Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo—Nu Kae Miawɔ Atsɔ Adzra Ðo Na Nyɔnyrɔxɔxɔ?

Ðeviwo—Nu Kae Miawɔ Atsɔ Adzra Ðo Na Nyɔnyrɔxɔxɔ?

“Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ.”—PSALMO 40:8.

HADZIDZI: 51, 58

1, 2. (a) Nu ka tae nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔ vevi aɖe si wòle be nàɖe? (b) Nu ka dzie wòle be nàka ɖo hafi axɔ nyɔnyrɔ, eye nu ka tae?

ÐEVI alo sɔhɛ si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ ye nènyea? Ne nenemae la, ke mɔnukpɔkpɔ gãtɔ si ate ŋu asu asiwòe nye ema. Nyati si do ŋgɔ na míekpɔe be nyɔnyrɔxɔxɔ menye fefenya o. Ana amewo nanya be èɖe adzɔgbe na Yehowa, si fia be èdo ŋugbe nɛ be yeasubɔe tegbee ahana eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na wò le agbe me. Esi wònye be ŋugbedodo sia nye ŋkubiãnya ta la, ele be nàtsi le susu me hafi axɔ nyɔnyrɔ, wòanye wò ŋutɔ wò didi, eye nàse nu si adzɔgbeɖeɖe na Mawu fia gɔme nyuie.

2 Gake ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be yemesu te axɔ nyɔnyrɔ haɖe o. Alo èsusu be yesu te gake dziwòlawo ya bui be mètsi axɔ nyɔnyrɔ o. Nu kae nàwɔ? Dzi megaɖe le ƒowò o. Ke boŋ zã ɣeyiɣia nàtsɔ awɔ ŋgɔyiyi be nàdze kaba na nyɔnyrɔxɔxɔ. Be nàwɔ esia la, dze agbagba nàɖo taɖodzinu etɔ̃ siwo gbɔna la gbɔ: (1) ka ɖe nyateƒea, alo wò dzixɔsewo dzi, (2) nɔ agbe dzadzɛ, eye (3) kpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu.

KA ÐE NYATEƑEA DZI

3, 4. Nu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Timoteo ƒe kpɔɖeŋu me?

3 Bia ɖokuiwò be: Nu kae na meka ɖe edzi be Mawu li vavã? Nu kae na mexɔe se be Biblia nye Mawu ƒe Nya? Nu ka tae mewɔa Mawu ƒe sewo dzi hetsria xexea ƒe nuwɔna gbegblẽwo? Nya siawo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo la dzi be, ‘Wò ŋutɔ nàkpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.’ (Romatɔwo 12:2) Nu ka tae wòle be nàwɔ esia?

Timoteo xɔ nyateƒea, elabe edea ŋugble le nu siwo wòsrɔ̃ la ŋu eye esiae ʋãe

4 Timoteo ƒe kpɔɖeŋua akpe ɖe ŋuwò. Enya Ŋɔŋlɔawo nyuie elabe nɔa kple mamaa fia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawoe. Ke hã, Paulo gblɔ na Timoteo be: “Nɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.” (2 Timoteo 3:14, 15) Nya “kakaɖedzi” fia be “woalɔ̃ ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi bliboe.” Eya ta ele be Timoteo naka ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo mee nyateƒea le. Exɔ edzi se, menye esi nɔa kple mamaa ƒoe ɖe enu ta o, ke boŋ esi wòdea ŋugble le nu siwo wòsrɔ̃ ŋu tae.—Xlẽ Romatɔwo 12:1.

5, 6. Nu ka tae wòle vevie be nàsrɔ̃ ale si nàzã wò “tamebubuŋutete” tso ɖevime ke?

5 Ke wò ya ɖe? Anɔ eme be èsrɔ̃ nyateƒea ɣeyiɣi aɖee nye esia. Ne ele alea la, ke de ŋugble le susu siwo ta nèka ɖe wò dzixɔsewo dzi ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò nàtu xɔse ɖo, ale be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, xexea ƒe nuŋububu, alo wò seselelãme manyomanyowo mana nàwɔ tiatia gbegblẽwo o.

6 Ne èsrɔ̃ ale si nàzã wò “tamebubuŋutete” tso ɖevime ke la, àte ŋu aɖo biabia siwo hawòtiwo abia wò la ŋu, abe: ‘Nu kae na nèka ɖe edzi be Mawu li? Ne Mawu lɔ̃ mí vavã la, ke nu ka tae wòɖe mɔ afɔkuwo dzɔna? Nu ka tae miegblɔna be gɔmedzedze meli na Mawu o?’ Ne èdzra ɖo nyuie la, nyabiase mawo matɔtɔ wò kura o, ke boŋ aʋã wò nàsrɔ̃ Biblia tsitotsito.

7-9. Gblɔ ale si “Nu Ka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia?” ƒe nusrɔ̃gbalẽvi siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu wò xɔse ɖo.

7 Ðokuisinusɔsrɔ̃ deto ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo nyabiasewo ŋu, nàɖe ɖikeke ɖe sia ɖe ɖa le wò susu me, eye wòana nàka ɖe wò dzixɔsewo dzi. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Agbalẽ gbogbo aɖewo le mía si si akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ esia. Wo dometɔ siwo ƒo nu tso Mía Wɔla Gã la kple eƒe nuwɔwɔwo ŋu me dzodzro ɖe vi na sɔhɛ geɖewo. Eye “Nu Ka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia?ƒe nusrɔ̃gbalẽvi vovovo siwo le jw.org hã me dzodzro vivi sɔhɛ geɖewo nu. Ne èʋu jw.org la, àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SƆHƐWO te. Nusrɔ̃gbalẽvi siwo ŋu míetrɔ asi le le afi ma akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia ƒe nufiafiawo gɔme ahaɖe wo me nyuie wu.

8 Esi nèsrɔ̃a Biblia ta la, ɖewohĩ ènya biabia siwo le nusrɔ̃gbalẽviawo dzi ƒe ŋuɖoɖo aɖewo xoxo. Gake ɖe nèka ɖe ŋuɖoɖoawo dzi ŋutɔŋutɔa? Nusrɔ̃gbalẽviawo akpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble vevie le ŋɔŋlɔ vovovowo ŋu, eye nàŋlɔ susu siwo tae nèka ɖe wò dzixɔsewo dzi la ɖi. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖe wò dzixɔsewo me na amewo. Ne àte ŋu aʋu Internet la, ke “Nu Ka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia?” ƒe nusrɔ̃gbalẽvi vovovoawo me dzodzro le wò ɖokuisinusrɔ̃ɣi ana nàka ɖe wò dzixɔsewo dzi geɖe wu.

9 Ele be nàka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia. Akpe ɖe ŋuwò nàdzra ɖo na nyɔnyrɔxɔxɔ. Nɔvinyɔnu ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Hafi matso nya me be maxɔ nyɔnyrɔ la, mesrɔ̃ Biblia eye mekpɔe be subɔsubɔha vavãtɔae nye esia. Eye esi ŋkekeawo va le yiyim la, nye dzixɔsea me le sesẽm ɖe edzi.”

NƆ AGBE DZADZƐ

10. Nu ka tae wòle be Kristotɔ si xɔ nyɔnyrɔ nanɔ agbe ɖe eƒe xɔse nu?

10 Biblia gblɔ be: “Xɔse . . . ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.” (Yakobo 2:17) Wò agbenɔnɔe aɖee afia be xɔse sẽŋu le asiwò. Eye esia ana nu si Biblia yɔ be “agbe kɔkɔe nɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” nadze ƒãa le ŋuwò.—Xlẽ 2 Petro 3:11.

11. Nu kae nye “agbe kɔkɔe nɔnɔ”?

11 “Agbe kɔkɔe nɔnɔ” gɔme ɖe? Efia be nànɔ agbe dzadzɛ. Bu nu siwo nèwɔ le ɣleti ade siwo va yi me ŋu kpɔ. Esi wote wò kpɔ be nàwɔ nu gbegblẽ aɖe la, ɖe nède ŋugble le nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ ŋu nyuiea? (Hebritɔwo 5:14) Ðe nèɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me nèɖu tetekpɔ dzi alo nɔ te ɖe hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu dzia? Ðe nènye kpɔɖeŋu nyui na sukuvi bubuwoa? Ðe nèwɔa nuteƒe na Yehowaa, alo ɖe nèdzea agbagba be yeadze sukuhatiwo boŋ ŋu ale be woagaɖu fewu le ŋuwò oa? (1 Petro 4:3, 4) Mía dometɔ aɖeke mede blibo o. Eya ta ɣeaɖewoɣi la, nɔvi siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe gɔ̃ hã kpea ŋu eye wòsesẽna na wo be woaɖe gbeƒã na amewo. Ke hã enyea dada na ame si ɖe adzɔgbe na Mawu be yenye Yehowa Ðasefo eye wòɖenɛ fiana to agbe dzadzɛ nɔnɔ me.

12. Nu kawo mee míeɖea “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” fiana le, eye ɖe esiawo wɔwɔ nye agba na mía?

12 Nu kae “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” fia? Elɔ subɔsubɔ ƒe akpa vovovowo abe kpekpeawo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa ene ɖe eme. Gake nuwɔna bubu siwo medzena gaglã o, abe gbedodoɖa na Yehowa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ ene, hã le eme. Ame si ɖe adzɔgbe na Yehowa mabui be nu siawo nye agba na ye o. Ke boŋ ase le eɖokui me abe Fia David ene, esi wògblɔ be: “Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ, eye wò se la le menye.”—Psalmo 40:8.

Nu kawo ŋue nèdoa gbe ɖa le, eye aleke esia ɖo kpe lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa dzi?

13, 14. Dɔwɔnu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ‘nàtsɔ ɖokuiwò ana Mawu,’ eye aleke wòɖe vi na sɔhɛ aɖewoe?

13 Be nàte ŋu aɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò la, kpɔ dɔwɔgbalẽvi si le “Sɔhɛwo Biana Be” gbalẽ si le yevugbe me, Babla 2 lia, ƒe axa 308 kple 309. Àte ŋu aŋlɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo ɖe dɔwɔgbalẽvia dzi: “Nu kawo ŋue nèdoa gbe ɖa le, eye aleke esia ɖo kpe lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa dzi?” “Ne èle nu srɔ̃m le ɖokuiwò si la, nu kawo mee nèdzrona?” “Ðe nèkua kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me ne dziwòlawo mewɔnɛ o gɔ̃ hã?” Àte ŋu aŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ nèdi be yeaɖo le gbedodoɖa, ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple gbeƒãɖeɖedɔa me la hã ɖi na ɖokuiwò.

14 Ðevi kple sɔhɛ geɖe siwo le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bum la kpɔe be dɔwɔgbalẽvi sia le etɔxɛ. Nɔvinyɔnu sɔhɛ si ŋkɔe nye Tilda gblɔ be: “Dɔwɔgbalẽvia kpe ɖe ŋunye meɖo taɖodzinuwo na ɖokuinye. Ʋɛʋɛʋɛ la, meɖo taɖodzinuawo gbɔ eye le ƒe ɖeka megbe mesu te na nyɔnyrɔxɔxɔ.” Patrick si nye nɔviŋutsu sɔhɛ hã kpɔ dzidzedze sia tɔgbi. Egblɔ be: “Togbɔ be menya nye taɖodzinuwo xoxo hã la, wo ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ dzi na meku kutri ɖo wo gbɔ.”

Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa ne dziwòlawo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ gɔ̃ hã? (Kpɔ memama 15)

15. Nu ka tae wòle be adzɔgbeɖeɖe nanye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso?

15 Nyabiase siwo le dɔwɔgbalẽvia dzi la dometɔ ɖeka ye nye: “Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa ne dziwòlawo kple xɔ̃wòwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ gɔ̃ hã?” Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ la, ke àva nɔ ƒomedodo me kple Yehowa. Mele be subɔsubɔdɔ si nèwɔna na Yehowa nanɔ te ɖe dziwòlawo alo ame bubu aɖeke dzi o. Agbe kɔkɔe nɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ye aɖee afia be èka ɖe edzi bliboe be nyateƒeae nye esia, eye nèdi be yeawɔ Mawu ƒe sewo dzi. Ne èwɔ esia la, eteƒe madidi o, àdze na nyɔnyrɔxɔxɔ.

