Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Asubɔ Le Afi Si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Hiã Le Wua?

Àte Ŋu Asubɔ Le Afi Si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Hiã Le Wua?

Àte Ŋu Asubɔ Le Afi Si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Hiã Le Wua?

“Nuwo dze edzi na mí le United States, gake míetsi dzi be ŋutilãmenuwo yome nɔnɔ ƒe nukpɔsusu si xɔ aƒe ɖe afi ma akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía ŋutɔwo kple mía viŋutsu eveawo dzi mlɔeba. Mía kple srɔ̃nye míenye dutanyanyuigblɔlawo tsã, eye míedi be míagase vivi le agbe tsɛ ma si me dzidzɔ le la nɔnɔ me ake.”

ESI didi ma nu sẽ ɖe Ralph kple Pam me ta la, woŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒe geɖewo le ƒe 1991 me tsɔ ɖe woƒe didi be yewoasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu la gblɔ. Mexico alɔdzedɔwɔƒea ɖo eŋu na wo be, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ate ŋu aɖe gbeƒã na Eŋlisigbedolawo le yewoƒe dua me la hiã kpata. Alɔdzedɔwɔƒea gblɔ be, le nyateƒe me la, agble mawo ‘ƒu hena ŋeŋe.’ (Yoh. 4:35) Eteƒe medidi o, Ralph, Pam, kple wo viŋutsu siwo xɔ ƒe 8 kple 12 la lɔ̃ ɖe amekpekpea dzi hete dzadzraɖo wɔwɔ hena ʋuʋu ayi Mexico.

Anyigbamama Gã Aɖe

Ralph gblɔ be: “Hafi míadzo le United States la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nyuidinamela aɖewo gblɔ na mí be: ‘Afɔku le ʋuʋu ayi aɖatsi duta me akpa!’ ‘Ke ne mieva dze dɔ ya ɖe?’ ‘Nu ka tae wòle be miaʋu ayi aɖaɖe gbeƒã le Eŋlisigbedolawo dome? Eŋlisigbedola siwo le du ma me matsɔ ɖeke le nyateƒea me o!’ Ke hã, míetso nya me xoxo. Nya lae nye be menye ɖeko míetso ko be míaʋu eŋu mabumabu nyuie o. Míenɔ ɖoɖo wɔm ɖe eŋu ƒe geɖewoe nye ema. Míeƒo asa na fe siwo axɔ ɣeyiɣi didi hafi míate ŋu axe wo la nyinyi, míedzra ga ɖo, eye ƒomea nɔ anyi dzro nɔnɔme sesẽ siwo míate ŋu ado goe la me zi geɖe.”

Gbã la, Ralph kple eƒe ƒomea yi Mexico alɔdzedɔwɔƒea. Le afi ma la, nɔviawo tsɔ dukɔ bliboa ƒe anyigbatata fia wo hegblɔ na wo be, “Miaƒe anyigbamamae nye esia!” Ƒomea yi ɖatsi San Miguel de Allende, si nye du aɖe si me amedzrowo sɔ gbɔ ɖo. Du sia le Mexico City ƒe dzieheɣetoɖoƒe hedidi tso egbɔ kilometa 240 aɖewo. Ƒe etɔ̃ le woƒe afi ma ɖoɖo megbe la, woɖo Eŋlisigbedolawo ƒe hame ɖeka si me gbeƒãɖela 19 nɔ la ɖe du ma me. Emae nye Eŋlisigbedolawo ƒe hame gbãtɔ si woɖo le Mexico—gake dɔ geɖe ganɔ ŋgɔ gbɔna.

Wobu akɔnta be United States tɔ miliɔn ɖekae le Mexico. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, yevudɔwɔla kple sukuvi siwo nye Mexico vidzidziwo la doa Eŋlisigbe tsɔ kpe ɖe wo degbea ŋu. Ralph gblɔ be: “Míedo gbe ɖa bia dɔwɔla geɖewo. Míegblẽa xɔdɔme ɖeka aɖe ɖi ɣesiaɣi na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo vaa nutoa me be ‘yewoava tsa ŋku le anyigba’ la dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.”—4 Mose 13:2.

