Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míayi Edzi Anye Dzidzɔmewo Le Xaxaɣiwo

Ale Si Míayi Edzi Anye Dzidzɔmewo Le Xaxaɣiwo

Ale Si Míayi Edzi Anye Dzidzɔmewo Le Xaxaɣiwo

‘Ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee.’—PS. 5:12.

1, 2. (a) Nu siwo doa nuxaxa na amegbetɔƒomea egbea la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Tsɔ kpe ɖe nu siwo ɖea fu na amegbetɔwo katã ŋu la, nu ka hã mee wòle be Kristotɔ vavãwo nado dzi le?

NƆNƆME sesẽ siwo me tom ameƒomea katã le la ɖea fu na Yehowa Ðasefowo hã. Nu vlo wɔwɔ, aʋawɔwɔ, kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bubuwo ɖe kpe na Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe. Dzɔdzɔmefɔkuwo, ahedada, dɔléle, kple ku doa nuxaxa na woawo hã. Apostolo Paulo ŋlɔe wòsɔ nyuie be: “Míenyae be nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae va se ɖe fifia.” (Rom. 8:22) Míaƒe blibomademade me tsonuwo hã gblẽa nu le mía ŋu. Ðewohĩ míawo hã míagblɔ abe blema Fia David ene be: “Nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene.”—Ps. 38:5.

2 Tsɔ kpe ɖe fukpekpe siwo me tom amegbetɔwo katã le ŋu la, Kristotɔ vavãwo gatsɔa kpɔɖeŋufuwɔameti la hã. (Luka 14:27) Ɛ̃, abe ale si wònɔ le Yesu gome ene la, woléa fu eƒe nusrɔ̃lawo hã hetia wo yome. (Mat. 10:22, 23; Yoh. 15:20; 16:2) Eya ta Kristo yome dzedze bia ʋiʋli vevie kple dzidodo esime míele xexe yeyea ƒe yayrawo lalam.—Mat. 7:13, 14; Luka 13:24.

3. Alekee míewɔ nya be mehiã be Kristotɔwo nakpe fu le agbe me kokoko hafi woƒe nu nadze Mawu ŋu o?

3 Ðe esia fia be ele be Kristotɔ vavãwo nanɔ agbe si me vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele oa? Ðe wòle be míanɔ agbe si me blanuiléle kple nuxaxa sɔŋ ko le va se ɖe esime nuwuwua nava? Edze ƒãa be Yehowa di be dzi nanɔ mía dzɔm esime míele mɔ kpɔm na eƒe ŋugbedodowo me vava. Enuenu la, Biblia la ɖɔa tadeagula vavãwo be wonye dzidzɔmewo. (Mixlẽ Yesaya 65:13, 14.) Psalmo 5:12 gblɔ be: ‘Ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee.’ Ɛ̃, anya wɔ be míanɔ dzidzɔ, tomefafa, kple dzidzeme geɖe kpɔm togbɔ be míanɔ xaxawo me tom hã. Mina míadzro ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple dodokpɔ siwo míedoa goe, evɔ míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm la me.

Yehowa—“Mawu Dzidzɔtɔ La”

4. Alekee Mawu sena le eɖokui me ne eƒe nuwɔwɔwo gbe eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ?

4 Le kpɔɖeŋu me, bu Yehowa ŋu kpɔ. Esi wònye Mawu Ŋusẽkatãtɔ ta la, xexe bliboa katã le eƒe ŋusẽ te. Naneke alo ame aɖeke mehiãe o. Gake togbɔ be ŋusẽ sia gbegbe le Yehowa si hã la, anya te ɖe edzi esi eƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka dze aglã heva zu Satana. Anya ve Mawu esi mawudɔla bubuwo hã va wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedzea me. Bu ale si gbegbe Mawu anya se vevee esi Adam kple Xawa, siwo nye eƒe anyigbadzinuwɔwɔ deŋgɔtɔwo kekeake va gbe toɖoɖoe la hã ŋu kpɔ. Tso ɣemaɣi ke la, woƒe dzidzimevi biliɔn geɖewo gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye.—Rom. 3:23.

