Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Nɔnɔmewo Kpɔa Ŋusẽ Gbegblẽ Ðe Wò Agbenɔnɔ Dzia?

Ðe Wò Nɔnɔmewo Kpɔa Ŋusẽ Gbegblẽ Ðe Wò Agbenɔnɔ Dzia?

Ðe Wò Nɔnɔmewo Kpɔa Ŋusẽ Gbegblẽ Ðe Wò Agbenɔnɔ Dzia?

NƆNƆME donuxaxanamewo kple kuxiwo nye esiwo bɔ le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me. (Timoteo II, 3:1) Kuxi aɖewo axɔ ɣeyiɣi kpui aɖe eye wonu ava yi mlɔeba. Bubuwo xɔa ɣleti alo ƒe geɖe. Esia wɔnɛ be ame geɖe sena le wo ɖokui me abe alesi hakpala Dawid, amesi fa avi na Yehowa be, “Nye dzimexaxawo do gã ɖe dzi, ɖem tso nye hiãwo me” la, hã see ene.—Psalmo 25:17.

Ðe nèle kame tem kple kuxi siwo le tetem ɖe dziwòa? Ne nenemae la, àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname tso Biblia me. Na míabu Yehowa subɔla nuteƒewɔla eve siwo nɔ te ɖe kuxiwo nu dzidzedzetɔe ƒe agbe ŋu kpɔ: woawoe nye Yosef kple Dawid. Ne míelé ŋku ɖe alesi wowɔ nui le fukpekpewo me ŋu la, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi mawo tɔgbe nu egbea.

Wodze Ŋgɔ Kuxi Sesẽwo

Kaka Yosef naxɔ ƒe 17 la, kuxi sesẽ aɖe dze ŋgɔe le eya ŋutɔ ƒe ƒomea me. Foawo kpɔe be yewo fofo, Yakob, ‘lɔ̃ Yosef wu nɔviawo katã.’ Le esia ta, “wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.” (Mose I, 37:4) Míate ŋu akpɔ alesi nɔnɔme sia ana Yosef natsi dzi eye wòado nuxaxa nɛ la le susu me. Mlɔeba la, Yosef fowo ƒe fulélea nu va se ale gbegbe be wodzrae ɖe kluvinyenye me.—Mose I, 37:26-33.

Esime Yosef nye kluvi le Egipte la, eva hiã be wòagbe agbegbegblẽnɔnɔ si eƒe aƒetɔ srɔ̃ dona ɖe egbɔ la. Esi dzi ku nyɔnua be egbe be yemanɔ agbe sia kpli ye o ta la, etso Yosef nu alakpatɔe be edi be yeadɔ ye gbɔ sesẽe. ‘Wolée de gaxɔ’ me afisi “womimi eƒe afɔ ɖe atiboli ŋu, eye wodee kunyowu me” le. (Mose I, 39:7-20; Psalmo 105:17, 18) Dodokpɔ kae nye si esia nye! Ƒe 13 sɔŋ enye ma si Yosef nye kluvi loo alo gamenɔla le numadzɔmadzɔ si amewo, kple eya ŋutɔ ƒometɔwo, wɔ ɖe eŋu ta.—Mose I, 37:2; 41:46.

Dawid si nɔ blema Israel hã dze ŋgɔ tetekpɔwo le eƒe ɖekakpui me. Etsɔ ƒe geɖe nɔ sisim le Fia Saul nu, eye Saul hã nɔ ade klo dzi nɛ abe lã aɖee wòbe yeada adee ene. Dawid ƒe agbe ɖo afɔku me ɣeyiɣi didi. Ɣeaɖeɣi la, eyi ɖaxɔ nuɖuɖu le Aximelex gbɔ. (Samuel I, 21:1-7) Esi Saul nya se be Aximelex na kpekpeɖeŋu Dawid ko la, menye Aximelex ɖeɖe koe wòɖe gbe be woawu o, ke boŋ nunɔlawo katã kple woƒe ƒomewo hãe. (Samuel I, 22:12-19) Ðe nàte ŋu akpɔ alesi Dawid axa nui ɖe afɔku sia hehe va amewo dzi le manyamanya me ta la le susu mea?

Bu ƒe gbogbo siwo Yosef kple Dawid tsɔ do dzi le fukpekpe kple ŋlɔmiwɔwɔ me la ŋu kpɔ. To ŋkuléle ɖe alesi woto nɔnɔme sesẽ siawo mee ŋu la, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo. Na míade ŋugble le mɔ etɔ̃ siwo nu wòdze be míasrɔ̃ ŋutsu siawo le la ŋu.

Ðe Asi le Dziku Kple Vevesese Helĩhelĩ Ŋu

Gbã la, ŋutsu nuteƒewɔla siawo mena be vevesese helĩhelĩ kple dziku ƒe ɖɔ ɖe wo o. Esime Yosef nɔ gaxɔme la, ate ŋu anɔ tame gbegblẽwo bum vevie le alesi nɔviawo dee asi la ŋu eye ɖewohĩ wòanɔ alesi wòaɖo eteƒe na wo ne edzɔ be yegava do go wo la ŋu bum. Aleke míewɔ nya be Yosef mebu tame gbegblẽ ma o? Bu alesi wòwɔ nui esime mɔnukpɔkpɔ va su esi be wòaɖo eteƒe na nɔvia siwo va bli ƒle ge le Egipte la ŋu kpɔ. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Yosef trɔ] dzo le wo gbɔ ɖade asi avifafa me, . . . Eyome Yosef de se [na esubɔviwo] bena, woade bli [nɔviawo ƒe] kotokuawo me taŋ, atsɔ amesiame ƒe ga ade eƒe kotokua me, eye woana mɔ dzi nuɖuɖu hã wo.” Emegbe esime Yosef do mɔ nɔviawo be woaɖakplɔ wo fofo va Egipte la, ede dzi ƒo na wo be: “Migawɔ dzre le mɔ dzi o!” Yosef ɖee fia le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siaa me be yemena vevesese helĩhelĩ kple dziku gblẽ yeƒe agbe dome o.—Mose I, 42:24, 25; 45:24.

Nenema kee Dawid melé dziku ɖe dɔme ɖe Fia Saul ŋu o. Mɔnukpɔkpɔ su Dawid si zi eve sɔŋ be wòawu Saul hafi. Gake esi eƒe amewo ƒoe ɖe enu be wòawui la, Dawid gblɔ be: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawɔ nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.” Dawid gblẽ nyaa ɖe Yehowa si hegblɔ na eƒe amewo bena: “Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke ade wòaku, alo wòayi aʋa woawui o fĩ!” Emegbe la, Dawid kpa konyifaha aɖe tsɔ fa na Saul kple Saul ƒe vi Yonatan. Abe alesi wònɔ le Yosef gome ene la, Dawid meɖe mɔ dziku ɖu eyama dzi o.—Samuel I, 24:4-7; 26:7-13; Samuel II, 1:17-27.

Ðe míeléa dziku alo vevesese helĩhelĩ ɖe dɔme ne numadzɔmadzɔwɔwɔ aɖe do vevesese na mía? Esia ate ŋu adzɔ bɔbɔe. Ne míeɖe mɔ míaƒe seselelãmewo ɖu mía dzi la, nusi ado tso eme la ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu wu madzɔmadzɔnyenye la ŋutɔ gɔ̃ hã. (Efesotɔwo 4:26, 27) Togbɔ be míate ŋu alé amewo ƒe nuwɔnawo nu keŋkeŋ o hã la, míate ŋu alé miaƒe nuwɔnawo ya nu. Ne míexɔe se be Yehowa akpɔ nyaa gbɔ le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, enɔa bɔbɔe be míaɖe asi le dziku kple vevesese helĩhelĩ ŋu.—Romatɔwo 12:17-19.

Na Wò Nɔnɔmea Naɖe Vi Nyui Na

Nu evelia si míate ŋu asrɔ̃e nye be míagana míaƒe nɔnɔmea nagbɔdzɔ mí o. Adzɔ be nusiwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o nava xɔ susume na mí ale gbegbe be míaƒe susu nadzo le nusi míate ŋu awɔ dzi. Esia ana be míaƒe nɔnɔmewo nava te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe mía dzi. Esia ate ŋu adzɔ ɖe Yosef dzi hafi. Ke hã, etiae be yeakpɔ viɖe aɖe atso yeƒe nɔnɔmea me. Esime Yosef nye kluvi la, ‘eƒe aƒetɔ ve enu, eye wòtsɔe wɔ eƒe subɔlae, eye wòtsɔe ɖo eƒeme nuwo dzikpɔlae.’ Yosef wɔ nu nenema ke le gaxɔa me. Yehowa ƒe yayra kple Yosef ƒe moveviɖoɖo wɔe be “gaxɔdzikpɔla tsɔ gatɔ, siwo katã le gaxɔa me la, de Yosef si, eye nusianu, si wowɔna le afima la, eyae ɖonɛ na wo.”—Mose I, 39:4, 21-23.

Le ƒe siwo Dawid nɔ sisim me la, eya hã wɔ eƒe nɔnɔmea ŋudɔ nyuie. Esime wònɔ Paran-gbedzi la, woa kple eƒe amewo kpɔ Nabal ƒe alẽha ta tso adzoblasuwo sime. Nabal ƒe alẽkplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Gli wonye le mía ŋu le zã kple ŋkeke me.” (Samuel I, 25:16) Emegbe, esime Dawid yi ɖanɔ Ziklag la, edze du siwo Israel ƒe futɔwo xɔ le anyiehe gome la dzi hegbugbɔ wo xɔ na Yuda ake.—Samuel I, 27:8; Kronika I, 12:20-22.

Ðe wòhiã be míadze agbagba vevie awɔ míaƒe nɔnɔme madeamedziwo ŋudɔ nyuiea? Togbɔ be esia wɔwɔ asesẽ hã la, míate ŋu akpɔ dzidzedze. Esi apostolo Paulo nɔ ŋugblẽ dem le alesi wònɔ agbee ŋu la, eŋlɔ bena: “Mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye. . . . Le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã.” Alekee Paulo wɔ va tu nɔnɔme sia ɖo le agbe me? Esi wòyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi la tae. Elɔ̃ ɖe edzi be: ‘Metea ŋu wɔa nuwo katã le eya, amesi doa ŋusẽm la me.’—Filipitɔwo 4:11-13.

Kpɔ Yehowa Sinu

Nusɔsrɔ̃ etɔ̃lia enye be le esi teƒe be míato mɔ siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi atrɔ míaƒe nɔnɔmeawo la, ele be míakpɔ Yehowa sinu boŋ. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.” (Yakobo 1:4) Ele be míado dzi ‘bliboe’ ato tetekpɔ aɖe me aɖase nuwuwu eye mele be míato mɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi atsi enu kaba o. Ekema ado míaƒe xɔse akpɔ ahawɔe yeyee, eye eƒe ameléle ɖe te ŋusẽ adze ƒã. Yosef kple Dawid do dzi sia tɔgbe. Wometee kpɔ be yewoato mɔ si madze Yehowa ŋu o dzi adi egbɔkpɔnu o. Ke boŋ, woku kutri wɔ woƒe nɔnɔmeawo ŋudɔ nyuie. Wokpɔ Yehowa sinu, eye yayra kawoe nye si esia na wokpɔ! Yehowa zã woa kple evea siaa wonye ɖelawo kple kplɔlawo na eƒe amewo.—Mose I, 41:39-41; 45:5; Samuel II, 5:4, 5.

Míawo hã míadze ŋgɔ nɔnɔme siwo ate mí akpɔ be míadi wo gbɔkpɔnu si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe dzi ɖe le ƒowò le esi mekpɔ srɔ̃ si sɔ na wò aɖe haɖe o ta? Ne nenemae la, ƒo asa na tetekpɔ si nye be woagbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe se si gblɔ be woaɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la me ko’ dzi la. (Korintotɔwo I, 7:39) Ðe nèle kuxiwo me tom le wò srɔ̃ɖeɖe mea? Le esi nàna xexeame ƒe gbɔgbɔ si ƒoa kaklã kple srɔ̃gbegbe ɖe ame nu nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò teƒe la, miwɔ nu le nɔnɔme sesẽawo me ɖekae. (Maleaxi 2:16; Efesotɔwo 5:21-33) Ðe wò gakuxiwo na wòle sesẽm na wò be nàkpɔ wò ƒomea dzi? Yehowa sinukpɔkpɔ bia asaƒoƒo na dɔ siwo ŋu nya ku ɖo alo mele se nu o la wɔwɔ atsɔ akpɔ gae. (Psalmo 37:25; Hebritɔwo 13:18) Ẽ, ele be mí katã míaku kutri awɔ míaƒe nɔnɔmewo ŋudɔ nyui ahadze agbagba awɔ nusi ana Yehowa nayra mí. Esi míele esia wɔm la, mína míaɖoe kplikpaa be míakpɔ Yehowa sinu hena wo gbɔkpɔnu si deblibo.—Mixa 7:7.

Yehowa Alé Wò Ðe Te

Ŋugbledede le alesi Biblia me mewo to mɔkpɔkpɔbuɖeamewo kple nɔnɔme sesẽwo me dzidzedzetɔe, abe alesi Yosef kple Dawid wɔe ene, ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi. Togbɔ be Biblia ƒe axa ʋɛ aɖewo koe woƒe ŋutinyawo le hã la, woƒe tetekpɔawo nɔ anyi ƒe geɖe. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke Mawu subɔla mawo wɔ nɔ te ɖe woƒe nɔnɔmeawo nui? Aleke wowɔ yi edzi kpɔ dzidzɔe? Nɔnɔme kawoe wòhiã be woatu ɖo?’

Anyo hã be míade ŋugble le Yehowa subɔla siwo li egbea la ƒe dzidodo ŋu. (Petro I, 5:9) Agbemeŋutinya geɖewo nɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me ƒe sia ƒe. Ðe nèxlẽa Kristotɔ wɔnuteƒe siawo ƒe kpɔɖeŋuwo hedea ŋugble le wo ŋua? Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo do dzi le nɔnɔme madeamedziwo me nuteƒewɔwɔtɔe la le miaƒe hamewo me. Ðe nèdea ha kpli wo edziedzi le hame ƒe kpekpewo me hesrɔ̃a nu tso wo gbɔa?—Hebritɔwo 10:24, 25.

Ne nɔnɔme sesẽwo dze ŋgɔ wò la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò eye alé wò ɖe te. (Petro I, 5:6-10) Ku kutri vevie be nàgana wò nɔnɔmewo nakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzi o. Srɔ̃ Yosef, Dawid, kple ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋu nàɖe asi le dziku ŋu, awɔ wò nɔnɔmea ŋudɔ nyuie, eye nàkpɔ Yehowa sinu be wòahe kuxia gbɔkpɔnu deblibo vɛ. Te ɖe eyama ŋu le gbedodoɖa kple subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. Esia awɔe be wò hã nàkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.—Psalmo 34:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yosef ku kutri wɔ eƒe nɔnɔmeawo ŋudɔ nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dawid kpɔ Yehowa sinu be wòakpɔ yeƒe kuxiawo gbɔ