Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ezi Mía Dzi Míeva’

‘Ezi Mía Dzi Míeva’

‘Ezi Mía Dzi Míeva’

AMEDZROWƆWƆ nye nɔnɔme si wonya na Ɣedzeƒedukɔwo me tɔwo. Le kpɔɖeŋu me, le India la, ƒome aɖe ate ŋu atsi dɔmeɣi ale be woate ŋu ana nuɖuɖu amedzro si va dze wo le vome. Le Iran la, vidada akpɔ egbɔ be nuɖuɖu yɔ yeƒe nufamɔ̃ kple susu be ne ame aɖe va dze yewo le vome la, yeate ŋu axɔe nyuie.

Ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me dometɔ geɖe ɖe dɔmenyogbɔgbɔ sia tɔgbi fia. Wo dometɔ ɖeka si ɖe dzesi ŋutɔe nye Lidia, ɖewohĩ enye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ si nɔ Filipi, si nye du gbãtɔ le Makedonia nutowo me. Le sabat ŋkeke aɖe dzi la, apostolo Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo va kpɔ Lidia kple nyɔnu aɖewo ƒo ƒu le tɔsisi aɖe to le Filipi dua godo. Yehowa ʋu Lidia ƒe dzi esime Paulo nɔ nu ƒom nɛ ɣemaɣi. Nu si do tso emee nye be eya kple eƒe aƒemetɔwo xɔ nyɔnyrɔ. Emegbe eƒo koko na mɔzɔlaawo be: “Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me.” Paulo ƒe zɔhɛ Luka gblɔ be, ‘eye wòzi mía dzi míeva.’—Dɔwɔwɔwo 16:11-15.

Egbea Kristotɔwo hã wɔa amedzro na haxɔsetɔwo, abe dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ene, abe ale si ko Lidia hã wɔe ene. Ðeko amedzroxɔlawo ‘zinɛ ɖe wo dzi be woava.’ Eye viɖe si amedzroxɔlawo kpɔnae nye be woa kple amedzroawo kpɔa gome le dzeɖoɖo tuameɖo kple gbɔgbɔmehadede me. Togbɔ be nu boo aɖeke mele Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ si o hã la, ‘wole amedzrowɔwɔ dzi.’ (Romatɔwo 12:13; Hebritɔwo 13:2) Nunana ƒe gbɔgbɔ si woɖena fiana nana wokpɔa dzidzɔ. Nyateƒe tututue Yesu to esime wògblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.