Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Netu Wò Ðo

Lɔlɔ̃ Netu Wò Ðo

Lɔlɔ̃ Netu Wò Ðo

“Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.”—MATEO 22:37.

1. (a) Nɔnɔme kawoe nye esiwo Kristotɔ tuna ɖo dometɔ aɖewo? (b) Kae nye Kristotɔ ƒe nɔnɔme vevitɔ, eye nukatae?

KRISTOTƆ tua nɔnɔme geɖe ɖo be wòate ŋu anye subɔla nyui. Lododowo ƒe agbalẽa te gbe ɖe sidzedze, gɔmesese, kple nunya ƒe vevienyenye dzi. (Lododowo 2:1-10) Apostolo Paulo ƒo nu tso alesi xɔse kple mɔkpɔkpɔ sẽŋu hiãe ŋu. (Romatɔwo 1:16, 17; Kolosetɔwo 1:5; Hebritɔwo 10:39) Dzidodo kple ɖokuidziɖuɖu hã le vevie. (Dɔwɔwɔwo 24:25; Hebritɔwo 10:36) Ke hã nu ɖeka aɖe li si ne mekpe ɖe eŋu o la, gblẽa nu le nɔnɔme bubuwo katã ŋu eye wòate ŋu ana gɔ̃ hã be woazu nu maɖinuwo. Eyae nye lɔlɔ̃.—Korintotɔwo I, 13:1-3, 13.

2. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye fiae, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?

2 Yesu ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye fia esime wògblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Esi wònye be lɔlɔ̃e nye nusi woatsɔ ade dzesi Kristotɔ vavãe la, ekema ele be míabia biabia siawo be, Nukae nye lɔlɔ̃? Nukatae wòle vevie alea gbegbe ɖo be Yesu gblɔ be ƒo nuwo katã ta la, eyae woatsɔ ade dzesi yeƒe nusrɔ̃lawoe? Aleke míate ŋu atu lɔlɔ̃ ɖoe? Amekawoe wòle be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afiae? Mina míade ŋugble le biabia siawo ŋu.

Nukae Nye Lɔlɔ̃?

3. Aleke míate ŋu aɖɔ lɔlɔ̃e, eye nukatae wònye susu kple dzi ƒe nya?

3 Lɔlɔ̃ ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye ‘kukuɖeameŋu ƒe seselelãme aɖe si me vivisese le alo seselelãme deto, vividodoɖeameŋu.’ Enye nɔnɔme aɖe si ʋãa amewo be woawɔ nyui hena ame bubuwo ƒe nyonyo, esi wɔwɔ abia ɖokuitsɔtsɔsavɔ gãwo ɣeaɖewoɣi. Alesi woɖe lɔlɔ̃ gɔmee le Biblia me ku ɖe susu kple dzi siaa ŋu. Susu, alo sidzedze ŋutete, wɔa akpa aɖe elabena amesi lɔ̃a ame la wɔa esia kple sidzedze, heɖoa ŋui be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ye kpakple ame bubu siwo yelɔ̃na la ŋu eye nenema ke nɔnɔme nyuiwo hã le wo si. Sidzedze gale vevie elabena ame aɖewo li siwo Kristotɔ lɔ̃na le esi wòsrɔ̃e le eƒe Biblia xexlẽ me be Mawu dii tso eyama si be wòalɔ̃ wo ta—togbɔ be ɖewohĩ manye eƒe didi le dzɔdzɔme nu ɣeaɖewoɣi o hã. (Mateo 5:44; Korintotɔwo I, 16:14) Ke hã dzi me koŋue lɔlɔ̃ tsona. Menye sidzedze dzro koe lɔlɔ̃ vavã si ŋuti nya Biblia gblɔ la nyena gbeɖe o. Ebia be woaɖe nyateƒetoto deto kple seselelãme ƒe ɖokuitsɔtsɔna blibo afia.—Petro I, 1:22.

