Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mèganɔ Susu Gbegblẽwo Bum O!

Mèganɔ Susu Gbegblẽwo Bum O!

Mèganɔ Susu Gbegblẽwo Bum O!

ESI dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe blemafofo Hiob dzi la, exɔlɔ̃ etɔ̃ aɖewo siwo nye Elifaz, Bildad, kple Zofar va srãe kpɔ. Wova be yewoafa nɛ ahafa akɔ nɛ. (Hiob 2:11) Wo dometɔ si xɔ ŋkɔ wu, eye ɖewohĩ eyae tsi wu lae nye Elifaz. Eyae ƒo nu gbã, eye eya kee ƒo nu wu. Aleke alesi Elifaz bua tamee la dze le eƒe nuƒo etɔ̃awo me?

Elifaz gblɔ tso nane, si ŋusẽ aɖe si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ na wòkpɔ kpɔ, ŋu be: “Ya aɖe ƒo va to ŋunye, ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye. Nɔnɔme aɖe tsi tre ɖe ŋkunye me, ke nyemedze sii o, eye mese gbe bɔlɔe aɖe.” (Hiob 4:15, 16) Gbɔgbɔ ka ƒomevie kpɔ ŋusẽ ɖe Elifaz ƒe tamesusu dzi? Fɔbuamenya siwo wògblɔ kplɔe ɖo ɖee fia be menye Mawu ƒe dɔla dzɔdzɔeawo dometɔ aɖeke ƒe gbɔgbɔe o. (Hiob 4:17, 18) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖee. Ne menye eyae o ɖe, ke nukatae Yehowa ka mo na Elifaz kple ehati eveawo be wometo nyateƒe o? (Hiob 42:7) Ẽ, gbɔgbɔ vɔ̃woe kpɔ ŋusẽ ɖe Elifaz dzi. Mawuvɔvɔ̃ medze le eƒe nyawo me kura o.

Nukpɔsusu kawoe dze le Elifaz ƒe nyawo me? Nukatae wòle vevie be míakpɔ mía ɖokui dzi le susu gbegblẽwo bubu ŋu? Eye afɔ kawoe míaɖe atsɔ atsi tre ɖe nusia ŋu?

“Meɖoa Dzi Ðe Eƒe Subɔlawo Ŋu O”

Le Elifaz ƒe nuƒo etɔ̃awo katã me la, eƒe susue nye be Mawu biana nu geɖe tso esubɔlawo si ale gbegbe be nusiwo wowɔna dometɔ aɖeke medzea eŋu o. Elifaz gblɔ na Hiob be: “Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe subɔlawo [alo mawudɔlawo, New World Translation ƒe etenuŋɔŋlɔ] ŋu o, eye wòbua tatra ɖe eƒe dɔlawo ke hã ŋu.” (Hiob 4:18) Elifaz gblɔ tso Mawu ŋu emegbe be: “Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu o, eye dziƒo medza le eŋku me o.” (Hiob 15:15) Eye ebia be: “Ne ènye ame dzɔdzɔe la, ɖe ŋusẽkatãtɔ tsɔ ɖe le emea?” (Hiob 22:3) Bildad wɔ ɖeka kple eƒe susua, elabena egblɔ be: “Kpɔ ɖa, ɣleti ke hã meɖina, eye ɣletiwo me mekɔna le [Mawu ƒe] ŋku me o.”—Hiob 25:5.

Ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ tame bum alea o. Ana míava nɔ ebum be Mawu biana nu geɖe akpa tsoa mía si. Nukpɔsusu sia gblẽa nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu. Gawu la, ne míeva le tame bum alea ɖe, ke aleke míawɔ nui ne woɖo aɖaŋu na mí? Le esi teƒe be míabɔbɔ mía ɖokui axɔ aɖaŋuɖoɖoa, míaƒe dzi ate ŋu ‘anyrã ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu,’ eye ɖewohĩ míalé dziku ɖe dɔme ɖe eŋu. (Lododowo 19:3) Bu nusi gbegbe ema agblẽ le mía ŋu le gbɔgbɔ me ŋu kpɔ!

“Ðe Ŋutsu Enye Viɖenu na Mawua?”