Woɖe Ale Si Wonɔa Agbee La Dzi Kpɔtɔ Be Woakeke Woƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Enu

Eteƒe medidi o, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo di be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la va ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Bill kple Kathy siwo tso United States. Wosubɔ ƒe 25 xoxo le anyigbamama siwo me gbeƒãɖelawo hiã le wu la me. Wonɔ Spaingbe sɔsrɔ̃ ŋu bum, gake wotrɔ susu esi woʋu yi Ajijic, si nye du aɖe si le Chapala Ta la to, afi si ame siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me le United States la lɔ̃a yiyi. Bill gblɔ be, “Le Ajijic la, míeƒo mía ɖokui ɖe Eŋlisigbedola siwo di be yewoasrɔ̃ nyateƒea la didi me vevie.” Le Bill kple Kathy ƒe afi ma ɖoɖo mede ƒe eve o la, dzi dzɔ wo be wokpɔ eteƒe woɖo hame yeye aɖe—esiae nye Eŋlisigbedolawo ƒe hame evelia le Mexico.

Ken kple Joanne siwo tso Canada di be yewoaɖe ale si yewonɔa agbee la dzi kpɔtɔ ale be yewoazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Fiaɖuƒedɔwo ŋu. Woawo hã woʋu yi Mexico. Ken gblɔ be, “Exɔa ɣeyiɣi hafi ame tea ŋu trɔna ɖe agbenɔnɔ le nuto si me tsi dzodzoe, elektrik, kple telefon menɔa anyi o hena ŋkeke geɖe me la ŋu.” Ke hã, gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ he dzidzɔ geɖe vae na wo. Eteƒe medidi o, woɖo Ken subɔsubɔdɔwɔla, eye le ƒe eve megbe la, ezu hamemetsitsi. Le gɔmedzedzea me la, esesẽ na wo vinyɔnu Britanny be wòanɔ Eŋlisigbedolawo ƒe hame sue si me sɔhɛ ʋɛ aɖewo ko le la me. Gake esi wòva te gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo me la, edze xɔlɔ̃ nyui geɖe le dukɔ blibo la me.

Dzi dzɔ Patrick kple Roxanne siwo tso Texas, si le United States, esi wose be anyigbamama aɖe si me dutanyanyuigblɔlawo wɔa dɔ le, si me Eŋlisigbedolawo le la, medidi tso yewo gbɔ o. Patrick gblɔ be, “Esi míeɖi tsa yi Monterrey, du aɖe si le Mexico ƒe dzieheɣedzeƒe la, míesee le mía ɖokui me be Yehowa nɔ mɔ fiam mí be míayi aɖana kpekpeɖeŋu le afi ma.” Wote ŋu dzra woƒe aƒe si le Texas la le ŋkeke atɔ̃ me, eye woʋu “va Makedonia” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Dɔw. 16:9) Agbe me nu hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe le Mexico o, gake le ƒe eve pɛ ko me la, dzi dzɔ wo be wokpɔ eteƒe ƒuƒoƒo si me Ðasefo 17 le la tsi va zu hame si me gbeƒãɖela 40 le.

Jeff kple Deb hã nye atsu kple asi siwo ɖe ale si wonɔa agbee la dzi kpɔtɔ bene woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Wodzra woƒe aƒe gã si nɔ United States la heʋu yi ɖatsi aƒe sue aɖe me le Cancún, si nye dugã aɖe le Mexico ƒe ɣedzeƒeƒuta. Esime wonɔ wo de la, wodea takpekpe le takpexɔ siwo me xɔmefamɔwo nɔ siwo tsɔ ɖe woƒe aƒe gbɔ la me. Gake fifia ya la, ele na wo be woazɔ mɔ gaƒoƒo enyi hafi ade Eŋlisigbedolawo ƒe takpekpe si tsɔ ɖe wo gbɔ wu, eye wowɔa takpekpea le bɔlƒoƒe aɖe si tame womegbã o. Gake woƒe dzi dze eme ale gbegbe esi wokpɔ eteƒe woɖo hame aɖe si me gbeƒãɖela 50 le ɖe Cancún.

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Mexicotɔ aɖewo hã te asikpekpe ɖe gbeƒãɖeɖe na Eŋlisigbedolawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Rubén kple eƒe ƒomea se be woɖo Eŋlisigbedolawo ƒe hame gbãtɔ ɖe San Miguel de Allende, eye be Mexico blibo lae nye hame ma ƒe anyigbamama la, wotso nya me enumake be yewoana kpekpeɖeŋu wo. Esia bia be woasrɔ̃ Eŋlisigbe, woatrɔ ɖe agbenɔnɔ yeye ŋu, ahazɔ mɔ legbe aɖe—si nye kilometa 800 kwasiɖa sia kwasiɖa—hafi ade kpekpeawo. Rubén gblɔ be: “Dzi dzɔ mí be míeɖe gbeƒã na amedzro siwo va tsi Mexico ƒe geɖewoe nye ema siwo mese nya nyuia ŋuti gbedeasia le woawo ŋutɔwo degbe me kpɔ o la. Wo dometɔ aɖewo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu fia kple aɖatsiwo.” Esi Rubén kple eƒe ƒomea na kpekpeɖeŋu hame si nɔ San Miguel de Allende vɔ la, woyi ɖawɔ mɔɖeɖedɔa le Guanajuato, si le titina Mexico, eye wokpe asi ɖe eŋu woɖo Eŋlisigbedolawo ƒe hame aɖe si me gbeƒãɖela siwo wu 30 nɔ la ɖe afi ma. Egbea, wole subɔsubɔm le Eŋlisigbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Irapuato, si nye du aɖe si te ɖe Guanajuato ŋu la me.

Ame Siwo Ŋu Menɔa Bɔbɔe Be Woake Ðo O La Gbɔ Ðoɖo

To vovo na amedzrowo la, Mexicotɔ geɖewo doa Eŋlisigbe. Esesẽna zi geɖe be woagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na wo, elabena nuto siwo me kesinɔtɔwo bɔ ɖo la mee wonɔna, eye le afi mawo la, aƒemesubɔviwoe va ʋua ʋɔ na ame. Alo ne aƒemenɔlawo ŋutɔwoe va ʋu ʋɔa hã la, etea ŋu dzɔna be womadi be yewoaɖo to gbedeasia o le esi wobua Yehowa Ðasefowo be wonye nutoa me ƒe kɔmama sue aɖe ko ta. Gake ne Ðasefo siwo tso duta te ɖe aƒemenɔla mawo ŋu la, wo dometɔ aɖewo lɔ̃na faa ɖoa to.

Bu Gloria si nɔ Querétaro, du aɖe si le titina Mexico, ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ðasefo Spaingbedolawo va gbɔnye kpɔ gake nyemeɖo to wo o. Gake esi nye ƒomea kple xɔ̃nyewo te gododo kuxiwo la, ema na nu te ɖe dzinye vevie, eye metrɔ ɖe Mawu ŋu hedo gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋunye be nɔnɔmea naɖɔ ɖo. Le ema megbe kpuie la, nyɔnu aɖe si nye Eŋlisigbedola va ƒo ʋɔ nam. Ebiam be Eŋlisigbedola aɖe le aƒea me mahã. Esi wònye be dutatɔe wònye ta la, medi be manya nya si wòlé ɖe asi, eya ta megblɔ nɛ be mese Eŋlisigbe. Esi wònɔ nua ƒom la, menɔ ɖokuinye biam be, ‘Nu ka gɔ̃e Amerikatɔ sia va wɔwɔ ge le míaƒe nuto sia me?’ Gake medo gbe ɖa do ŋgɔ be Mawu nana dzesi aɖem. Eya ta ate ŋu anye be amedzro sia dzie Mawu to le nye gbedodoɖa la ŋu ɖom nam.” Gloria lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba hexɔ nyɔnyrɔ togbɔ be eƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe eŋu hã. Egbea la, Gloria nye gbesiagbe mɔɖela, eye srɔ̃a kple viaŋutsu hã le Yehowa subɔm.

Teƒeɖoɖo Siwo Ame Siwo Kekea Woƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Enu La Kpɔna

Ele eme be kuxi aɖewo le subɔsubɔ le afi siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me ya, gake teƒeɖoɖoawo sɔ gbɔ. Ralph si ŋu nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la, gblɔ be: “Míesrɔ̃ Biblia kple ame siwo tso Britain, China, Jamaica, kple Sweden, kpakple fiaƒome me tɔ aɖewo siwo tso Ghana gɔ̃ hã. Biblia nusrɔ̃vi siawo dometɔ aɖewo ŋutɔ hã va ƒo wo ɖokuiwo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Le ƒe siwo va yi me la, míaƒe ƒomea kpɔ Eŋlisigbedolawo ƒe hame adre ɖoɖo teƒe. Mía viŋutsu evea siaa va wɔ ɖeka kple mí le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye wole subɔsubɔm le United States Betel fifia.”

Eŋlisigbedolawo ƒe hame 88 kple ƒuƒoƒo geɖewoe le Mexico egbea. Nu ka gbɔe wòtso be wodzi ɖe edzi kabakaba nenema? Ðasefowo meɖi ɖase na Eŋlisigbedola siwo le Mexico la dometɔ geɖe kpɔ o. Wo dometɔ aɖewo lɔ̃ ɖo to, elabena zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le afi sia abe ale si wòanɔ nenye wo dee wole ene o. Eye ame aɖewo lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo, elabena woxɔ dzudzɔ le dɔ me, eye wovo ati gbɔgbɔmenuwo yome. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbeƒãɖela siwo le Eŋlisigbedolawo ƒe hamewo me la dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me nye mɔɖela, eye esia wɔ akpa vevi aɖe le dzonɔameme si le hame mawo me kple dzidziɖedzi si kpɔm wole la me.

Yayrawo Le Lalawòm

Ðikeke mele eme o be le xexea me godoo la, ame geɖewo alɔ̃ aɖo to ne wogblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na wo le wo degbe me. Eya tae wòdea dzi ƒo na mí ŋutɔ be míakpɔe be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu—ɖeviwo kple tsitsiawo, trewo kple srɔ̃tɔwo—lɔ̃na faa be yewoaʋu ayi afi siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu la. Enye nyateƒe be wo dometɔ geɖe kpea akɔ kple nɔnɔme sesẽwo ya, gake esiawo meɖia naneke o ne wotsɔ wo sɔ kple dzidzɔ si wokpɔna ne woke ɖe dzianukwaretɔ siwo le Biblia me nyateƒea xɔm la ŋu. Àte ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo akpe ɖe ŋuwò be nàʋu ayi anyigbamama aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu le miaƒe dukɔa me loo alo dukɔ bubu mea? * (Luka 14:28-30; 1 Kor. 16:9) Ne nenemae la, àte ŋu aka ɖe edzi be yayra geɖewo le lalawòm.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 21 Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe subɔsubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu ŋu la, kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 111-112.

[Aɖaka si le axa 21]

Dzudzɔxɔla Kpɔdzidzɔwo He Amewo Ƒe Susu

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Beryl ʋu tso Britain yi ɖatsi Canada. Le dukɔ ma me la, ewɔ dɔ abe dɔdzikpɔla ene le dukɔwo dome adzɔha vovovowo me. Eva zu sɔdola bibi aɖe hã, eye wotiae be wòanɔ Canada teƒe le ƒe 1980 ƒe Olympic hoʋiʋliawo me. Esi Beryl xɔ dzudzɔ le dɔ me la, woa kple srɔ̃a woʋu yi ɖatsi Chapala, Mexico, eye zi geɖe la, woɖua nu le nuɖuɖudzraƒewo. Ne ekpɔ Eŋlisigbedola dzudzɔxɔla aɖewo siwo ƒe nɔnɔme ɖee fia be wole dzidzɔ kpɔm la, etena ɖe wo ŋu, ɖea eɖokui fiaa wo hebiaa nu si wɔm wole le Mexico la wo. Ɣesiaɣi kloe la, ame kpɔdzidzɔ siwo wòdoa goe le nuɖuƒeawo la nyea Yehowa Ðasefowo. Beryl kple srɔ̃a gblɔ na wo ɖokuiwo be nenye be Mawu nyanya hea dzidzɔ vae henaa tameɖoɖo nɔa ame si le agbe me la, ekema yewo hã yewoadi be yewoadze sii. Esi Beryl de Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɣleti geɖewo megbe la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye wòva zu Ðasefo. Beryl te ŋu wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe.