4. Mɔ ka nue lɔlɔ̃ nye nublanu sẽŋu aɖe le?

4 Ƒã hafi amesiwo ƒe dzi me ɖokuitɔdidi le te ŋu lɔ̃a ame le nyateƒe me elabena amesi lɔ̃a ame la lɔ̃na faa be yeatsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na ye ŋutɔ ye tɔ. (Filipitɔwo 2:2-4) Nya si Yesu gblɔ be “nana enye yayra wu xɔxɔ” nyea nyateƒe vavã vevietɔ ne nusi nam wole la nye lɔlɔ̃ɖeɖefia. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Lɔlɔ̃ nye nublanu sẽŋu aɖe. (Kolosetɔwo 3:14) Zi geɖe la, xɔlɔ̃wɔwɔ nyea eƒe akpa aɖe, gake lɔlɔ̃ ƒe nublanuwo nu sẽ wu esi le xɔlɔ̃wɔwɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, woɖɔa seselelãme ƒe ƒomedodo si nɔa srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a dome be lɔlɔ̃; gake lɔlɔ̃ si ƒe dzi Biblia de ƒo na mí be míatu ɖo la doa dzi wu ŋutilã me amehenu. Ne srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo nɔewo vavã la, wokpɔtɔ nɔa anyi ɖekae ne lãmegbegblẽ siwo tsitsi hena vɛ alo ne ame ɖeka ƒe wɔametɔ zuzu wɔe be womagate ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o gɔ̃ hã.

Lɔlɔ̃Nɔnɔme Vevi Aɖee

5. Nukatae lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi na Kristotɔ?

5 Nukatae lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi na Kristotɔ? Gbã la, esi Yesu de se na eyomedzelawo be woalɔ̃ wo nɔewo tae. Egblɔ be: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi. Esia ƒe se dem mele na mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo.” (Yohanes 15:14, 17) Evelia, Yehowa nye lɔlɔ̃, eye ele be mí esubɔlawo míasrɔ̃ eyama. (Efesotɔwo 5:1; Yohanes I, 4:16) Biblia gblɔ be sidzedze Yehowa kple Yesu ana míakpɔ agbe mavɔ. Aleke míate ŋu agblɔ be míenya Mawu ne míedzea agbagba be míanɔ abe eyama ene o? Apostolo Yohanes ɖe eme be: “Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.”—Yohanes I, 4:8.

6. Aleke lɔlɔ̃ ate ŋu ana míada asɔ le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowoe?

6 Susu etɔ̃lia aɖe li si tae lɔlɔ̃ le vevie ɖo: Ekpena ɖe mía ŋu be míada asɔ le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo eye wònaa míewɔa nuwo kple susu nyui. Le kpɔɖeŋu me, ele vevie be wòayi edzi anɔ sidzedze xɔm tso Mawu ƒe Nya la me. Sidzedze sia le abe nuɖuɖu ene na Kristotɔ. Ekpena ɖe eŋu wòtsina hewɔa nu wòsɔna kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 119:105; Mateo 4:4; Timoteo II, 3:15, 16) Gake Paulo xlɔ̃ nu be: “Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame [ɖo].” (Korintotɔwo I, 8:1) Naneke megblẽ le sidzedze vavãtɔ ŋu ya o. Míawo ŋue kuxia le—nuvɔ̃wɔwɔ ƒe didiwo le mía me. (Mose I, 8:21) Ne lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si naa wodana sɔna meli o la, sidzedze ate ŋu ana ame nado eɖokui ɖe dzi ahanɔ eɖokui bum be yenyo wu ame bubuwo. Ne lɔlɔ̃ koŋue nye nusi ʋã ame la, ema madzɔ o. “Lɔlɔ̃ . . . meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o.” (Korintotɔwo I, 13:4) Kristotɔ si lɔlɔ̃ ʋãna la medoa eɖokui ɖe dzi ne sidzedze deto su esi gɔ̃ hã o. Lɔlɔ̃ naa wòbɔbɔa eɖokui eye wòxea mɔ nɛ be madi be yeaxɔ ŋkɔ o.—Psalmo 138:6; Yakobo 4:6.

7, 8. Aleke lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míalé ŋku ɖe nusiwo le vevie wu ŋui?

7 Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo be: “Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me, bena [miaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi].” (Filipitɔwo 1:9, 10) Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe dzideƒonamenya si nye be míaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Timoteo be, “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ dim la, ele dɔwɔwɔ nyui dim” la ŋu kpɔ. (Timoteo I, 3:1) Le ƒe 2000 ƒe subɔsubɔƒea me la, woɖo hame 1,502, kpe ɖe esiwo nɔ anyi ŋu le xexeame katã eye wo katã ƒe agbɔsɔsɔ va ɖo 91,487. Le esia ta hamemegã geɖe va hiã, eye amesiwo ɖo mɔnukpɔkpɔa gbɔ la dze na kafukafu.

8 Gake amesiwo le dzikpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia dim la ada asɔ nyuie ne taɖodzinu si le mɔnukpɔkpɔ sia ŋu la le susu me na wo. Menye ŋusẽtɔnyenye alo ŋkɔxɔxɔe nye nu vevitɔ o. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple wo nɔviwo ye ʋãa hamemegã siwo ƒe nu dzea eŋu la. Menye be yewoaxɔ ŋkɔ alo akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi dimee wole o. Esi apostolo Petro xlɔ̃ nu hamemegãwo be woayi edzi alé nɔnɔme nyui me ɖe asi vɔ megbe la, ete gbe ɖe “ɖokuibɔbɔɖeanyi” ƒe vevienyenye dzi. Eɖo aɖaŋu na hamea me tɔwo katã be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te.” (Petro I, 5:1-6) Anyo be amesiame si le mɔnukpɔkpɔ sia minyam nalé ŋku ɖe hamemegã gbogbo siwo le xexeame godoo, siwo nye dɔsesẽwɔlawo, ɖokuibɔbɔlawo, eye wonye yayra na woƒe hamewo ƒe kpɔɖeŋu ŋu.—Hebritɔwo 13:7.

Susu Nyui Kpena Ðe Mía Ŋu be Míedoa Dzi

9. Nukatae Kristotɔwo ƒe susu nɔa yayra siwo ƒe ŋugbe Yehowa do dzi?

9 Lɔlɔ̃ ƒe ameʋaʋã ƒe vevienyenye gadzena le mɔ bubu nu. Biblia do yayra gãwo xɔxɔ fifia kple yayra wɔnuku siwo womate ŋu akpɔ le susu me o ƒe ŋugbe na amesiwo sroa Mawu ɖa le lɔlɔ̃ me. (Timoteo I, 4:8) Wokpena ɖe Kristotɔ si xɔ ŋugbedodo siawo dzi se vevie eye wòka ɖe edzi be Yehowae nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie” ŋu be wòte ŋu nɔa te sesĩe le xɔse me. (Hebritɔwo 11:6) Mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔa mɔ na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava vevie eye míeɖea alesi apostolo Yohanes se le eɖokui me la ke gblɔna be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!” (Nyaɖeɖefia 22:20) Ẽ, ŋugbledede le yayra siwo wodzra ɖo ɖi na mí ŋu ne míenye nuteƒewɔlawo doa ŋusẽ mí be míado dzi, abe alesi “dzidzɔ, si woɖo ɖi” na Yesu kpe ɖe eŋu wòdo dzii ene.—Hebritɔwo 12:1, 2.

10, 11. Aleke lɔlɔ̃ ƒe ameʋaʋã kpena ɖe mía ŋu be míado dzii?

