Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míelɔ̃a Ame

Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míelɔ̃a Ame

Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míelɔ̃a Ame

“Esi [Yesu lɔ̃] etɔ siwo le xexea me la, elɔ̃ wo va se ɖe nuwuwu.”—YOH. 13:1.

1, 2. (a) Nu kae ɖe dzesi ŋutɔ le lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia ŋu? (b) Mɔ siwo nu míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le la dometɔ kawo mee míadzro le nyati sia me?

YESU ɖo lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí. Eƒe nu sia nu—eƒe nuwɔna, nuƒoƒo, nufiafia, kple vɔsakua—ɖe lɔlɔ̃ si nɔ esi la fia. Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia ame siwo wòdo goe la va se ɖe eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe nuwuwu kekeake gɔ̃ hã, vevietɔ eƒe nusrɔ̃lawo.

2 Lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi si Yesu ɖo ɖi la nye dzidzenu kɔkɔ aɖe si wògblẽ ɖi na mí eyomedzelawo si nu wòle be míanɔ agbe ɖo. Eʋãa mí hã be míeɖea lɔlɔ̃ ma tɔgbi fiaa míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo kple ame bubuwo siaa. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ ku ɖe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia ame siwo wɔ vodadawo, alo nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã la me. Míadzro ale si wòle be Yesu ƒe lɔlɔ̃ naʋã Kristotɔwo woana kpekpeɖeŋu wo nɔviwo ne wole akɔ kpem kple ganyawo ƒe sesẽ, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple dɔlélewo hã me.

3. Togbɔ be Petro wɔ vodada gã aɖewo hã la, aleke Yesu wɔ nu ɖe eŋu?

3 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eya ŋutɔ ƒe apostolo si nye Petro gbe nu le egbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Mar. 14:66-72) Gake esi Petro nya se veve ɖe eƒe vodadaa ta hetrɔ dzi me, abe ale si Yesu gblɔe ɖi be awɔe ene ko la, Yesu tsɔe kee. Yesu tsɔ agbanɔamedzi kpekpe aɖewo de Petro si. (Luka 22:32; Dɔw. 2:14; 8:14-17; 10:44, 45) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe ame siwo wɔ vodada gãwo ŋu la me?

Ðe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Si Nɔ Kristo Si Ðe Vodalawo Ŋu La Fia

4. Nɔnɔme ka mee wòhiãna vevie be woaɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la afia le wu?

4 Nɔnɔme vovovo siwo me wòhiãna be míaɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si afia le la dometɔ si tena ɖe ame dzi wue nye ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe, eɖanye le ƒomea me loo alo le hamea me o. Nublanuitɔe la, esi Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu va ɖo eƒe yɔyrɔenu la, xexea ƒe gbɔgbɔ va le ŋusẽ gbegblẽ geɖe wu kpɔm ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi. Xexea ƒe agbe baɖa nɔnɔ alo ɖekematsɔleme ƒe agbenɔnɔ ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu ahagblẽ ale si woɖoe kplikpaa be yewoanɔ mɔ xaxɛa dzi la me. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, woɖe ame aɖewo le hamea me, eye woka mo na ame bubuwo hã. Nenema koe wòle egbea hã. (1 Kor. 5:11-13; 1 Tim. 5:20) Ke hã, ne hamemetsitsi siwo kpɔa nya siawo gbɔ ɖea lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la fiana la, ate ŋu awɔ dɔ ɖe vodalaa dzi vevie.

5. Aleke wòle be hamemetsitsiwo naɖe nɔnɔme si nɔ Kristo si ɖe vodalawo ŋu la afia?

5 Abe ale si Yesu wɔe ene la, ele be hamemetsitsiwo nade Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi ɣeawokatãɣi. Ne wowɔa esia la, ekema wole Yehowa ƒe tufafa, dɔmenyonyo, kple lɔlɔ̃ ɖem fia. Ne ame aɖe trɔ dzi me vavã, eƒe “dzi gbã gudugudu,” eye wòzu ame si ƒe “gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” le eƒe vodadaa ta la, ɖewohĩ masesẽ na hamemetsitsiwo be ‘woaɖɔ nenem me ma ɖo le tufafa ƒe gbɔgbɔ me’ o. (Ps. 34:19; Gal. 6:1) Ke ne amea dze aglã alo eƒe nuwɔna ɖee fia be mese veve aɖeke ɖe nu si wòwɔ la ta o ya ɖe?

6. Nu kae wòle be hamemetsitsiwo naƒo asa na ne wole vodalawo ƒe nyawo gbɔ kpɔm, eye nu ka tae?

6 Ne vodala aɖe gbe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋu siwo woɖo nɛ alo dze agbagba be yeada fɔbubua ɖe ame bubuwo dzi la, esia ate ŋu ana hamemetsitsiwo kple ame bubuwo nado dziku. Esi wokpɔ nu si gbegbe amea ƒe nuwɔna gblẽ xoxo ta la, ate ŋu adzɔ be woadi be woaɖe ale si woawo ŋutɔwo se le wo ɖokuiwo me ɖe amea ƒe nuwɔnawo alo nɔnɔme ŋu la afia. Ke hã, dzikudodo gblẽa nu, eye meɖenɛ fiana be “Kristo ƒe tamesusu” le ame si o. (1 Kor. 2:16; mixlẽ Yakobo 1:19, 20.) Yesu xlɔ̃ nu eŋɔlimetɔ aɖewo moveviɖoɖotɔe, gake megblɔ nya aɖeke kpɔ be yeatsɔ ada wo ɖe anyi alo ana woase veve o. (1 Pet. 2:23) Ke boŋ eto eƒe nuwɔna kple nyagbɔgblɔ dzi na eme kɔ na vodalawo be woate ŋu atrɔ dzi me ale be Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ake. Le nyateƒe me la, susu vevi siwo ta Yesu va anyigba dzi ɖo la dometɔ ɖekae nye be “yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.”—1 Tim. 1:15.

7, 8. Nu kae wòle be wòafia mɔ hamemetsitsiwo le ʋɔnudrɔ̃nyawo me?

7 Ŋusẽ kae wòle be kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi le esia gome la nakpɔ ɖe ale si míewɔa nu ɖe ame siwo wòva hiãna be hamea nahe to na ŋu la dzi? Ele be míaɖo ŋku edzi be ʋɔnudɔdrɔ̃ vodalawo ƒe ɖoɖo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la kpɔa alẽha la ta, eye ate ŋu aʋã vodala si wohe to na la be wòatrɔ dzi me. (2 Kor. 2:6-8) Ewɔ nublanui ŋutɔ be ame aɖewo gbea dzimetɔtrɔ, eye wòhiãna be woaɖe wo le hamea me. Gake ede dzi ƒo ŋutɔ be míanyae be ame siwo woɖena le hamea me la dometɔ geɖe trɔna vaa Yehowa kple eƒe hamea gbɔ. Ne hamemetsitsiwo ɖe Kristo ƒe nɔnɔme fia la, enana wònɔa bɔbɔe na ameawo be woatrɔ dzi me ahagbɔ va alẽha la me mlɔeba. Le ƒe aɖewo megbe la, ɖewohĩ vodala trɔdzime mawo dometɔ aɖewo maɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo siwo katã hamemetsitsiwo na wo la dzi o, gake woaɖo ŋku edzi godoo be hamemetsitsiawo de bubu yewo ŋu hewɔ nu ɖe yewo ŋu le lɔlɔ̃ me.

8 Eya ta ele be hamemetsitsiwo naɖe “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse,” vevietɔ lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la afia, ne vodalaawo dze aglã gɔ̃ hã. (Gal. 5:22, 23) Mele be woatsɔ dzitsitsi aɖe nu vɔ̃ wɔla aɖe le hamea me gbeɖe o. Ele be woaɖee afia be yewodi be vodalaa natrɔ ava Yehowa gbɔ. Eya ta ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me emegbe, abe ale si wònɔna le ame geɖe gome ene la, ate ŋu ada akpe na Yehowa kpakple “nunana siwo nye amewo” la vevie le esi wona wònɔ bɔbɔe nɛ be wòte ŋu trɔ va hamea me ta.—Ef. 4:8, 11, 12.

Lɔlɔ̃ Si Tɔgbi Kristo Ðe Fia La Ðeɖe Fia Le Nuwuɣi Sia Me

9. Gblɔ ale si Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia eƒe nusrɔ̃lawo le mɔ ŋutɔŋutɔ nu la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

9 Luka ŋlɔ nu tso nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe si me Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia le mɔ ŋutɔŋutɔ aɖe nu la ŋu. Esi Yesu nyae be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Roma srafowo aɖe to ɖe Yerusalem du si woava tsrɔ̃ godoo la, eye esia awɔe be amewo mate ŋu asi le dua me o ta la, exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo lɔlɔ̃tɔe be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi heɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo.” Nu kae wòle be woawɔ? Yesu do ŋgɔ gblɔ nu siwo tututu wòle be woawɔ la na wo eme kɔ nyuie. Egblɔ na wo be: “Ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi, eye ame siwo le dua me la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o; elabena ŋkeke siawo nye hlɔ̃biabiaŋkekewo, bene nu siwo katã woŋlɔ ɖi la nava eme.” (Luka 21:20-22) Esi Roma srafowo ɖe to ɖe Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me megbe la, ame siwo nye toɖolawo wɔ ɖe mɔfiame mawo dzi.

10, 11. Aleke ŋugbledede tso nu siwo Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ sisim le Yerusalem wɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe “xaxa gã” la ŋu?

10 Ehiã be Kristotɔ siwo nɔ sisim tso Yerusalem la naɖe lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia wo la afia wo nɔewo. Anɔ eme godoo be enɔ na wo be woama nu sia nu si nɔ wo si kple wo nɔewo. Gake Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava yi ŋgɔ wu blemadu ma tsɔtsrɔ̃ ko. Egblɔ ɖi be: “Xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.” (Mat. 24:17, 18, 21) Le ɣeyiɣi siwo ado ŋgɔ na “xaxa gã” ma si le ŋgɔ gbɔna kpuie kple xaxaa ŋutɔ siaa me la, ate ŋu adzɔ be míawo hã míado go nɔnɔme sesẽwo kple hiãkamewo. Ne Kristo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme le mía si la, míado dzi ato nɔnɔme mawo me ado dedie.

11 Ɣemaɣi la, ahiã be míadze Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome ahanɔ ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ɖem fia. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu tso esia ŋu be: “Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze ehavi ŋu le nu si nyo hena etutuɖo la me. Elabena Kristo la kura gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o; . . . Ke Mawu si naa dzidodo kple akɔfafa la nena tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ miawo hã mia si le mia nɔewo dome.”—Rom. 15:2, 3, 5.

12. Lɔlɔ̃ ka ƒomevie wòle be míatu ɖo fifia, eye nu ka tae?

12 Petro nye ame aɖe si Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia, eye eya hã de dzi ƒo na Kristotɔwo be woatu “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” ɖo ahaɖe “toɖoɖo nyateƒea” afia. Enɔ na wo be ‘woalɔ̃ wo nɔewo vevie tso dzi me ke.’ (1 Pet. 1:22) Ehiã be míatu Kristo ƒe nɔnɔme mawo ɖo egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Fifia gɔ̃ hã la, kuxi siwo Mawu ƒe amewo doa goe la le fievo dom ɖe edzi. Mele be ame aɖeke naɖo dzi ɖe xexe xoxo sia ƒe nuɖoanyi aɖeke ŋu o, abe ale si xexea ƒe ganyawo ƒe tɔtɔ si va eme le ŋkeke siawo me ɖe esia fia kɔtɛ ene. (Mixlẽ 1 Yohanes 2:15-17.) Ke boŋ esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba ta la, ele be míate ɖe Yehowa kple mía nɔewo ŋu kplikplikpli ahadze xɔlɔ̃ vavãwo le hamea me. Paulo ɖo aɖaŋu be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” (Rom. 12:10) Eye Petro gate gbe ɖe nya sia dzi yi ŋgɔe, esi wògblɔ be: “Vevietɔ wu la, miɖe lɔlɔ̃ deto fia mia nɔewo, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Pet. 4:8.

13-15. Aleke nɔvi aɖewo ɖe lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la fiae le dzɔdzɔmefɔku aɖe ƒe dzɔdzɔ megbe?

13 Wonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be woɖea lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la fiana le nuwɔna me. Bu Ðasefo siwo lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoana kpekpeɖeŋu esi ahom kple ya ʋuduʋuduwo gblẽ nu vevie le nuto geɖewo me le United States ƒe anyiehe le ƒe 2005 me ŋu kpɔ. Esi lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la ʋã Ðasefo 20,000 kple edzivɔ aɖewo la, wotsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoakpe ɖe yewo nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la ŋu, eye le wo dometɔ geɖe gome la, wogblẽ aƒe nyuiwo ɖi heɖe asi le dɔwɔɖui siwo ƒe fetu de ame dzi la ŋu.

14 Le nuto aɖe me la, ahom la na atsiaƒumetsi ɖe du geɖe. Tsia ƒe kɔkɔme nye meta 10, eye eƒe nugblẽƒe de keke kilometa 80 ke. Esi tsia gbugbɔ la, aƒe siwo katã nɔ afi siwo tsia to va yi la ƒe ɖeka le etɔ̃ me gbã keŋkeŋ. Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso dukɔ vovovowo me va kple woƒe aɖaŋuwo, dɔwɔnuwo, kple xɔtunuwo, eye wolɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ ɖe sia ɖe si hiã. Nɔvinyɔnu eve siwo nye dadaviwo heganye ahosiwo la fɔ woƒe nunɔamesiwo kɔ ɖe agbatsɔʋu me heku ʋu kilometa 3,000 kple edzivɔ be yewoaɖana kpekpeɖeŋu. Nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka tsi nutoa me, egakpɔtɔ le kpekpeɖeŋu nam kpekpeɖeŋunakɔmiti si le afi ma, eye wòle gbesiagbe mɔɖeɖedɔa hã wɔm.

15 Ðasefowo kple nutoa me tɔ bubu siwo katã ƒe aƒewo wogbugbɔ tu alo dzra ɖo la ƒe xexlẽme wu 5,600. Aleke Ðasefo siwo le nutoa me se le wo ɖokuiwo me ɖe lɔlɔ̃ manyagblɔ ma si wo nɔviwo ɖe fia wo la ŋu? Nɔvinyɔnu aɖe si ƒe aƒe gbã le nudzɔdzɔ ma me la ʋu yi ɖatsi agbatsɔʋu sue aɖe si wogazãna abe xɔdɔme ene si nɔ ɖuɖum la me, eye mlekpui gbagbã aɖe koe nɔ esi. Nɔviwo tu aƒe nyui kpokploe aɖe nɛ. Esi wòtsi tsitre ɖe eƒe aƒe yeye si nya kpɔ la ŋkume la, efa dzidzɔvi le kpekpeɖeŋu si Yehowa kple nɔviawo nɛ ta. Le Ðasefo siwo tsia ɖe la dometɔ geɖewo gome la, wokpɔtɔ nɔ teƒe siwo woda wo ɖo gbɔ la ƒe ɖeka alo esi wu ema, togbɔ be wowu woƒe aƒewo tutu nu na wo hã. Nu ka tae? Ale be kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo nanɔ woƒe aƒewo me halase esime wowu dɔa nu. Tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la ɖeɖe fia ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye esi!

Ðe Nɔnɔme Si Nɔ Kristo Si Ðe Dɔnɔwo Ŋu Fia

16, 17. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si ɖe dɔnɔwo ŋu afia le?

16 Mía dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋue dzɔdzɔmefɔku gãwo gblẽ nu le kpɔ. Gake mía dometɔ ɖe sia ɖe kloe doa go lãmesẽkuxiwo, eɖanye mía ŋutɔwo loo alo míaƒe ƒometɔwo o. Tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yesu si ɖe dɔnɔwo ŋu nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si wòle be míasrɔ̃. Lɔlɔ̃ si nɔ esi la na woƒe nu wɔ nublanui nɛ. Esi amehawo kplɔ woƒe dɔnɔwo va egbɔ la, “[eda] gbe le ame siwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋu.”—Mat. 8:16; 14:14.

17 Enye nyateƒe be nukugbedada ƒe ŋusẽ si nɔ Yesu si la mele Kristotɔwo si egbea o, gake woƒe dɔme trɔna ɖe dɔnɔwo ŋu abe ale si ko wònɔ le Yesu hã gome ene. Mɔ kawo nue woɖena esia fiana le? Wo dometɔ ɖekae nye ale si hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la le yewo si to ɖoɖowɔwɔ hena kpekpeɖeŋunana hamea me tɔ siwo dze dɔ kple egbɔ kpɔkpɔ be ɖoɖoawo le edzi yim nyuie dzi. Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si dze le Mateo 25:39, 40. * (Mixlẽe.)

18. Aleke nɔvinyɔnu eve aɖewo ɖe lɔlɔ̃ vavã fia wo nɔvinyɔnu bubu aɖee, eye nu nyui kawoe do tso eme?

18 Ke hã, mehiã kokoko be ame nanye hamemetsitsi hafi awɔ nyui na amewo o. Bu nɔvinyɔnu Charlene, si xɔ ƒe 44 ŋu kpɔ. Kansadɔ nɔ eŋu eye wogblɔ nɛ be ŋkeke ewo koe susɔ nɛ wòanɔ agbe. Esi nɔvinyɔnu eve aɖewo siwo ŋkɔwoe nye Sharon kple Nicolette kpɔ nɔvinyɔnu sia ƒe hiahiãwo kple ale si egbɔ kpɔkpɔ na nu te srɔ̃a ŋu la, wotsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoana kpekpeɖeŋu nɔvinyɔnua ɣeawokatãɣi le eƒe agbenɔŋkeke mamlɛ mawo me. Ŋkeke ewo mawo va zu kwasiɖa ade boŋ, gake nɔvinyɔnu eve siawo ɖe woƒe lɔlɔ̃ fia va se ɖe dɔnɔa ƒe kugbe. Sharon gblɔ be: “Enyanya be ame aɖe si le dɔ lém la mahaya o la, tena ɖe ame dzi ŋutɔ. Ke hã, Yehowa do ŋusẽ mí. Nu siwo me míeto la na míete ɖe eya amea kple mía nɔewo ŋu wu.” Charlene srɔ̃ gblɔ be: “Nyemaŋlɔ kpekpeɖeŋu si nɔvinyɔnu siawo nam dɔmenyotɔe la be gbeɖe o. Ale si wokɔ dzi me kple nɔnɔme nyui si woɖe fia la na srɔ̃nye wɔnuteƒe Charlene te ŋu to dodokpɔ mamlɛtɔ sia me bɔbɔe wu, eye wòna nye ŋutɔ hã mekpɔ gbɔdzɔe geɖe le ŋutilã kple seselelãme gome. Nyemadzudzɔ akpedada na wo gbeɖe o. Woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ sia na ale si mexɔ Yehowa dzi se kple ale si melɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa la me gasẽ ɖe edzi.”

19, 20. (a) Tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la ƒe akpa vovovo atɔ̃ kawo mee míedzro? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

19 Le nyati etɔ̃ siawo me la, míedzro tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yesu si la ƒe akpa vovovo atɔ̃ me, eye míedzro ale si míate ŋu anɔ nuwo ŋu bum ahanɔ nu wɔm abe Kristo ene hã me. Mina míanye ‘ame fafawo eye míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le dzi me’ abe ale si Yesu wɔe ene. (Mat. 11:29) Neva eme be míawo hã míadze agbagba anɔ nu wɔm ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe, nenye be woƒe blibomademadewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo dze gaglã hã. Mina míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo katã dzi dzinɔameƒotɔe, nenye be míedze ŋgɔ dodokpɔwo gɔ̃ hã.

20 Mlɔeba la, mina míaɖe Kristo ƒe lɔlɔ̃ afia nɔviwo katã “va se ɖe nuwuwu” abe ale si Kristo wɔe ene. Lɔlɔ̃ ma dea dzesi mí be Yesu yomedzela vavãwoe míenye. (Yoh. 13:1, 34, 35) Ɛ̃, ‘na wò nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.’ (Heb. 13:1) Mègahe ɖe megbe o! Ðoe kplikpaa be yeazã yeƒe agbe atsɔ akafu Yehowa ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu! Yehowa ayra ɖe agbagba siwo dzem nèle tso dzi blibo me la dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Kpɔ nyati si nye “Wɔ Geɖe Wu Gbɔgblɔ Be: ‘Miƒu Dzo, eye Miɖu Nu Ði Ƒo’” le March 1, 1987, ƒe Gbetakpɔxɔ me [yevugbe me tɔ October 15, 1986].

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si ɖe vodalawo ŋu la afiae?

• Nu ka tae lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia la sɔsrɔ̃ le vevie ŋutɔ le nuwuɣi sia me?

• Aleke míate ŋu aɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si ɖe dɔnɔwo ŋu la afiae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Hamemetsitsiwo dina be vodalawo natrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Aleke Kristotɔ siwo nɔ sisim tso Yerusalem la ɖe tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la fiae?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Wonya Yehowa Ðasefowo be woɖea lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la fiana le nuwɔna me