5. Nu kae naa Yehowa sea veve ŋutɔ?

5 Aglãdzedze si gɔme Satana dze la, gakpɔtɔ le edzi yim kokoko. Ƒe 6,000 aɖewoe nye esia la, Yehowa le trɔ̃subɔsubɔ nuwɔnawo, nu vlo wɔwɔ, amewuwu, kple gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo teƒe kpɔm. (1 Mose 6:5, 6, 11, 12) Gakpe ɖe eŋu la, ese alakpanya vɔ̃ɖiwo kple busunyawo ɖe to me. Mawu subɔla vavãwo kura gɔ̃ hã wɔ nu wòte ɖe edzi ɣeaɖewoɣi. Biblia ƒo nu tso esiawo ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ŋu ale: “Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o! Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.” (Ps. 78:40, 41) Ðikeke mele eme o be Yehowa sea veve ŋutɔ ne esubɔlawo gbe toɖoɖoe. (Yer. 3:1-10) Edze ƒãa be nanewo dzɔna siwo tena ɖe Yehowa dzi vevie.—Mixlẽ Yesaya 63:9, 10.

6. Alekee Mawu wɔa nu ne amewo wɔ nu wòte ɖe edzi?

6 Nudzɔdzɔ siwo tena ɖe Yehowa dzi henana wòsea veve la mewɔnɛ be wòdoa kpo afɔɖeɖe o. Ne kuxiwo do mo ɖa la, Yehowa ɖea afɔ enumake tsɔ léa wo me tsonu vɔ̃wo nu. Eye eɖe afɔ aɖewo hã xoxo be yeatsɔ akpɔ kuxiawo gbɔ bene eƒe tameɖoɖowo nava eme mlɔeba. Le afɔ nyui siawo siwo Yehowa ɖena ta la, etsɔa dzidzɔ nɔa mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me wòava ʋli eƒe dziɖulanyenye ta keŋkeŋ kple yayra siwo ado go tso eme na esubɔla wɔnuteƒewo. (Ps. 104:31) Ɛ̃, togbɔ be wohe vlodoame geɖe va Yehowa dzi hã la, egakpɔtɔ nye “Mawu dzidzɔtɔ la.”—1 Tim. 1:11; Ps. 16:11.

7, 8. Ne nɔnɔme sesẽwo ɖi kpe mí la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae?

7 Enye nyateƒe be le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ gome la, míate ŋu atsɔ mía ɖokuiwo asɔ kple Yehowa ya o. Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Ele dzɔdzɔme nu be nu nate ɖe mía dzi ne nɔnɔme sesẽwo ɖi kpe mí ya, gake mele be míatsɔ anyidzeƒe awɔ anyimlɔƒee o. Esi Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, tamebubuŋutete, kple nunya si woate ŋu atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe la le mía si, si wɔnɛ be míete ŋu dea ŋugble le míaƒe kuxiwo ŋu heɖea afɔ siwo sɔ le afi si wòanya wɔ le.

8 Nyateƒenya vevi aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe agbemekuxiwo nue nye be míakpɔe adze sii be nanewo li siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o. Nuxaxa tso wo ŋu akpa ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi geɖe wu ahana dzidzɔ siwo gbegbe Mawu subɔla vavãwo kpɔna la nato mía ŋu. Ne míenya ɖe afɔ siwo sɔ be míatsɔ akpɔ kuxi aɖe gbɔ ko la, nu nyuitɔ si wòle be míawɔ koe nye be míaɖe susu ɖa le kuxia ŋu ahatrɔ susu ɖe nu siwo aɖe vi na mí wu la ŋu. Míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖewo le Biblia me nudzɔdzɔ siwo gbɔna la me.

Dadasɔ Le Vevie

9. Aleke Xana da sɔ le eƒe nuwɔna mee?

9 De ŋugble tso Xana, ame si va dzi Samuel, nyagblɔɖila la, ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Eƒe vimadzimadzi na nu te ɖe edzi vevie. Eƒe atsusi nɔa fewu ɖum le eŋu le eƒe kotsitsi ta. Ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le Xana ƒo eye wòfaa avi vevie hegbea nuɖuɖu. (1 Sam. 1:2-7) Gbe ɖeka esi Xana gayi Yehowa ƒe me la, ‘exa nu vevie, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa henɔ avi fam hehehe.’ (1 Sam. 1:10) Esi Xana ɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na Yehowa vɔ la, nunɔlagã Eli te ɖe eŋu hegblɔ nɛ be: ‘Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nu si nèbiae la na wò!’ (1 Sam. 1:17) Le esia megbe la, ɖikeke mele eme o be Xana kpɔe dze sii be nu si yeate ŋu awɔ la katã koe nye ema yewɔ. Naneke meli si wòate ŋu awɔ le eƒe kotsitsia ŋu o. Xana da sɔ le eƒe nuwɔna me. Azɔ ‘elé eƒe mɔ, eye wòɖu nu, eye megato mo azɔ o.’—1 Sam. 1:18.

