Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Atso Ƒu Ayi Makedonia?

Àte Ŋu Atso Ƒu Ayi Makedonia?

Àte Ŋu Atso Ƒu Ayi Makedonia?

ESI apostolo Paulo nɔ melidzeƒedu si nye Troa me le Asia Sue la, ekpɔ ŋutega aɖe. Makedonia ŋutsu aɖe ɖe kuku nɛ be: “Tso ƒu va Makedonia, ne nàkpe ɖe mía ŋu.” Esi Paulo nya kpɔ ŋutega la teti ko la, woa kple eƒe mɔzɔhatiwo ‘ƒo nya ta be Mawue yɔ yewo be yewoayi aɖagblɔ nya nyui’ la na Makedoniatɔwo. Nu kae do tso woƒe gbeƒãɖeɖe le afi ma me? Le Makedonia ƒe du vevi si nye Filipi me la, Lidia kple eƒe aƒemetɔwo zu xɔsetɔwo. Ame bubu siwo nɔ Roma ƒe nuto sia si nye Makedonia me la hã va zu Kristotɔwo.—Dɔw. 16:9-15.

Wodea dzesi dzonɔameme ƒe gbɔgbɔ ma tɔgbi le Yehowa Ðasefowo hã dome egbea. Wo dometɔ geɖewo lɔ̃ faa zã woawo ŋutɔ ƒe ga ʋu yi nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Le kpɔɖeŋu me, Lisa di be yeaƒo ye ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe wu. Eya ta eʋu tso Canada yi Kenya. Trevor kple Emily, siwo hã nye Canadatɔwo la ʋu yi Malawi be yewoayi aɖakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Paul kple Maggie, siwo tso England la hã bu woƒe dzudzɔxɔxɔ le dɔ me be enye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ŋutɔ na yewo be yewoawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me, eya ta woʋu yi Ɣedzeƒe Afrika. Ðe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma le wò hã mewòa? Ðe wò hã àte ŋu aʋu aɖasubɔ le afi bubua? Ne nenemae la, Biblia me gɔmeɖose kple aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzedze?

Nya Wò Taɖodzinu

Nu vevi aɖe si ŋu wòle be nàde ŋugble tsoe ye nye nu si tae nèdi be yeaɖe afɔ ma. Yesu gblɔ be sedede gãtɔ kekeakee nye be: “Nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.” Ele be susu siwo ta míadi be míasubɔ le duta la nanye lɔlɔ̃ na Mawu, kple didi be míawɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si wode mía si la ade goe. Yesu gblɔ kpee be: “Evelia, si ɖii, lae nye esi: ‘Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” Ne míedina vevie le anukware me be míakpe ɖe amewo ŋu la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo. (Mat. 22:36-39; 28:19, 20) Zi geɖe la, subɔsubɔ le dutanyigba dzi bia agbagbadzedze geɖe kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ. Eya ta menye modzakaɖetsaɖiɖi dzro aɖe koe wònye o. Ele be lɔlɔ̃ naʋã wò. Remco kple Suzanne, siwo tso Netherlands, eye fifia wole subɔsubɔm le Namibia la, gblɔe kpuie ko be, “Nu si lé mí ɖe te le afi siae nye lɔlɔ̃.”

Willie, si nye nutome sue dzikpɔla le Namibia, gblɔ be: “Ame siwo te ŋu ʋu yi ɖatsi dukɔ bubu me hesubɔ la, meyi teƒe mawo henɔ mɔ kpɔm be nɔvi siwo le nutoawo me nakpɔ yewo dzi o. Woyi teƒe mawo kple susu be yewoasubɔ aduadu kple nɔvi siwo le nutoa me ahakpe ɖe wo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me.”

Ne èdzro nu si tae nèdi be yeaɖe afɔ ma me vɔ megbe la, bia ɖokuiwò be: ‘Nuteƒekpɔkpɔ kawoe su asinye siwo ate ŋu aɖe vi nam le gbeƒãɖeɖe le dukɔ bubu me? Ðe mebi ɖe nyanyuigbɔgblɔdɔa mea? Gbe kawoe mete ŋu dona? Ðe mele klalo be masrɔ̃ gbe bubua?’ Ne ƒome le asiwò la, mia kple wò ƒomea midzro afɔɖeɖe sia me moveviɖoɖotɔe. Ðo dze tso eŋu na hamemetsitsi siwo le miaƒe hamea me. Eye ele vevie be nàdo gbe ɖa tso eŋu na Yehowa. Ðokuimedzodzro anukwaretɔe alea akpe ɖe ŋuwò nànya nenye be didia le mewò vavã eye nàte ŋu aʋu ayi aɖasubɔ le dukɔ bubu me.—Kpɔ aɖaka si nye  “Dzro Ðokuiwò Me Kpɔ.”

Afi Kae Nàsubɔ Le?

Wobia tso Paulo si le ŋutega me be wòayi Makedonia. Egbea la, Yehowa metoa nukumɔwo dzi fiaa mí afi si míayi aɖasubɔ le o. Ke hã, to magazine sia kple Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo dzi la, Mawu ƒe amewo tea ŋu nyaa anyigbamama siwo me hiahiã geɖe wu le. Eya ta dze egɔme nànɔ teƒe vovovo mawo ŋlɔm ɖi. Ne màte ŋu asrɔ̃ gbe bubu fifia o, alo ɣeyiɣi kpui aɖe koe nàdi be yeaɖasubɔ le dukɔ aɖe me la, ekema ne èse gbe aɖe si ame akpa gãtɔ dona le dukɔa me xoxo la, àte ŋu atiae be yeaɖasubɔ le afi ma. Azɔ àte ŋu abia nya tso nuwo abe dukɔmenɔgbalẽ ƒe nudidiwo, ʋuɖoɖo, dedienɔnɔ, nuwo ƒe asixɔxɔ, kple yamenutome ƒe nɔnɔme ene ŋu. Ðewohĩ àkpɔe be aɖe vi na ye be yeabia gbe ame siwo ʋu yi ɖawɔ subɔsubɔdɔa le dukɔ bubu me kpɔ la. Anyo be nàdo gbe ɖa le nya siawo ŋu. Ðo ŋku edzi be “gbɔgbɔ kɔkɔe la gbe na” Paulo kple eƒe mɔzɔhatiawo be “woagagblɔ nya la le Asia nutoa me o.” Togbɔ be wodze agbagba be yewoayi Bitinia hã la, “Yesu ƒe gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo [be woayi] o.” Nenema kee, ɖewohĩ axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi nàte ŋu awɔ nyametsotso le afi si sɔ nyuie be nàyi aɖana kpekpeɖeŋu le ŋu.—Dɔw. 16:6-10.

Ðewohĩ va se ɖe fifia la, teƒe aɖewo anya va susu me na wò siwo nèsusu be ade ye dzi be yeayi aɖawɔ subɔsubɔdɔa le. Ne èdi be yeayi aɖawɔ subɔsubɔdɔa le dukɔ bubu me la, ŋlɔ lɛta na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ mawo me. Le lɛtaa me la, ƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ kple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su asiwò le habɔbɔa me la ŋu, eye àte ŋu abia nu tso ale si nuwo ƒe asixɔxɔ le, xɔnyawo, lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ, kple nenye be àte ŋu akpɔ dɔwɔɖui aɖe awɔ ŋu. Ne èwɔ nu siawo vɔ la, tsɔ wò lɛtaawo na miaƒe hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia. Woaŋlɔ kafukafugbalẽ aɖe tso ŋuwò atsɔ akpe ɖe eŋuti, eye woawo ŋutɔwo aɖoe ɖe dukɔ mawo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo. Ŋuɖoɖo siwo nàxɔ tso alɔdzedɔwɔƒe mawo la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso le afi si nàte ŋu awɔ dɔa le nyuie wu ŋu.

Willie, si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la, gblɔ be: “Zi geɖe la, ame siwo te ŋu kpɔ dzidzedze lae nye ame siwo ɖia tsa yia dukɔ mawo me gbã ɖaléa ŋku ɖe ale si nɔnɔmeawo le ŋu hekpɔnɛ ɖa be afi kae le nyateƒe me la, yewoate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa le le dzidzɔ me mahã. Atsu kple asi aɖe de dzesii be asesẽ na yewo be yewoayi aɖawɔ dɔ le kɔƒenuto saɖeagawo me. Eya ta woʋu yi ɖanɔ du sue aɖe si me hiahiã le, eye wòganye afi si woate ŋu akpɔ agbemenuhiahiã veviwo le ahakpɔ dzidzɔ hã.”

Akɔkpekpe Kple Kuxi Siwo Nàdo Goe

Ðikeke mele eme o be ʋuʋu le afi si nɔnɔ ma wò ayi aɖanɔ nuto bubu kura me manɔ bɔbɔe o. Lisa, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Tenɔnɔ ɖe akogotsitsi nu mele bɔbɔe kura o.” Nu kae kpe ɖe eŋu? Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple hame si le nuto si me wòʋu yi ye kpe ɖe eŋu. Eɖoe be yeadze agbagba anya nɔvi ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ. Eya ta nu si wòwɔnae nye be, evana kpekpeawo kaba, eye medzona kaba le kpakpã vɔ megbe o, bene yeate ŋu aɖo dze kple nɔviawo. Lisa wɔa dɔ kple nɔvi vovovowo le gbeadzi, ekpea wo dometɔ geɖe vaa eƒe aƒe me, eye xɔlɔ̃ geɖewo va su esi. Egblɔ be: “Mevem be metsɔ nu geɖe sa vɔe o. Mekpɔe be Yehowa yram ale gbegbe.”

Esi Paul kple Maggie nyi wo viwo wotsi vɔ la, woʋu le woƒe aƒe si me wonɔ ƒe 30 sɔŋ la me. Paul gblɔ be: “Asiɖeɖe le míaƒe nunɔamesiwo ŋu nɔ bɔbɔe wu ale si míesusui. Dzodzo le míaƒe ƒometɔwo gbɔ boŋue sesẽ na mí, esesẽ na mí kura wu ale si míesusui. Esi míeɖo yameʋu dzo yina la, míefa avi vevie. Esusɔ vie míegblɔ na mía ɖokuiwo be, ‘Míate ŋui o.’ Gake míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Xɔlɔ̃ yeyewo dzedze hã doa ŋusẽ ame be wòagana ta o.”

Greg kple Crystal tiae be yewoaʋu tso Canada ayi Namibia, elabena wose Eŋlisigbe, si nye gbe si ame geɖe te ŋu dona le dukɔ ma me. Gake emegbe la, wova kpɔ ale si wòaɖe vii nenye be yewosrɔ̃ gbe siwo wodona le nutoa me la dometɔ ɖeka. Wogblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le mía ƒo. Gake esi míeva srɔ̃ gbegbɔgblɔawo dometɔ ɖeka vɔ hafi míete ŋu se ale si ameawo wɔa nui la gɔme nyuie wu. Hadede kplikplikpli kple nɔvi siwo le afi ma kpe ɖe mía ŋu míetrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le nutoa me.”

Nuwɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe kple ɖokuitsɔtsɔ na faa alea ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe nɔvi siwo le nutoa me la hã dzi. Jenny ɖoa ŋku ƒome siwo ʋu va Ireland, afi si wòtsi le la dzi dzidzɔtɔe ɣesiaɣi. Egblɔ be: “Woawoe wɔa amedzro wu. Edze ƒãa be wova be yewoasubɔ, ke menye be woasubɔ yewo o. Wowɔ dɔ dzonɔamemetɔe kple dzidzɔ ale gbegbe be eʋã nye hã be masubɔ le afi si hiahiã le wu.” Fifia Jenny kple srɔ̃a nye dutanyanyuigblɔlawo le Gambia.

Yehowa Ƒe Yayra “Wɔa Ame Kesinɔtɔ”

Nufiame nyui kawo gbegbee nye esi le Paulo ƒe nuteƒekpɔkpɔ le Makedonia me na mí! Ƒe ewo aɖewo megbe la, eŋlɔ agbalẽ na nɔvi siwo nɔ Filipi be: “Ɣesiaɣi si meɖo ŋku mia dzi la, medaa akpe na nye Mawu ɖaa.”—Flp. 1:3.

Aleae Trevor kple Emily, siwo subɔ le Malawi hafi wova kpe wo be woava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku la hã se le wo ɖokui me. Wogblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, míebua eŋu nenye be nu si sɔ lae nye ema wɔm míele hã, ke hã, dzi nɔ mía dzɔm. Mía dome va le kplikplikpli wu, eye míese le mía ɖokui me be Yehowa le mía yram.” Greg kple Crystal, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Dɔ siae nye nyuitɔ kekeake si me míate ŋu aƒo mía ɖokuiwo ɖo.”

Enye nyateƒe be, menye ame sia amee ate ŋu ayi aɖasubɔ le dukɔ bubu me o. Le ame aɖewo gome la, ade wo dzi wu ne woʋu yi ɖawɔ subɔsubɔdɔa le woawo ŋutɔwo ƒe dukɔa ƒe nuto bubu si me hiahiã le wu la me. Ame bubuwo hã ate ŋu aɖoe be yewoaɖasubɔ le hame aɖe si te ɖe wo ŋu me. Nu vevitɔe nye be nàwɔ wò ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me. (Kol. 3:23) Ekema nya sia si tso gbɔgbɔ me la ava eme na wò be: “Yehowa ƒe yayra—eyae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.”—Lod. 10:22, NW.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

 Dzro Ðokuiwò Me Kpɔ

Be nànya nenye be àte ŋu asubɔ le dukɔ bubu me la, tsɔ biabia siwo gbɔna la dzro ɖokuiwò me anukwaretɔe, eye nàtsɔ wo ade gbedodoɖa me ahadae akpɔ be ade dziwò be nàʋu ayi nuto bubu aɖe me vavã hã. Nyatakaka siwo le Gbetakpɔxɔ siwo do va yi me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me.

• Gbɔgbɔmeme ye menye ŋutɔŋutɔa?—“Afɔɖeɖe Siwo Kplɔa Ame Yia Dzidzɔkpɔkpɔ Mee” (October 15, 1997, axa 6)

• Gbeƒãɖela bibie menyea?—“Alesi Woakpɔ Dzidzedze le Mɔɖeɖedɔa Mee” (May 15, 1989, axa 21)

• Ðe mate ŋu aʋu le ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nyewo gbɔa?—“Akɔkpekpe Kple Aƒedzroame le Mawusubɔsubɔ Me” (May 15, 1994, axa 28)

• Ðe mate ŋu asrɔ̃ gbegbɔgblɔ bubua?—“Subɔsubɔ le Dutagbe Hame Me” (March 15, 2006, axa 17)

• Ðe ga le asinye mate ŋu aʋua?​—“Àte Ŋu Asubɔ le Dutanyigba Dzia?” (October 15, 1999, axa 23)

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nuwɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe kple ɖokuitsɔtsɔ na faa ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe nɔvi siwo le nutoa me dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame siwo va kple susu be yewoasubɔ lae kpɔa dzidzedze