[Aɖaka si le axa 22]

“Yayrae Wònye Na Mí Be Wole Mía Dome”

Nɔvi siwo le dukɔ siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me la, kpɔa ŋudzedze ɖe gbeƒãɖela siwo ʋuna vaa wo gbɔ la ŋu ŋutɔ. Alɔdzedɔwɔƒe aɖe si le Carib nutowo me la ŋlɔ bena: “Ne amedzro alafa geɖe siwo subɔna le afi sia dzo la, hamewo magali ke tututu o. Yayrae wònye na mí be wole mía dome.”

Mawu ƒe Nya la gblɔ be, “Nyɔnu nya nyui gblɔlawo nye aʋakɔ gã aɖe.” (Ps. 68:12, NW) Eya ta mewɔ nuku o be ame siwo le subɔsubɔm le duta la dometɔ geɖe nye nɔvinyɔnu trewo. Nɔvinyɔnu siawo siwo ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana la nye kpekpeɖeŋu gã aɖe ŋutɔ. Alɔdzedɔwɔƒe aɖe si le Ɣedzeƒe Europa la gblɔ be: “Le míaƒe hame geɖewo me la, nɔvinyɔnuwo sɔ gbɔ ale gbegbe, le teƒe aɖewo la, wotea ŋu nyea gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ 70 le alafa me gɔ̃ hã. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye ame yeyewo le nyateƒea me, eye nɔvinyɔnu mɔɖela tre siwo tso dukɔ bubuwo me va la naa kpekpeɖeŋu manyagblɔ aɖe mí, elabena wonaa hehe ame yeye mawo. Nunana vavã aɖe ŋutɔe nɔvinyɔnu siawo siwo tso duta la nye na mí!”

Aleke nɔvinyɔnu mawo sena le wo ɖokuiwo me ɖe subɔsubɔ le duta ŋu? Nɔvinyɔnu Angelica, mɔɖela tre aɖe si xɔ abe ƒe 35 ene la, gblɔ be: “Kuxiwo sɔ gbɔ. Le anyigbamama aɖe si me mewɔ dɔ le me la, metoa mɔ siwo dzi ba le gbe sia gbe, eye amewo ƒe fukpekpewo teƒe kpɔkpɔ na nu tena ɖe dzinye. Gake kpekpe ɖe amewo ŋu le subɔsubɔdɔa me naa nye dzi dzea eme. Nya geɖe siwo nɔvinyɔnu siwo le nutoa me gblɔna tsɔ ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana la hã dea dzi ƒo nam ŋutɔ. Wodaa akpe nam zi geɖe be meva nɔ kpekpem ɖe yewo ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ nam be kpɔɖeŋu nyui si meɖo be metso keke mía de va yewo de va nɔ subɔsubɔm la ʋã ye hã yeƒo ye ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.”

Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Sue, si xɔ ƒe 50 to eŋu vie la, gblɔ be: “Àdo go nɔnɔme sesẽwo godoo, gake emawo meɖi naneke o ne wotsɔ wo sɔ kple yayra siwo nàkpɔ. Subɔsubɔdɔa vivina ale gbegbe! Esi medea gbeadzi kple nɔvinyɔnu sɔhɛ geɖewo zi geɖe ta la, megblɔa nu siwo mesrɔ̃ tso Biblia kple míaƒe agbalẽwo me ku ɖe ale si míanɔ te ɖe kplamatsedonuwo nu ŋu la na wo. Wogblɔna nam zi geɖe be, kpɔɖeŋu si meɖo le tenɔnɔ ɖe kuxiwo nu le ƒe geɖe siwo metsɔ nɔ subɔsubɔm abe mɔɖela tre ene me la kpe ɖe yewo ŋu yewokpɔe be yewo hã yewoate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu le agbe me. Kpekpe ɖe nɔvinyɔnu siawo ŋu naa nye dzi dzea eme geɖe ŋutɔ.”

[Anyigbatata si le axa 20]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

MEXICO

Monterrey

Guanajuato

Irapuato

Ajijic

Chapala

Chapala Ta

San Miguel de Allende

Querétaro

MEXICO CITY

Cancún

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mɔnukpɔkpɔ su nɔvi aɖewo si woɖi ɖase na amedzro aɖewo siwo mese nya nyuia kpɔ o