KPƆ ŊUDZEDZE ÐE TAFEA ŊU

16, 17. (a) Nu kae ʋãa ame wòva zua Kristotɔ? (b) Kpɔɖeŋu kae ɖe nu si ta wòle be míada akpe ɖe tafea ta la fia?

16 Gbe ɖeka ŋutsu aɖe si nya Mose ƒe Sea nyuie bia Yesu be: “Sedede kae nye gãtɔ le Se la me?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:35-37) Yesu ɖe eme be lɔlɔ̃ na Yehowa ye ʋãa ame be wòaxɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔ. Nu si akpe ɖe ŋuwò be nàlɔ̃ Yehowa ɖe edzi ye nye be nàde ŋugble le tafea, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ ŋu. (2 Korintotɔwo 5:14, 15; 1 Yohanes 4:9, 19) Esia aʋã wò nàkpɔ ŋudzedze ɖe nunana nyui ma ŋu.

17 Kpɔɖeŋu sia ana nàse nu si gbegbe tafea wɔ na wò gɔme nyuie: Tsɔe be èle nyɔnyrɔm ɖe tɔ me eye ame aɖe va xɔ na wò. Ðe nàyi aƒe me, aɖɔli awu ƒotsia ahaŋlɔ nu si amea wɔ na wò la bea? Gbeɖe! ‘Ame mewɔa nyui na ame wotsɔa asi megbe daa akpe nɛ o,’ eya ta àɖo ŋku ame si xɔ wò ɖe agbe dzi godoo! Nenema kee wòle be míada akpe gã aɖe na Yehowa kple Yesu ɖe tafea ta. Woawo tae míele agbe ɖo! Woɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Lɔlɔ̃ si le wo si na mí lae na agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔa su mía si!

18, 19. (a) Nu ka tae mele be nàvɔ̃ adzɔgbeɖeɖe na Yehowa o? (b) Aleke Yehowa subɔsubɔ ana wò agbe naganyo ɖe edzi wui?

18 Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ na wò ŋua? Ne nenemae la, ke adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ye nye afɔ nyuitɔ si nàte ŋu aɖe. Wò adzɔgbeɖeɖe fia be èdo ŋugbe na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu tegbee. Ðe wòle be nàvɔ̃ ŋugbe sia dodoa? Kura o! Yehowa di be nuwo nadze edzi na wò, eye aɖo eteƒe na ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 11:6) Ne èɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ la, wò agbe aganyo ɖe edzi wu! Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 24 fifia, si xɔ nyɔnyrɔ hafi ɖo ƒewuime gblɔ be: “Ðewohĩ ne ɖe metsi vie la, anye ne gɔmesese deto asu asinye ya, gake adzɔgbeɖeɖe na Yehowa kaba kpɔ tanye tso xexemenuwo yome titi me.”

Ðokuitɔdilae Satana nye, eye metsɔ ɖeke le eme na wò o

19 Yehowa di be eme nanyo na wò. Gake Satana ya ɖokuitɔdilae, eye metsɔ ɖeke le eme na wò o. Ne èdze Satana yome la, mawɔ nu nyui aɖeke na wò o. Elabe nu nyui aɖeke mele eya ŋutɔ si wòana wò o. Nya nyui aɖeke kura mele esi o, eye mɔkpɔkpɔ hã bu ɖee keŋkeŋ. Tsɔtsrɔ̃ koe wòate ŋu ahe vɛ na wò, elabe esia tututue le eya ŋutɔ lalam!—Nyaɖeɖefia 20:10.

20. Nu kae akpe ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo ŋu be woadze na adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “Nyati Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàyi Ŋgɔ” hã.)

20 Adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ye nye afɔ nyuitɔ kekeake si nàte ŋu aɖe. Ðe nèsu tea? Mègavɔ̃ na esia wɔwɔ ne èdze o. Gake ne èsusu be yemedze haɖe o la, ekema wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me dzi be nàwɔ ŋgɔyiyi. Paulo ɖo aɖaŋu na nɔvi siwo nɔ Filipi be woayi ŋgɔ geɖe wu. (Filipitɔwo 3:16) Ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, eteƒe madidi o, àdi vevie be yeaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ.