Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àdi Be Xɔlɔ̃ Nyuiwo Nanɔ Ye Sia?

Àdi Be Xɔlɔ̃ Nyuiwo Nanɔ Ye Sia?

Àdi Be Xɔlɔ̃ Nyuiwo Nanɔ Ye Sia?

AME geɖe di be xɔlɔ̃ nyuiwo nanɔ yewo si. Agbenɔnɔ vivina ɖe edzi ne xɔlɔ̃ nyuiwo le ame si siwo wòte ŋu gblɔa eƒe dɔmenyawo na. Gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ nyui adze? Ƒe 2,000 kloe enye sia la, Yesu ɖee fia be nusi naa amegbetɔwo dome ƒomedodo ɖesiaɖe nyona enye ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃. Efia nu be: “Alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ na wo nenema ke.” (Luka 6:31) Nya sia, si wolɔ̃a yɔyɔ zi geɖe be Sikasedede la, ɖee fia be ele be nànye nunala ɖokuitɔmadila hafi xɔlɔ̃ nate ŋu anɔ asiwò. Kpuie ko la, ele be wò ŋutɔ nànye xɔlɔ̃ nyui hafi amewo alɔ̃ adze xɔ̃ wò. Le mɔ ka nu?

Màte ŋu atsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko adze xɔlɔ̃, mia dome nanɔ kplikplikpli, eye lɔlɔ̃ nanɔ mia dome o. Elabena menye ame nyanyɛ aɖe koe xɔlɔ̃ nye o. Xɔlɔ̃ nye ame si nàte ŋu atsɔ wò dzi katã ana. Ebia agbagbadzedze be woate ŋu atu ƒomedodo kplikplikpli ɖo ahalé eme ɖe asi. Zi geɖe ebiana be woatsɔ xɔlɔ̃ ƒe nuhiahiãwo aɖo ŋgɔ na ame ŋutɔ tɔ hafi xɔlɔ̃wɔwɔ nate ŋu ali ke. Xɔlɔ̃wo metsɔa ɖe le wo nɔewo ƒe dzidzɔnyawo ko me o, ke boŋ le woƒe dzimaɖitsitsiwo hã me.

Àɖee afia be yenye xɔlɔ̃ vavã vevietɔ ne èkpena ɖe ame ŋu le hiã kple nuteɖeamedziɣiwo me. Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ [vavã] lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Le nyateƒe me la, xɔlɔ̃ aɖewo dome te ŋu nɔna kplikplikpli wu ƒometɔ aɖewo dome kadodo gɔ̃ hã. Lododowo 18:24 gblɔ be: “[Nɔvi aɖewo li siwo gblẽa nu le wo nɔewo ŋu]; ke xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Àdi be yeanya nu tso alesi nàwɔ xɔlɔ̃ vavã sia tɔgbe nanɔ asiwò ŋua? Àdi be yeava nye ƒuƒoƒo aɖe, si wonya nyuie be wolɔ̃a wo nɔewo vevie, la me tɔa? (Yohanes 13:35) Ne èdii la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nànya alesi nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavãwoe.