Nuwo Tɔ Zi Le Xexea Me—Aleke Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ?
Ðe nèkpɔe be kuxi siwo le xexea mea le nu gblẽm le ŋuwò fifia wu tsã? Ðe nu siwo gbɔna dometɔ aɖe le edzi yim le afi si nèlea?
aʋawɔwɔ
dɔvɔ̃wo
dzɔdzɔmefɔkuwo
ahedada
nazãbubu ɖe ameƒomevi aɖewo ŋu
nu vlo wɔwɔ
Ne afɔku dzɔa, dzidzi ƒoa ame siwo dzi wòdzɔ ɖoa dometɔ geɖe eye mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo. Le ame aɖewo hã gomea, wotɔtɔna vevie eye womenyana nu si woawɔ o. Gake ne seselelãme siawo le ame me eteƒe didia, ɖeko wògagblẽa nyaa ɖe edzi.
Ne afɔku dzɔa, ele be nàwɔ nu kpata atsɔ akpɔ nu siawo ta; wò ame veviwo, wò lãmesẽ, nu siwo nu nènɔa agbe ɖo kple nu siwo ana nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.
Nu kawoe nàte ŋu awɔ fifia be ale si kuxiwo le gã dom ɖe edzi le xexea me egbea nagagblẽ nu le ŋuwò fũu o?