Nukpɔsusu aɖe li si sɔ kple esi nye be Mawu biana nu geɖe akpa tso mía si; eyae nye be mebua amegbetɔwo ɖe naneke me o. Le Elifaz ƒe nuƒoƒo etɔ̃lia me la, ebia nya sia be: “Ðe ŋutsu enye viɖenu na Mawua? Kpao, boŋ nunyala enye viɖenu na eya ŋutɔ ɖokui ko.” (Hiob 22:2) Elifaz ƒe nyawo fia be Mawu mebua amegbetɔ ɖe naneke me o. Bildad hã gblɔ nya ma tɔgbe be: “Aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔ, eye nyɔnu tɔ dzidzia adza?” (Hiob 25:4) Nya mawo fia be, aleke Hiob si nye amegbetɔ tsɛ agblɔ be yele dzɔdzɔe le Mawu ŋku me?

Nukpɔsusu gbegblẽwo le ame aɖewo si egbea le woa ŋutɔwo ɖokui ŋu. Esia ate ŋu atso ƒome si me wonyi ame le, agbemekuxiwo, alo ŋutigbalẽ kple gbegbɔgblɔ me fuléle si me ame to gbɔ. Gake Satana kple eƒe dɔlawo ya kpɔa dzidzɔ ne dzi ɖe le amewo ƒo. Ne wote ŋu na ame aɖe va le esusum be yeƒe nuwɔna aɖeke medzea Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu o ko la, ekema mɔkpɔkpɔ abu ɖee bɔbɔe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amesia ate ŋu ava nɔ megbe dem le Mawu gbagbe la ŋu vivivi, alo ate ŋu adzo le egbɔ kura gɔ̃ hã.—Hebritɔwo 2:1; 3:12.

Tsitsi kple lãmesẽkuxiwo nana míegate ŋu va wɔa nanewo o. Ðewohĩ dɔ siwo wɔm míele le Fiaɖuƒedɔa me la magaɖi naneke ne míetsɔe sɔ kple esi míete ŋu wɔna esime míenye sɔhɛ eye lãmesẽ kple ŋusẽ nɔ mía ŋu la o. Ele vevie ale gbegbe be míanyae be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo di be míabui be nusiwo wɔm míele la medzea Mawu ŋu o! Ele be míatsri tamebubu alea.

Alesi Míawɔ Atsri Nukpɔsusu Gbegblẽwo

Togbɔ be Satana Abosam he fukpekpe va Hiob dzi hã la, egblɔ be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.” (Hiob 27:5) Esi Hiob lɔ̃ Mawu ta la, eɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eɖanye nuka kee adzɔ o, eye be yemaɖe mɔ naneke natrɔ yeƒe susu o. Míekpɔ nu vevi aɖe le nya siawo me, si akpe ɖe mía ŋu míatsri nukpɔsusu gbegblẽwo. Ele be míase Mawu ƒe lɔlɔ̃ gɔme nyuie eye míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu tso dzi me. Ehiã hã be míalɔ̃e geɖe wu. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi kpakple gbedodoɖa kple ŋugbledede le nusiwo míesrɔ̃na ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.

Le kpɔɖeŋu me, Yohanes 3:16 gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena.” Lɔlɔ̃ gã aɖe le Yehowa si na ameƒomea, eye alesi wòwɔ nu kple amewo va yi la ɖe esia fia. Ele be ŋugbledede tso blemakpɔɖeŋuwo ŋu nana míakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ŋu eye wòana míalɔ̃e geɖe wu. Esia awɔe be míatsri nukpɔsusu gbegblẽwo.

Bu alesi Yehowa wɔ nu ɖe Abraham ŋu esime wòsusɔ vie wòatsrɔ̃ Sodom kple Gomora ŋu kpɔ. Abraham bia nya Yehowa zi enyi sɔŋ le Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. Yehowa mebi dzi alo do dziku le nyabiaseawo dometɔ ɖeka pɛ teti hã ŋu o. Ðe eƒe ŋuɖoɖoawo na kakaɖedzi Abraham hefa akɔ nɛ boŋ. (Mose I, 18:22-33) Esi Mawu ɖe Lot kple eƒe ƒomea tso Sodom megbe la, Lot biae be wòana yeabe ɖe du aɖe si te ɖe afima ŋu me tsɔ wu be yeayi towo dzi. Yehowa ɖo eŋu be: “Le nya sia me hã meɖo to wò, eye nyemagblẽ du si nèwɔnɛ la o.” (Mose I, 19:18-22) Ðe nuŋlɔɖi siawo fia be Yehowa nye dziɖula malɔ̃ame, akpasesẽnuwɔla si biana nu geɖe akpa tso ame sia? Ao. Amesi koŋ wònye lae woɖe fia—be enye Dziɖulagã lɔ̃ame, si ƒe dɔme nyo, si kpɔa nublanui hesea nu gɔme na ame.

Aron, Dawid, kple Manase, siwo nɔ agbe le blema Israel, ƒe kpɔɖeŋuwo ɖee fia be mesɔ kura be míabui be Mawu dia vodada le ame ŋu eye be mekpɔa ŋudzedze ɖe ame aɖeke ŋu o. Aron wɔ nuvɔ̃ gã etɔ̃ sɔŋ. Ewɔ sikanyivi, ekpe ɖe nɔvianyɔnu Miriam ŋu woli liʋiliʋi le Mose ŋu, eye mekɔ Mawu ŋu hede bubu eŋu le Meriba o. Ke hã, Yehowa kpɔ nu nyui siwo wòwɔ la dze sii, eye eɖe mɔ nɛ wòkpɔtɔ subɔ abe nunɔlagã ene vaseɖe eƒe kugbe.—Mose II, 32:3, 4; Mose IV, 12:1, 2; 20:9-13.

Fia Dawid wɔ nuvɔ̃ gãwo le eƒe dziɖuɣi. Esiawo dometɔ aɖewo nye ahasiwɔwɔ, nugbeɖoɖo be woawu ame maɖifɔ aɖe, kple amexexlẽ si mele se nu o. Gake Yehowa kpɔ Dawid ƒe dzimetɔtrɔ eye ewɔ ɖe Fiaɖuƒe nubabla la dzi nuteƒewɔwɔtɔe to mɔ ɖeɖe nɛ be wòaɖu fia vaseɖe eƒe kugbe dzi.—Samuel II, 12:9; Kronika I, 21:1-7.

Yuda-fia Manase ɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, etsɔ viawo sa vɔ le dzo me, edo gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ, eye wòtu alakpasubɔsubɔ ƒe vɔsamlekpuiwo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo. Gake esi wòtrɔ dzime vavã la, Yehowa tsɔe kee, ekplɔe gbɔe tso aboyo me, eye wògagbugbɔ ɖoe fiae. (Kronika II, 33:1-13) Mawu si mekpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o ate ŋu awɔ nu alea? Kura o!

Amenutsola Alakpatɔa Ŋutɔ Boŋue Ði Fɔ

Mele be wòawɔ nuku na mí o be Satana ŋutɔ boŋ sie nɔnɔme siwo wòtsɔ le Yehowa nu tsomee la le. Ŋutasẽlae Satana nye eye eya boŋue biana nu geɖe akpa tso ame si. Ðe ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔ ƒe nuwɔna si nɔ alakpasubɔsubɔ me le blema la meɖe esia fia kɔte oa? Israel-vi xɔsegbelawo nɔ dzo tɔm wo vi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo—nusi wɔwɔ meva susu me na Yehowa ya kura o.—Yeremya 7:31.

Satana boŋue dia vodada le ame ŋu, menye Yehowa ye o. Nyaɖeɖefia 12:10 yɔ Satana be “mía nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli.” Gake hakpalaa dzi ha tso Yehowa ya ŋu be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le.”—Psalmo 130:3, 4.

Ɣeyiɣi si me Ame Aɖeke Magabu Susu Gbegblẽ O

Wò ya bu gbɔdzɔe si gbegbe gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo nye mawudɔlawo anya kpɔ esime wonya Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo ŋu kpɔ! (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siawo magate ŋu agblẽ naneke le Yehowa ƒe mawudɔla siwo le dziƒo la ƒe ƒomea ƒe dɔwɔnawo ŋu azɔ o.—Daniel 10:13.

Esusɔ vie ko, anyigba dzi tɔwo hã akpɔ dzidzɔ. Eteƒe madidi o, mawudɔla aɖe si le ɖiɖim tso dziƒo eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe le esi la abla Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe dɔmawɔmawɔ ƒe aʋli me. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Míavo ɣemaɣi lo!

Gake hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, ele be míakpɔ nyuie le susu gbegblẽwo bubu ŋu. Ɣesiaɣi si míakpɔe be nukpɔsusu gbegblẽ masɔmasɔwo le susu me vam na mí la, ele be míatsi tre ɖe wo ŋu to ŋugbledede le lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia mí ŋu me. Ekema, ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo susuwo katã ta la, adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu.’—Filipitɔwo 4:6, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Hiob tsi tre ɖe nukpɔsusu gbegblẽwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Lot nyae be Yehowa nye Dziɖulagã si sea nu gɔme na ame