10. Alekee Paulo wɔ nu le dadasɔ me esi kuxi aɖe si gbɔ mate ŋu akpɔ o la dze ŋgɔe?

10 Apostolo Paulo hã wɔ nu si da sɔ esime wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Nane nɔ fu ɖem nɛ vevie. Eɖɔe be enye ‘ŋu aɖe si wode yeƒe ŋutilã me.’ (2 Kor. 12:7) Nu ka kee wòɖanye o, Paulo wɔ nu si wòate ŋui, si nye be enɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòana gbɔdzɔe ye. Zi gbɔ zi nenie Paulo ɖe kuku na Yehowa tso nu sia ŋu? Zi etɔ̃. Le gbedodoɖa tso eŋu zi etɔ̃lia vɔ megbe la, Mawu ɖee fia Paulo be yemaɖe ‘ŋu si le eƒe ŋutilã me’ la ɖa nukutɔe o. Paulo xɔe de eme nenema heyi edzi lé fɔ ɖe eƒe Yehowa subɔsubɔ ŋu tso dzi blibo me.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 12:8-10.

11. Alekee gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxiwo nu?

11 Kpɔɖeŋu siawo mefia be míadzudzɔ gbedodoɖa na Yehowa tso kuxi siwo le fu ɖem na mí la ŋu o. (Ps. 86:7) Ke boŋ ɖe Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.” Alekee Yehowa awɔ nu ɖe míaƒe kokoƒoƒo kple dzimedidiwo ŋu? Biblia yi edzi gblɔ be: “Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Flp. 4:6, 7) Nyateƒee, ɖewohĩ Yehowa maɖe míaƒe kuxia ɖa o, gake ate ŋu aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu to míaƒe tamesusuwo ŋu dzɔdzɔ me. Anɔ eme be le gbedodoɖa tso míaƒe kuxi aɖe ŋu vɔ megbe la, míade dzesi nu si dzimaɖitsitsi fũu akpa ate ŋu agblẽ le mía ŋu.

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Ŋu

12. Alekee nuxaxa fũu akpa ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?

12 Lododowo 24:10 gblɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Lododo bubu gblɔ be: “Ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” (Lod. 15:13) Dzi ɖe le Kristotɔ aɖewo ƒo ale gbegbe be wodzudzɔ ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le Mawu ƒe Nya la ŋu. Woƒe gbedodoɖawo va zu kɔnu dzro aɖe ko, eye ame aɖewo hã ɖea wo ɖokui ɖe aga tso hati tadeagulawo gbɔ. Edze ƒãa be nuxaxa fũu akpa ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu.—Lod. 18:1, 14.

13. Nu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo dzi ahana míakpɔ dzidzɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

13 Gake ne nukpɔsusu nyuitɔ le mía si la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nu siwo ahe dzidzɔ vɛ na mí le agbe me ŋu. David ŋlɔ be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ.” (Ps. 40:9) Ne nuwo meyi edzi nyuie le míaƒe agbe me o la, mele be míadzudzɔ numame nyui siwo me míekpɔa gome le le míaƒe tadedeagu me la gbeɖe o. Le nyateƒe me la, mɔ nyuitɔ si dzi míato anɔ te ɖe dzidzɔmakpɔmakpɔ nue nye be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe nuwɔna siwo ado dzidzɔ na mí me. Yehowa na míenya be míate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le eƒe Nya la xexlẽ kple emedzodzro edziedzi me. (Ps. 1:1, 2; Yak. 1:25) Míesea “nya dzeto” siwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí ahana dzi nadzɔ mí la le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo me.—Lod. 12:25; 16:24.

14. Yehowa ƒe kakaɖedzinamenya kae naa dzi dzɔa mí fifia gɔ̃ hã?

14 Mawu na susu geɖe siwo ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo la mí. Le nyateƒe me la, ŋugbe si wòdo be yeana ɖeɖe mí la nye nu vevi aɖe si nana míekpɔa dzidzɔ. (Ps. 13:6) Míenya be nu ka kee ɖale dzɔdzɔm ɖe mía dzi fifia o, Mawu aɖo eteƒe na ame siwo dinɛ vevie la mlɔeba. (Mixlẽ Nyagblɔla 8:12.) Nyagblɔɖila Xabakuk gblɔ ale si wòka ɖe nya ma dzii wònya se ale: “Ne gboti meƒo se o, eye wainkawo metse o; ne amiti mewɔ eƒe dɔ o, eye toŋugblewo mena nuɖuɖu o; ne woɖe alẽhawo ɖa le kpo me, eye nyiha aɖeke mele kpɔwo me o hã la, nye ya matso aseye ɖe Yehowa ŋu; makpɔ dzidzɔ ɖe nye xɔname ƒe Mawu la ŋu.”—Xab. 3:17, 18, NW.

‘Dzidzɔtɔe Nye Dukɔ, Si Ