Wowɔ Nuteƒe Henɔ Te Sesĩe—Ɣemaɣi Kple Fifia Hã
Wowɔ Nuteƒe Henɔ Te Sesĩe—Ɣemaɣi Kple Fifia Hã
Du sue aɖe le Poland ƒe anyiehekpa dzi, si te ɖe liƒo si le eya kple Slovakia kpakple Czech Republic dome ŋu, eye eŋkɔe nye Wisła. Ðewohĩ mànya se nu tso Wisła ŋu kpɔ ya o, gake eŋutinya aɖe li si adzɔ dzi na Kristotɔ vavãwo kokoko. Enye ŋutinya aɖe si me nuteƒewɔwɔ kple dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu dze le. Aleke?
WISŁA le tonuto dzeani aɖe si nya kpɔna ale gbegbe me. Tɔsisi sue eve siwo sina kabakaba la kple Vistula-tɔsisia va doa go hesina ɖekae toa to kple bali siwo me avewo le me. Nutoa me tɔwo ƒe vividodoɖeameŋu kple yame ƒe nɔnɔme tɔxɛ si le Wisła wɔe be enye dɔyɔƒe aɖe si ame geɖe yina, teƒe si amewo va ɖua dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli mɔkekewo le.
Ewɔ abe ƒe 1590-awo mee wotsɔ ŋkɔ sia na teƒea zi gbãtɔ ene. Woɖo atidzeƒe aɖe ɖe afima, eye eteƒe medidi o amewo va te aƒe tsotso ɖe tonuto ma si me ati alo ave aɖeke menɔ tsã o la me; wonyi alẽwo kple nyiwo hede agble le anyigba la dzi. Gake mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme va trɔ kpata le ame tsɛ mawo dome. Subɔsubɔha me ɖɔɖɔɖo siwo Martin Luther to vɛ la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nutoa me dzi, eye le numekula Andrzej Otczyk ƒe nya nu la, Luther-ha va zu “Dukɔa ƒe subɔsubɔha le ƒe 1545 me.” Ke hã, ƒe Blaetɔ̃ Ʋa la (si nye subɔsubɔhawo kple dunyahehe me ʋa siwo kplɔ wo nɔewo ɖo si me Europa katã kloe kpɔ gome le tso ƒe 1618-1648 me) kple Gbugbɔgaɖɔɖo la (si nye nudzɔdzɔ siwo va eme le Roma Katolikoha la me le ƒe 1500-awo kple 1600-awo me si me wotsi tre ɖe Martin Luther ƒe Ðɔɖɔɖoa ŋu le hewɔ ɖɔɖɔɖo aɖe le Katolikohaa hã me) siwo va ɖe eyome na nɔnɔmea trɔ wòɖe dzesi. Otczyk gblɔ yi edzi be: “Le ƒe 1654 me la, woxɔ sɔlemexɔwo katã le Protestanttɔwo si, woxe mɔ ɖe woƒe dɔwo nu, eye woxɔ Biblia kpakple mawusubɔsubɔ gbalẽ bubuwo katã le wo si.” Ke hã nutoa me tɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ nye Luthertɔwo.
Biblia me Nyateƒea ƒe Ku Gbãtɔwo
Dzidzɔtɔe la, subɔsubɔha me ɖɔɖɔɖo aɖe si le vevie wu nɔ ŋgɔ. Le ƒe 1928 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, dometɔ eve ƒã Biblia me nyateƒea ƒe kuwo ɖe afima zi gbãtɔ. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Jan Gomola tsɔ mɔ̃ aɖe si wotsɔna ƒoa agba siwo dzi wolé Ŋɔŋlɔawo me nuƒowo ɖo la ɖe asi heva ƒo na amewo le Wisła. Emegbe eyi bali aɖe si te ɖe afima ŋu me, afisi ame aɖe ɖo toe vevie le—Andrzej Raszka, si nye ame kpui titri todzinɔla aɖe si xɔ nya la. Raszka tsɔ eƒe Biblia enumake be yeakpɔe ɖa be nya siwo wogblɔ le nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃a dzi me la nye nyateƒe hã. Emegbe etsɔ dzidzɔ gblɔ be: “Nɔvinye, meke ɖe nyateƒea ŋu mlɔeba azɔ! Menɔ ŋuɖoɖo aɖewo dim tso esime ke menɔ aʋagbedzi le Xexemeʋa I me!”
Dzi dzɔ Raszka ale gbegbe be wòkplɔ Gomola yi exɔlɔ̃ siwo nye Jerzy kple Andrzej Pilch gbɔ, eye woawo hã wowɔ nu ɖe Fiaɖuƒe gbedasia nu nyuie. Andrzej Tyrna, si srɔ̃ Biblia me nyateƒea le France la kpe ɖe amesiawo ŋu wodzi woƒe Mawu ƒe gbedasia ŋuti sidzedze ɖe edzi. Eteƒe medidi o woxɔ nyɔnyrɔ. Be nɔvi siwo le du siwo te ɖe afima ŋu me nakpe ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue si le Wisła ŋu la, wonɔ wo srãm kpɔ le ƒe 1930-awo ƒe domedome. Nusiwo do tso eme la wɔ nuku.
Ðetsɔlemetɔ yeyewo nɔ dzidzim ɖe edzi wòwɔ nuku. Enye numame na Luthertɔwo ƒe ƒome siwo nɔ afima be woaxlẽ Biblia le aƒeme. Eyata esi wokpɔ Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodziwo le dzomavɔ ƒe nufiafia kple Mawuɖekaetɔ̃ ŋu la, wo dometɔ geɖe te ŋu kpɔ vovototo si le nyateƒea kple aʋatsonufiafia dome. Ƒome geɖe tiae be yewoaɖe asi le subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo ŋu. Aleae hame si nɔ Wisła dzi ɖe edzi, eye kaka ƒe 1939 naɖo la, amesiwo ade 140 ye nɔ eme. Gake ewɔ moyaa be ame tsitsi akpa gãtɔ siwo nɔ hame ma me mexɔ nyɔnyrɔ o. Helena, Ðasefo gbãtɔawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Esia mefia be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ siawo mete ŋu nɔ Yehowa ƒe akpa dzi o.” Egblɔ kpee be: “Woɖe woƒe nuteƒewɔwɔ fia le xɔse ƒe dodokpɔ siwo wodo goe le ema megbe kpuie la me.”
Ke ɖeviwo ya ɖe? Wokpɔe dze sii be yewo dzilawo ke ɖe nyateƒea ŋu. Franciszek Branc gblɔ be: “Esime fofonye kpɔe be yeke ɖe nyateƒea ŋu la, edze eƒaƒã ɖe mía kple nɔvinyeŋutsu me. Mexɔ ƒe enyi eye nɔvinyeŋutsua xɔ ƒe ewo ɣemaɣi. Papa biaa nyabiase bɔbɔe aɖewo mí, abe: ‘Amekae nye Mawu, eye eŋkɔ ɖe? Nukae mienya tso Yesu Kristo ŋu?’ Míeŋlɔa míaƒe ŋuɖoɖoawo heŋlɔa Biblia me kpukpui siwo ɖo kpe wo dzi.” Ðasefo bubu gblɔ be: “Esi dzinyelawo xɔ Fiaɖuƒe gbedasia hedo go le Luther Sɔlemea me le ƒe 1940 me ta la, woti yonyeme heƒoam le suku. Meda akpe na dzinyelawo be woƒã Biblia me gɔmeɖosewo ɖe menye. Esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le ɣeyiɣi sesẽ mawo me toto me.”
Wodo Woƒe Xɔse Kpɔ
Esime Xexemeʋa II dzɔ eye Nazitɔwo va xɔ nutoa me la, woɖoe be yewoatsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo. Gbã la, wode dzi ƒo na ame tsitsiwo—vevietɔ vifofowo—be woade asi Germanytɔ nyenye ƒe agbalẽ aɖe te ale be mɔnukpɔkpɔ aɖewo nasu wo si. Ðasefoawo gbe be yewomawɔ ɖeka kple Nazitɔawo o. Gbetɔame aɖe va dze ŋgɔ nɔviŋutsu kple ɖetsɔlemetɔ geɖe siwo tsi ate ŋu azu asrafo: Woazu asrafowo loo alo woalé woƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi evɔ woahe to na wo vevie. Andrzej Szalbot, amesi adzamekpovitɔwo lé le ƒe 1943 me ɖe nu me be: “Ne ègbe be yemazu asrafo o la, ekema woaɖo wò ɖe fuwɔamegaxɔ me, eye zi geɖe la, le Auschwitz. Nyemexɔ nyɔnyrɔ ɣemaɣi o, gake menya kakaɖedzi si Yesu na le Mateo 10:28, 29. Menya be ne meku le Yehowa dzixɔxɔse ta la, ate ŋu afɔm va agbe me.”
Le ƒe 1942 ƒe gɔmedzedze la, Nazitɔwo lé nɔviŋutsu siwo nɔ Wisła dometɔ 17. Le ɣleti etɔ̃ megbe la, wo dometɔ 15 ku le Auschwitz. Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe Ðasefo siwo susɔ ɖe Wisła dzi? Le esi esia nana woaɖe asi le woƒe xɔse ŋu teƒe la, esia de dzi ƒo na wo be woaku ɖe Yehowa ŋu tamanamanatɔe boŋ! Le ɣleti ade siwo kplɔe ɖo me la, gbeƒãɖela siwo nɔ Wisła ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Eteƒe medidi o wogalé ame geɖe. Le yi katã me la, Hitler ƒe tagbɔsesẽa gblẽ nu le nɔvi, ɖetsɔlemetɔ, kple ɖevi 83 ŋu. Woɖo wo dometɔ 53 ɖe fuwɔamegaxɔwo me (vevietɔ Auschwitz) alo ɖe kluvidɔwɔƒe siwo wokua tomenuwo hegbãa kpewo le le Poland, Germany, kple Bohemia.
Wowɔ Nuteƒe Henɔ Te Sesĩe
Le Auschwitz la, Nazitɔwo dze agbagba tsɔ ablɔɖenana Ðasefoawo enumake ƒe mɔkpɔkpɔwo te wo kpɔe. SS-srafo aɖe gblɔ na nɔvi aɖe be: “Ne ède asi agbalẽ ɖeɖe aɖe te hegblɔ be yemeganye Biblia Nusrɔ̃vi o ko la, míaɖe asi le ŋuwò nàyi aƒeme.” Wodo ŋugbe ma na nɔvi sia zi geɖe, ke hã mena ta le eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me o. Nusi do tso eme nɛ enye be woƒoe, woɖu fewu le eŋu, hena wòwɔ kluvidɔ le Auschwitz kple Mittelbau-Dora, le Germany siaa. Do ŋgɔ teti hafi nɔviŋutsu sia nakpɔ ablɔɖe la, eku kloe le bɔmb aɖe si woda ɖe asaɖa si me wònɔ me ta.
Paweł Szalbot, si nye Ðasefo aɖe si ku nyitsɔ laa ɖo ŋku edzi ɣeaɖeɣi be: “Ne adzamekpovitɔwo va gbe bia gem la, wobiaa enuenu be nukatae megbe be nyemazu Germany srafo ahagblɔ heil Hitler o hã.” Esi wòɖe Biblia me kpeɖodzi siwo tae wòtiae be yemade akpa aɖeke dzi o abe Kristotɔ ene la, wotso afia nɛ be wòawɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe si wowɔa tuwo le. “Edze ƒã be nye dzitsinya maɖe mɔ nam malɔ̃ awɔ dɔ sia o, eyata woɖom ɖe tomenuwo kuƒe aɖe.” Gake eyi edzi wɔ nuteƒe.
Amesiwo womede gaxɔ me o—nyɔnuwo kple ɖeviwo—ɖo nuɖuɖu ɖe amesiwo nɔ Auschwitz. Nɔviŋutsu aɖe si nye sɔhɛ ɣemaɣi gblɔ be: “Le dzomeŋɔli la, míefɔa lĩ ƒomevi aɖewo le gbe me eye míetsɔa wo ɖɔa li lu. Nɔvinyɔnuwo mea abolo suesuewo hedea ha ƒe ami wo me. Azɔ míetsɔa woƒe sue aɖe yina na haxɔsetɔ siwo wode gaxɔ la me dometɔ ɖesiaɖe.”
Le yi katã me la, woɖo Wisła Ðasefo tsitsi 53 ɖe fuwɔamegaxɔwo me be woawɔ dɔ sesẽ. Wo dometɔ 38 ku le afima.
Dzidzime aɖe si me Tɔwo Metsi O Va Dzɔ
Ameteteɖeanyi nuwɔna siwo Nazitɔwo wɔ la gblẽ nu le Yehowa Ðasefowo ƒe viwo hã ŋu. Woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe asaɖa siwo me woléa amewo dana ɖo hena ɣeyiɣi aɖe la me kpe ɖe wo nɔwo ŋu le Bohemia. Wokplɔ bubuwo dzo ɖa le wo dzilawo gbɔ heɖo wo ɖe ɖeviwo ƒe asaɖa xɔŋkɔwo me le Lodz.
Wo dometɔ etɔ̃ ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Mía dometɔ ewo, siwo xɔ tso ƒe atɔ̃ yi ƒe asieke ye Germanytɔwo kplɔ yi Lodz zi gbãtɔ. Míede dzi ƒo na mía nɔewo to gbedodoɖa kple Biblia me nyatiwo me dzodzro dzi. Dzidodo menɔ bɔbɔe na mí o.” Le ƒe 1945 me la, ɖevi mawo katã trɔ gbɔ va aƒeme. Womeku o gake woɖi ku eye wowɔ fu wo. Ke hã naneke mete ŋu gblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ me o.
Nukae Dzɔ Emegbe?
Esime wòsusɔ vie Xexemeʋa II nake la, Ðasefo siwo nɔ Wisła ƒe xɔse gasesẽ kokoko eye wonɔ klalo be yewoagadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple dzonɔameme kpakple tameɖoɖo kplikpaa. Nɔviwo nɔ ƒuƒoƒo me yi ɖasrã amesiwo gbɔ didi abe kilometa 40 ene tso Wisła gbɔ, nɔ gbeƒã ɖem henɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam. Jan Krzok gblɔ be: “Eteƒe medidi o hame sesẽ etɔ̃ va nɔ dua me.” Gake subɔsubɔ ƒe ablɔɖe si su wo si la menɔ anyi eteƒe didi o.
Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɖu si va xɔ ɖe Nazitɔwo tɔ teƒe la xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔna nu le Poland le ƒe 1950 me. Eyata eva hiã be nɔvi siwo le nutoa me naɖɔ ŋu ɖo le woƒe subɔsubɔdɔa me. Ɣeaɖewoɣi la, woyia amewo gbɔ le aƒewo me kple susu be yewoyina lã alo nuku aɖe ƒle ge. Zi geɖe la, zã mee wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le ƒuƒoƒo suesuewo me. Ke hã asrafowo dze agbagba lé Yehowa subɔla geɖe, tso wo nu be wonɔ dɔ wɔm na duta nyatakaka dɔwɔƒe aɖe—evɔ kpeɖodzi aɖeke menɔ nya siawo ŋu o. Dumegã aɖewo ɖu fewu le Paweł Pilch ŋu do ŋɔdzi nɛ be: “Hitler mena nèdzudzɔ nuteƒewɔwɔ o, gake míawo ya míana nàdzudzɔ.” Gake eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime wodee gaxɔ me ƒe atɔ̃. Esi Ðasefo sɔhɛ ʋɛ aɖewo gbe be yewomade asi Sosialist dunyahedziɖuɖu gbalẽ aɖe te o la, wonya wo le suku alo xɔ dɔ le wo si.
Yehowa Yi Edzi Nɔ Kpli Wo
Dunyahehe ƒe nɔnɔme va trɔ le ƒe 1989 me, eye wova ɖe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo ŋu le se nu le Poland. Yehowa subɔla like siwo le Wisła do tsɔtsɔe woƒe dɔa, abe alesi mɔɖelawo, alo subɔla siwo ɖea gbeƒã ɣeawokatãɣi, ƒe xexlẽme ɖee fia ene. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ade 100 siwo le nutoa me wɔ mɔɖeɖedɔa. Eyata mewɔ nuku o be wova tsɔ megbeŋkɔ na dua be Mɔɖelawo ƒe Mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe.
Biblia gblɔ tso kpekpeɖeŋu si Mawu na esubɔla siwo nɔ blema ŋu be: “Esime amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o la, anye ne womi mí agbagbe.” (Psalmo 124:2, 3) Le míaƒe ŋkekea me la, togbɔ be ɖekematsɔleme kple xexeame ƒe agbenyuimanɔmanɔ ƒe nɔnɔmewo va bɔ ale gbegbe hã la, Yehowa subɔlawo siwo le Wisła ya dzea agbagba be yewoalé yewoƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye woyraa wo geɖe. Ðasefowo ƒe dzidzime siwo kplɔ wo nɔewo ɖo le nuto ma me la ate ŋu aɖo kpe edzi be apostolo Paulo ƒe nya siawo nye nyateƒe, be: “Ne Mawu le mía dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?”—Romatɔwo 8:31.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]
Atikutsetseawo kple seƒoƒoawo: © R.M. Kosinscy / www.kosinscy.pl
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Woɖo Emilia Krzok kple via Helena, Emelia, kpakple Jan ɖe ɣeyiɣi aɖe ƒe asaɖa me le Bohemia
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Esi Paweł Szalbot gbe be yemawɔ asrafodɔ o la, woɖoe ɖe tomenuwo kuƒe
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Togbɔ be woɖo nɔviwo ɖe Auschwitz eye wo dometɔ aɖewo ku le afima hã la, dɔa metɔ te dzidzi ɖe edzi le Wisła o
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Wokplɔ Paweł Pilch kple Jan Polok yi ɖeviwo ƒe asaɖa aɖe me le Lodz