔ mɔ kpɔm vevie na nu siwo mawɔ abe sista ene. Mesusu be míazã ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu. Gake mekui wòɖuɖu. Ame aɖeke mexlẽa Biblia kaka ahayi nu ƒo ge tso Mawu alo Yesu ŋu o. Mesrɔ̃ Latingbe, eye mesrɔ̃ nu tso Katolikotɔwo ƒe “ame kɔkɔewo” ŋu hesubɔa Maria. Gake míezãa ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe dɔ sesẽwo wɔwɔ ŋu.

Nɔnɔmea te ɖe dzinye eye metsi dzimaɖi. Ewɔ nam be ɖe wòle be mawɔ dɔ si ana makpɔ ga akpe ɖe nye ƒomea ŋu tsɔ wu be manɔ afi sia anɔ dɔ wɔm kɔ ɖe kotoku me na ame bubuwo. Eya ta megblɔ na míaƒe sistagã be medi be madzo. Gake elém tu ɖe xɔ sue aɖe me. Esusu be tohehe sia ana matrɔ susu atsi anyi.

Sistawo ɖem le xɔ suea me, gake esi wokpɔ be meɖoe kplikpaa be madzo la, wogatum ɖe xɔ suea me ake. Wowɔ esia zi etɔ̃, eyome wogblɔ nam be mate ŋu adzo ne meŋlɔ nya siawo ɖi: “Mele dzodzom le afi sia le esi medi be masubɔ Satana ke menye Mawu o ta.” Ðeko melulu. Medi vevie be madzo gake menye to nya mawo ŋɔŋlɔ dzi o. Mlɔeba, megblɔ nya sia nya na nunɔla aɖe. Ebia mɔ le bisiɔp gbɔ eye wogaɖom ɖe Zaragoza sistakpɔme. Esi menɔ afi ma ɣleti ʋɛ aɖewo la, woɖe asi le ŋunye medzo. Le esia megbe kpuie la, Lauri kple Ramoni hã dzo le kpɔa me.

AGBALẼ SI DE TƆTƆ MÍA DOME

Felisa

Felisa: Emegbe meɖe srɔ̃ eye meyi ɖanɔ Cantabria, le Spania. Megadea sɔleme edziedzi. Kwasiɖa aɖe gbe esi meyi gbedoxɔ me la, fada la gblɔ kple dziku be, “Mikpɔ agbalẽ sia ɖa!” Etsɔ Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee gbalẽa fia mí. Eye wògblɔ be: “Ne ame aɖe na agbalẽ sia mi la, mitsɔe vɛ nam alo mitsɔe ƒu gbe!”

Agbalẽ ma menɔ asinye o, gake medi vevie be ɖe nasu asinye. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, nyɔnu eve va ƒo ʋɔ nam. Yehowa Ðasefowoe, eye wona agbalẽ siam. Mexlẽ agbalẽ bliboa zã ma me. Esi nyɔnuawo gatrɔ va la, wobiam nenye be madi be yewoasrɔ̃ Biblia kplim, eye melɔ̃.

Nyateƒe gbalẽa

Medina ɣesiaɣi be nye nu nadze Mawu ŋu. Eya ta esi mesrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu la, meva lɔ̃e vevie. Medi be magblɔ eŋunya na ame sia ame. Le ƒe 1973 me la, mexɔ nyɔnyrɔ. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, meɖoa dze tso nyateƒea ŋu na nye ƒometɔwo. Gake womelɔ̃na o; vevietɔ nɔvinyenyɔnu Araceli te tɔ ɖe edzi be metra mɔ.

Araceli: Esi wowɔ fum le sistakpɔa me ta la, dzi kuam vevie eye nye subɔsubɔha meganyoa ŋunye o. Gake megadea sɔleme Kwasiɖagbewo, eye mezãa Rosario tsɔ doa gbe ɖa gbe sia gbe. Medi vevie be manya Biblia, eya ta mebia Mawu be wòakpe ɖe ŋunye. Ɣemaɣie Felisa gblɔ nu siwo wòsrɔ̃ ŋu nya nam. Enɔ dzidzɔ kpɔm ɖe eƒe dzixɔse yeyea ŋu ale gbegbe be mebu be ɖe wòto tagbɔ nɛ. Nye susu mewɔ ɖeka kple etɔ kura o.

Metrɔ yi Madrid henɔ dɔ wɔm le afi ma, eye emegbe meɖe srɔ̃. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔe be tsɔtsidelawo menɔa agbe ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu o. Eya ta medzudzɔ tsɔtsidede. Nyemegaxɔ “ame kɔkɔewo” kple dzo mavɔ ƒe nufiafiawo dzi se o, eye mekpɔe be fada aɖeke mate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake o. Metsɔ nɔnɔmewɔwɔ siwo nɔ asinye la katã ƒu gbe. Nyemenya ɣemaɣi ne afɔ nyuitɔ ɖem mele ya o. Dzi ɖe le ƒonye, gake meyi edzi do gbe ɖa na Mawu be: “Medi be manya wò. Kpe ɖe ŋunye dzro!” Meɖo ŋku edzi be Yehowa Ðasefowo ƒo ʋɔ nam zi geɖe, gake nyemedea nu eme na wo o. Nyemegaka ɖe subɔsubɔha aɖeke dzi o.

