Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋunana Ahosiwo le Woƒe Xaxawo Me

Kpekpeɖeŋunana Ahosiwo le Woƒe Xaxawo Me

Kpekpeɖeŋunana Ahosiwo le Woƒe Xaxawo Me

AHOSIWO ƒe ŋutinya siwo wonya nyuie la dometɔ ɖekae nye Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Rut kple lɔ̃xoa Naomi ŋu. Wo ame evea siaa nye ahosiwo. Gake Naomi ya menye srɔ̃ŋutsu koe ku o ke viaŋutsu eve, siwo dometɔ ɖeka nye Rut srɔ̃, hãe ku. Esi wònye be agbledela siwo zãa ŋutsuwo le dɔwɔwɔ me domee wonɔ ta la, woƒe nyaa wɔ nublanui ale gbegbe.—Rut 1:1-5, 20, 21.

Gake Rut, Naomi ƒe lɔ̃xoyɔvi, amesi gbe be yemagblẽe ɖi o la, nye xɔlɔ̃ kple akɔfala ɖedzesi aɖe nɛ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Rut va ‘de ŋutsuvi adre nu na Naomi gbɔ edzi’—menye le alesi gbegbe wòlɔ̃ Naomi ɖeɖe ta ko o ke le alesi gbegbe wòlɔ̃ Mawu hã ta. (Rut 4:15) Esi Naomi bia tso Rut si be wòatrɔ ayi eƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo nye Moabtɔwo gbɔ la, Rut ɖo eŋu kple nuteƒewɔwɔ siwo wɔdɔɖeamedzi wu si woŋlɔ ɖi kpɔ dometɔ ɖeka be: “Afisi nayi la, afima mayi; afisi natsi la, afima matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu; afisi naku ɖo la, afima maku ɖo, eye afima woaɖim ɖo! Yehowa nefiam, eye wòagafiam ɖe edzi; negbe ku koe aklã mía dome!”—Rut 1:16, 17.

Yehowa Mawu kpɔ Rut ƒe nɔnɔmea dze sii. Eyra Naomi kple Rut ƒe aƒe sue la, eye mlɔeba, Rut ɖe Israel-vi Boaz. Naomi xɔ woƒe vi, amesi va zu Yesu Kristo tɔgbui, nyii abe eya ŋutɔ via ene. Ŋutinya sia nye alesi Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ahosi siwo tena ɖe eyama ŋu heka ɖe eyama dzi ŋu la ƒe kpɔɖeŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ na mí be edea asixɔxɔ amesiwo naa kpekpeɖeŋu ahosiwo lɔlɔ̃tɔe le woƒe xaxawo me la ŋu. Eyata aleke míate ŋu akpe ɖe ahosi siwo le mía dome egbea ŋui?—Rut 4:13, 16-22; Psalmo 68:5.

Wɔ Nu Tẽ Gake Megaɖo Nu Nɛ O

Ne èle kpekpeɖeŋu nam ahosi aɖe la, anyo be nàwɔ nua tẽ wòadze wu gake menye le nuɖoɖo nɛ ƒe mɔ nu o. Megagblɔ nya siwo le gbadzaa si ƒe ɖee nye “Ne nane hiã wò la, gblɔe nam” nɛ o. Ema asɔ kple gbɔgblɔ na amesi vuvɔ le wɔwɔm eye dɔ le ewum be, ‘ƒu dzo, eye ɖu nu nàɖi ƒo’ evɔ mawɔ naneke atsɔ akpe ɖe eŋui o. (Yakobo 2:16) Ame geɖe mabia kpekpeɖeŋu ne nane hiã wo o; ke boŋ wozia kpi kpea fu. Kpekpe ɖe amesiawo ŋu bia nugɔmesese kple susu tsɔtsɔ akpɔ nusi hiã wo. Le go bubu me la, didi be woaxɔ nu ɖesiaɖe awɔ—si sɔ kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ahosia ƒe agbe dzi—ate ŋu ahe vevesese alo dzre vɛ. Le esia ta Biblia te gbe ɖe alesi wòhiãe be míada asɔ le nuwɔwɔ na amewo me dzi. Togbɔ be ede dzi ƒo na mí be míaɖe ɖetsɔleme si me ɖokuitɔmadimadi le afia ame bubuwo hã la, eɖo ŋku edzi na mí be míagado gaglãsu ɖe woƒe nya me o.—Filipitɔwo 2:4; Petro I, 4:15.

Rut ɖe nɔnɔme si da sɔ sia fia le nusiwo wòwɔ na Naomi me. Togbɔ be Rut ku ɖe lɔ̃xoa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hã la, meƒoa nya ɖe enu alo ɖoa nu nɛ o. Eɖe afɔ siwo me nunya le, abe nusi eya kple Naomi aɖu la didi ene, gake ewɔ ɖe Naomi ƒe mɔfiamewo hã dzi.—Rut 2:2, 22, 23; 3:1-6.

Nyateƒe wonye be amesiame kple nusi ahiã be woawɔ nɛ. Sandra, si ƒe nya míegblɔ va yi, gblɔ be: “Nusi tututu hiãm le nye nuxaxa me la su asinye—eyae nye xɔlɔ̃ vevi lɔ̃ame siwo nɔ ŋunye ɣesiaɣi.” Gake Elaine si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ ya di be yeaɖe vo anɔ ye ɖokui si. Eyata be míana kpekpeɖeŋu fia be míanye nugɔmesenamelawo ahada asɔ le nusi nye ame ŋutɔ ƒe nya kple esi me míadi be míana kpekpeɖeŋu le ne ehiã la me.

Kpekpeɖeŋu si Ƒomea Ana

Ne ƒome aɖe si me dzidzɔ kple lɔlɔ̃ le li la, woate ŋu awɔ geɖe atsɔ ana kakaɖedzi ahosi be wòate ŋu anɔ te ɖe eƒe ahosinyenyea nu. Togbɔ be ƒomea me tɔ aɖewo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu wu bubuwo hã la, amesiame ate ŋu awɔ akpa aɖe. “Ne viwo alo mamayɔviwo le ahosi aɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawɔ nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzilawo; elabena esia nyo le Mawu ŋku me.”—Timoteo I, 5:4.

Le go geɖe me la, gakpekpeɖeŋu alo “nuteƒeɖoɖo” mahiã o. Ga le ahosi aɖewo si woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe, eye bubuwo dze na kpekpeɖeŋu si dziɖuɖua nana le dukɔ aɖewo me la xɔxɔ. Gake le teƒe siwo hiã tu ahosiwo le la, ele be ƒometɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Ne ƒometɔ kplikplikpli aɖeke mele ahosi aɖe si si ana kpekpeɖeŋui alo ƒometɔ mawo mate ŋu ana kpekpeɖeŋu o la, Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be woaxɔ na wo, esi wògblɔ be: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.”—Yakobo 1:27.

Amesiwo wɔa nu ɖe Biblia gɔmeɖose siawo nu la ‘bua ahosiwo’ nyateƒe. (Timoteo I, 5:3) Ne woagblɔe la, be woabu ame fia be woade bubu amea ŋu. Amesiwo ŋu wode bubui la sena le wo ɖokui me be wode asixɔxɔ yewo ŋu, wokpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu, eye woda yewo ɖe kɔkɔ aɖe ƒe. Womesena le wo ɖokui me be esi wònye ame bubuwo ƒe dɔ be woakpe ɖe yewo ŋu ta koe wole kpekpem ɖe yewo ŋu ɖo o. Togbɔ be Rut ŋutɔ nye ahosi va de asi na ɣeyiɣi aɖe hã la, ede bubu Naomi ŋu vavã to Naomi ƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɛ faa lɔlɔ̃tɔe me. Le nyateƒe me la, eteƒe medidi o Rut ƒe nɔnɔme na woƒo nu nyui le eŋu, ale be amesi va ɖee emegbe gblɔ nɛ be: “Nye dukɔ ƒe du blibo la nyae bena, nyɔnu zãzɛ nènye.” (Rut 3:11) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖikeke mele eme o be alesi gbegbe Naomi lɔ̃ Mawui, nugɔmesese ƒe nɔnɔme si nɔ esi be meɖea fu na ame o, kple alesi wòkpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem Rut nɔ ɖe eta ŋu na dzi dzɔ Rut be wòana kpekpeɖeŋui. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Naomi nye na ahosiwo egbea!

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye nyateƒe be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo mate ŋu awɔ nusiwo ame srɔ̃ si ku la wɔna na ame pɛpɛpɛ o. Le susu sia ta, ele vevie na amesi dzi kua dzɔ ɖo be wòate ɖe “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me” ŋu kplikplikpli. (Korintotɔwo II, 1:3, 4) De ŋugble le Hana, ahosi si doa vevie mawusubɔsubɔ, amesi xɔ ƒe 84 esime wodzi Yesu, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

Esi Hana srɔ̃ ku le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe adre pɛ ko megbe la, ebia akɔfafa tso Yehowa gbɔ. “Medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsidɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.” (Luka 2:36, 37) Ðe Yehowa ɖo Hana ƒe mawusosroɖa la teƒe nɛa? Ẽ! Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia Hana le mɔ tɔxɛ aɖe ŋutɔ nu esi wòna wòkpɔ vidzĩ si atsi ava zu xexeame Ðela la. Aleke esia dzɔ dzi na Hana hefa akɔ nɛ enye si! Edze ƒã be ekpɔ Psalmo 37:4 ƒe nyateƒenyenye be: “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.”

Mawu Wɔa Nu To Hati Kristotɔwo Dzi

Elaine gblɔ be: “Va de asi na ɣeyiɣi didi aɖe le David ƒe ku megbe la, lãme va veam ŋutɔ, abe hɛ demee wole nye agbaƒutiwo me ene. Metsɔe be atsi dɔmee menɔ. Gbeɖeka la, enu va se ale gbegbe be mesusui be mayi ɖɔkta gbɔ. Gbɔgbɔmenɔvinyɔnu si ganye xɔ̃nye senugɔmename aɖe gblɔ be anye nye nuxaxa gbɔ tsomee nye lãmevea le eye wòde dzi ƒo nam be mabia kpekpeɖeŋu kple akɔfafa Yehowa. Mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa eye enumake medo gbe ɖa tso dzi me le ɖoɖoezizi me hebia Yehowa be wòalém ɖe te le nye nuxaxa la me. Eye ewɔe nam!” Elaine ƒe lãmea te kaka ɖe eme, eye eteƒe medidi o eƒe lãmevea gɔ̃ hã tɔ.

Hamemegãwo koŋ ate ŋu atsɔ tufafa adze xɔlɔ̃ ahosi siwo le nu xam. Hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli to kpekpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me kple akɔfafa na wo edziedzi le ŋuɖɔɖɔɖo kple nugɔmesese me eɖanye dodokpɔ kawo me tom wole o. Afisi wòahiã le la, hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le ɖoɖowɔwɔ ɖe woƒe ŋutilãmekpekpeɖeŋu nana hã ŋu. Hamemegã senugɔme siawo siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na va nyea “sitsoƒe tso ya nu” vavã.—Yesaya 32:2; Dɔwɔwɔwo 6:1-3.

Akɔfafa Mavɔ tso Anyigbaa ƒe Fia Yeyea Gbɔ

Amesi kpɔkpɔ do dzidzɔ na nyagã Hana anye ƒe akpe evee nye esi va yi la va zu Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Mesia Fia. Eteƒe madidi o dziɖuɖu sia aɖe nusiwo katã hea konyifafa kple ku vɛ la ɖa. Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔ le esia ŋu be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Ède dzesii be ‘ameƒomea’ ŋue nya sia ku ɖoa? Ẽ, woaɖe amegbetɔwo tso ku kple konyifafa kpakple ɣlidodo siwo katã wòhena vɛ la me.

Gake nyanyui si gavivi wu kura hã li! Biblia do ŋugbe be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Abe alesi wònɔ le Lazaro, amesi Yesu fɔ tso ame kukuwo dome, gome ene la, woanye amegbetɔwo ne wofɔ wo, menye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo o. (Yohanes 11:43, 44) Amesiwo ‘awɔ nu nyuiwo’ le esia megbe la ava zu amegbetɔ deblibowo eye woa ŋutɔwo woakpɔ gome le dzikpɔkpɔ si Yehowa ana abe fofo ene me ne ‘eʋu eƒe asi me hetsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.’—Psalmo 145:16.

Amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku eye woxɔ mɔkpɔkpɔ sẽŋu sia dzi se la kpɔnɛ be enye akɔfafa gã aɖe tsoƒe na yewo. (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Eyata ne ahosie nènye la, ‘nɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe’ nànɔ akɔfafa kple kpekpeɖeŋu si nèhiã atsɔ anɔ te ɖe wò agbanɔamedzi vovovoawo nui la biam. (Tesalonikatɔwo I, 5:17; Petro I, 5:7) Eye di ɣeyiɣi nàtsɔ axlẽ Mawu ƒe Nya gbesiagbe ale be Mawu ƒe tamesusuwo nate ŋu afa akɔ wò. Ne èwɔ nusiawo la, wò ŋutɔ akpɔe be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ŋutifafa nasu asiwò, metsɔ le dodokpɔ kple kuxi siwo katã wò ahosinyenye ahe va dziwòe me o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Kpekpe ɖe ame ŋu fia be míada asɔ le nusi nye ame ŋutɔ ƒe nya kple esi me míadi be míana kpekpeɖeŋu le ne ehiã la me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu yra ahosi tsitsi Hana