10 Gake ne didi si le mía me be míanɔ xexe yeyea mee nye susu si ko tae míele Yehowa subɔm ɖo ya ɖe? Ekema ele bɔbɔe be míatsi dzi alo aɖe ŋudzedzemakpɔmakpɔ afia ne nuwo va le sesẽm alo nuwo mele yiyim abe alesi míekpɔ mɔe ene o. Afɔku gã aɖe ate ŋu anɔ eme na mí be míava nɔ megbe dem vivivi. (Hebritɔwo 2:1; 3:12) Paulo ƒo nu tso ame aɖe si nye eƒe zɔhɛ kpɔ si ŋkɔe nye Dema, amesi gblẽe ɖi ŋu. Nukatae wògblẽe ɖi? Elabena “[elɔ̃] fifi xexe sia.” (Timoteo II, 4:10) Afɔku li be amesiwo subɔna le ɖokuitɔdidi ƒe susuwo koŋ ta awɔ nusia ke. Nusiwo ate ŋu asu wo si enumake ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu na wo le xexeame la ate ŋu ahe wo eye womagadi be yewoatsɔ nuwo asa vɔe fifia anɔ mɔ kpɔm na yayra siwo ava va o.

11 Togbɔ be esɔ eye wòle dzɔdzɔme nu be míadi be míaxɔ etsɔme yayrawo ahakpɔ mɔ be míava kpɔ gbɔdzɔe le dodokpɔwo me hã la, lɔlɔ̃ tua míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi wòle be wòanye nu gbãtɔ le míaƒe agbe me ŋu ɖo. Nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye nu vevitɔ, ke menye mía tɔ o. (Luka 22:41, 42) Ẽ, lɔlɔ̃ tua mí ɖo. Enaa wòdzea mía ŋu be míakpɔ mía Mawu la sinu dzigbɔɖitɔe, elabena yayra ɖesiaɖe si wònaa mí la dzɔa dzi na mí eye kakaɖedzi le mía si be le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, nusianu si ƒe ŋugbe wòdo—kpakple bubu geɖewo—asu mía si. (Psalmo 145:16; Korintotɔwo II, 12:8, 9) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míayi subɔsubɔ dzi ɖokuitɔmadimaditɔe elabena “lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o.”—Korintotɔwo I, 13:4, 5.

Amekawoe Wòle Be Kristotɔwo Nalɔ̃?

12. Amekawoe Yesu gblɔ be míalɔ̃?

12 Yesu de amesiwo wòle be míalɔ̃ la ŋuti se gbadza aɖe esi wòyɔ nya eve tso Mose ƒe Sea me. Egblɔ be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo” eye, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—Mateo 22:37-39.

13. Aleke míawɔ asrɔ̃ alesi míalɔ̃ Yehowae, togbɔ be míate ŋu akpɔe o hã?

13 Edze ƒã le Yesu ƒe nyaawo me be gbã la, ele be míalɔ̃ Yehowa. Gake womedzi mí kple lɔlɔ̃ si de to bliboe na Yehowa o. Enye nane si wòle be míatu ɖo. Esi míese nu tso eyama ŋu zi gbãtɔ la, nusi míese la te mí ɖe eŋu. Ʋɛʋɛʋɛ la, míesrɔ̃ nu tso alesi wòdzra anyigba dzi ɖoe na ameƒomea ŋu. (Mose I, 2:5-23) Míesrɔ̃ nu tso alesi wòwɔ nui ɖe ameƒomea ŋu, eye zi gbãtɔ si amegbetɔƒomea dze nuvɔ̃ me la, megblẽ mí ɖi ko o, ke boŋ wòwɔ afɔɖeɖe be yeatsɔ axɔ na míi ŋu. (Mose I, 3:1-5, 15) Ewɔ nu tufafatɔe ɖe amesiwo wɔ nuteƒe ŋu, eye mlɔeba etsɔ eƒe Tenuvi ɖeka kolia na hena míaƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke. (Yohanes 3:16, 36) Sidzedze sia si nɔ dzidzim ɖe edzi na míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu dzi ɖe edzi. (Yesaya 25:1) Fia Dawid gblɔ be yelɔ̃ Yehowa le Eƒe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe ta. (Psalmo 116:1-9) Egbea Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí, efiaa mɔ mí, doa ŋusẽ mí, hedea dzi ƒo na mí. Zi alesi míele nu srɔ̃m tso eyama ŋu la, zi nenemae míaƒe lɔlɔ̃ dea toe ɖe edzi.—Psalmo 31:23; Zefanya 3:17; Romatɔwo 8:28.

Aleke Míate Ŋu Aɖe Míaƒe Lɔlɔ̃ Afiae?

14. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee fia le be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu nye akuakua?

14 Ele eme baa be ame geɖe gblɔna le xexeame godoo be yewolɔ̃ Mawu ya, gake alesi wowɔa nui la mewɔa ɖeka kple woƒe nyagbɔgblɔ o. Aleke míawɔ anya be míelɔ̃ Yehowa nyateƒe? Míate ŋu aƒo nu nɛ le gbedodoɖa me ahagblɔ alesi míesena le mía ɖokui me nɛ. Eye míate ŋu awɔ nu le mɔ si ɖea míaƒe lɔlɔ̃ fiana nu. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Amesi ke lé [Mawu ƒe] nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, míele eyama me.” (Yohanes I, 2:5; 5:3) Tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be míaƒo ƒu ɖekae eye míanɔ agbe dzadzɛ. Míetsria alakpanuwɔwɔ, míetoa nyateƒe, hebua nu dzadzɛwo ŋu. (Korintotɔwo II, 7:1; Efesotɔwo 4:15; Timoteo I, 1:5; Hebritɔwo 10:23-25) Míeɖea lɔlɔ̃ fiana to ŋutilã me kpekpeɖeŋu nana amesiwo nu hiã me. (Yohanes I, 3:17, 18) Eye míegbea Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo o. Esia ƒe akpa aɖee nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexeame katã. (Mateo 24:14; Romatɔwo 10:10) Toɖoɖo Mawu ƒe Nya la le nusiawo me nye kpeɖodzi be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa nye akuakua.

15, 16. Aleke lɔlɔ̃ na Yehowa wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi le ƒe si va yi mee?

15 Lɔlɔ̃ na Yehowa kpena ɖe amewo ŋu be wowɔa nyametsotso nyuiwo. Le ƒe si va yi me la, lɔlɔ̃ sia ʋã ame 288,907 wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime wɔ nyametsotso sia ƒe kpɔɖeŋui. (Mateo 28:19, 20) Viɖe geɖe le woƒe adzɔgbeɖeɖea ŋu. Ehe tɔtrɔ va woƒe agbe me. Le kpɔɖeŋu me, Gazmend nye basketball ƒola xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka le Albania. Wo kple srɔ̃a wotsɔ ƒe geɖe srɔ̃ Bibliae eye togbɔ be kplamatsedonuwo nɔ anyi hã la, wova dze hezu Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo mlɔeba. Gazmend xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si va yi me, eye enye ame 366 siwo xɔ nyɔnyrɔ le Albania le ƒe 2000 subɔsubɔƒea me la dometɔ ɖeka. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ta nyati aɖe ku ɖe eŋu be: “Taɖodzinu le eƒe agbe ŋu, eye le esia ta ŋkeke siawoe nye wo kple eƒe ƒomea ƒe agbemeŋkeke siwo me wole dzidzɔ kpɔm le wu. Le eya gome la, nu agbɔsɔsɔme sinu wòate ŋu akpɔ le agbe me la megale vevie nɛ o, ke ɖe eteƒe la, nu alesinu wòate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋue le vevie nɛ.”

16 Nenema ke wona mɔnukpɔkpɔ aɖe si nye tetekpɔ nɔvinyɔnu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o eye wònɔ dɔ wɔm na mɔ̃memidɔwɔƒe aɖe le Guam. Le ŋgɔyiyi vovovo wɔwɔ ƒe geɖe megbe la, mɔnukpɔkpɔ va su esi mlɔeba be wòazu nyɔnu gbãtɔ si anye zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le dɔwɔƒea ƒe ŋutinya me. Gake fifia etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Eyata le nya la me dzodzro kple srɔ̃a vɔ megbe la, nɔvinyɔnu yeye sia gbe mɔnukpɔkpɔa xɔxɔ eye wòdi ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ ale be wòate ŋu awɔ ŋgɔyiyi ava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, alo mɔɖela. Lɔlɔ̃ na Yehowae ʋãe be wòdi be yeazu mɔɖela tsɔ wu be yeadi ga le xexe sia me. Le nyateƒe me, le xexeame godoo la, lɔlɔ̃ sia ʋã ame 805,205 be woakpɔ gome le mɔɖeɖedɔa ƒe akpa vovovowo me le ƒe 2000 subɔsubɔƒea me. Lɔlɔ̃ kple xɔse ka gbegbee nye si mɔɖela siawo ɖe fia!

Wose le Wo Ðokui me Be Yewoalɔ̃ Yesu

17. Lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu nyui kae míakpɔ le Yesu gbɔ?

17 Yesu nye amesi lɔlɔ̃ ʋã ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe. Le eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me la, elɔ̃ Fofoa eye wòlɔ̃ ameƒomea. Eya amesi ƒe nuwɔwɔ ɖesiaɖe me nunya akuakua dze le la gblɔ be: “Menye dɔnunɔla le [Yehowa] gbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawokatãɣi; mefe le eƒe anyigba dzi godoo, eye mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.” (Lododowo 8:30, 31) Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu mee ʋãe be wòɖe asi le eƒe dziƒogbenɔnɔ ŋu eye wova dzii abe vidzĩ wɔnamanɔŋutɔ ene. Ewɔ nu ɖe ame fatuwo kple amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi ŋu le dzigbɔɖeanyi kple tufafa me eye wòkpe fu le Yehowa ƒe futɔwo si me. Mlɔeba, eku le fuwɔameti ŋuti ɖe ameƒomea katã ta. (Yohanes 3:35; 14:30, 31; 15:12, 13; Filipitɔwo 2:5-11) Ameʋaʋã ƒe ŋusẽ nyui kae nye si!

18. (a) Aleke míetua lɔlɔ̃ ɖoe na Yesu? (b) Mɔ kawo nue míeɖenɛ fiana le be míelɔ̃ Yesu?

18 Ne amesiwo si dzi nyui le xlẽ Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo le Nyanyuiawo me hede ŋugble le yayra siwo eƒe nuteƒewɔwɔ he vɛ na wo ŋu la, esia naa wova lɔ̃a eyama vevie. Mí amesiwo li egbea míele abe amesiwo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽa na ene esime wògblɔ be: ‘Togbɔ be miekpɔ Yesu kpɔ o hã la, mielɔ̃nɛ.’ (Petro I, 1:8) Míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ fiana ne míetsɔ eyama dzixɔxɔse de dɔwɔwɔ me eye míesrɔ̃ eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ. (Korintotɔwo I, 11:1; Tesalonikatɔwo I, 1:6; Petro I, 2:21-25) Le April 19, 2000, dzi la, woɖo ŋku susu siwo ta míelɔ̃a Yesu dzi na ame siwo ƒe ƒuƒoƒo nye 14,872,086, esi wode eƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi si woɖuna zi ɖeka le ƒe me. Ame gbogbo kawoe nye si wonye! Eye aleke wòdoa ŋusẽ amee nye si be ame geɖe tsɔ ɖe le xɔxɔ si to Yesu ƒe vɔsa dzi la me! Le nyateƒe me la, Yehowa kple Yesu ƒe lɔlɔ̃ na mí kple míaƒe lɔlɔ̃ na wo tua mí ɖo.

19. Lɔlɔ̃ ŋuti biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Yesu gblɔ be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo. Gake egagblɔ hã be míalɔ̃ mía haviwo abe mía ɖokui ene. (Marko 12:29-31) Amekawoe míalɔ̃? Eye aleke lɔlɔ̃ na ame havi kpena ɖe mía ŋui be míada asɔ eye tamesusu nyui nanɔ mía si? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi aɖe?

• Aleke míawɔ asrɔ̃ lɔlɔ̃ na Yehowa?

• Aleke míaƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowae?

• Aleke míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ na Yesu fianae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míalala dzigbɔɖitɔe hena gbɔdzɔekpɔkpɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yesu ƒe vɔsa gã la ʋãa mí be míalɔ̃e