Araceli

Ɣemaɣi nɔvinye Lauri nɔ France, eye Ramoni hã nɔ Spania. Le ƒe 1980 me lɔƒo la, Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Mexɔe se be ɖeko wonɔ wo blem abe Felisa ke ene. Emegbe Angelines, si nye nye aƒelika, va zu xɔ̃nye vevi. Yehowa Ðasefoe eya hã nye. Angelines kple srɔ̃a biam zi geɖe nenye be madi be woasrɔ̃ Biblia kplim. Togbɔ be megblɔ be nyemegatsɔ ɖeke le subɔsubɔnyawo me o hã la, wokpɔe be medi be manya Biblia. Mlɔeba eglom, megblɔ be: “Yoo, madi be masrɔ̃ nua ne míelɔ̃ be mazã nye ŋutɔ nye Biblia!” Biblia gɔmeɖeɖe si nye Nácar-Colunga ye nɔ asinye.

BIBLIA NA MÍEVA WƆ ÐEKA

Felisa: Esi mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1973 me la, Ðasefo siwo anɔ abe 70 ene ye nɔ Cantabria ƒe fiadu Santander me. Míezɔa mɔ legbewo hafi ɖoa amewo gbɔ le kɔƒe alafa siwo le nuto mawo me la me. Eya ta míeɖoa bɔs, eye emegbe míeɖoa ʋu suewo yina tso kɔƒe me yi kɔƒe me.

Mesrɔ̃ Biblia kple ame geɖewo eye wo dometɔ 11 xɔ nyɔnyrɔ. Ame siwo mesrɔ̃ nu kplii dometɔ akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo. Eya ta megbɔa dzi ɖi na wo. Abe ale si wònɔ le gonyeme ene la, axɔ ɣeyiɣi hafi woava nya be ɖe yewotra mɔ. Menya be Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea koe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatrɔ susu ahanya nyateƒea. (Hebritɔwo 4:12) Srɔ̃nye Bienvenido si nye kpovitɔ tsã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1979 me, eye nɔnye dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eteƒe medidi hafi wòku o.

Araceli: Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim la, mebui gbã be nyemate ŋu aka ɖe wo dzi o. Gake ʋɛʋɛʋɛ la, nye susu trɔ. Menye Biblia koe Ðasefowo fiaa amewo o, ke wonɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo hã nu. Meva xɔ Yehowa dzi se heka ɖe Biblia dzi, eye esia na mekpɔ dzidzɔ. Nye aƒelikawo de dzesii be mele dzidzɔ kpɔm eye wogblɔ nam be: “Araceli, tiatia si nèwɔa nyo, lé eme ɖe asi!”

Meɖo ŋku edzi be medo gbe ɖa be: “Yehowa, akpe na wò be nègbɔ dzi ɖi nam, eye nèna mɔnukpɔkpɔ geɖem be meke ɖe nu si dim mele, si nye Biblia me nyateƒea, ŋu mlɔeba.” Emegbe meɖe kuku na nɔvinye Felisa hã ɖe nya tɔame siwo megblɔ nɛ la ta. Tso ɣemaɣi la, míegahea nya o, ke boŋ míeɖoa dze viviwo tso Biblia me. Le ƒe 1989 me la, mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 61.

Felisa: Fifia mexɔ ƒe 91. Srɔ̃nye ku, eye nyemegate ŋu le geɖe wɔm o. Gake mexlẽa Biblia gbe sia gbe, eye medea kpekpeawo heɖea gbeƒã ɣesiaɣi si mate ŋui.

Araceli: Medina be maƒo nu tso Yehowa ŋu na Katoliko fada kple sista ɖe sia ɖe si medo goe, ɖewohĩ esi menɔ wo dome tsã tae. Wo dometɔ aɖewo lɔ̃ míedzro Biblia me eye woxɔ agbalẽwo kple magazinewo. Meɖoa ŋku fada aɖe koŋ dzi. Esi míedzro Biblia me zi ɖeka zi eve aɖewo megbe la, elɔ̃ ɖe nyateƒea dzi. Gake ebiam be: “Fifia metsi, afi ka yi ge mala? Nu kae nye hameviwo kple nye ƒometɔwo agblɔ?” Meɖo eŋu nɛ be: “Ke nu kae Mawu ya agblɔ?” Nya sia wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ eye wòlé blanui. Gake edze abe dzi menɔ eƒo be wòawɔ tɔtrɔ o ene.

Nyemaŋlɔ gbe si gbe srɔ̃nye gblɔ nam be yedi be yeade kpekpea kplim la be akpɔ gbeɖe o. Exɔ ƒe 80 esi wòde kpekpea zi gbãtɔ eye tso ema dzi la, ɖeke metoa eŋu o. Wosrɔ̃ Biblia kplii eye wòzu gbeƒãɖela. Meɖoa ŋku ale si mí ame evea míese vivi le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. Srɔ̃nye ku ɣleti eve do ŋgɔ na eƒe nyɔnyrɔxɔgbe.

Felisa: Esi medze Yehowa subɔsubɔ gɔme la, yonyemetɔ etɔ̃awo tsi tre ɖe ŋunye. Gake woawo hã wova xɔ nyateƒea. Le nyateƒe me la, esia na mele dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Tso ekema dzi la, míewɔ ɖeka heɖoa dze tso mía Mawu lɔlɔ̃a Yehowa kple eƒe Nya la ŋu! Eye mí katã míele Yehowa subɔm kple dzidzɔ. *

^ mm. 29 Fifia Araceli xɔ ƒe 87, Felisa xɔ ƒe 91, eye Ramoni xɔ ƒe 83. Wokpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Lauri hã wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe esime wòku le ƒe 1990 me.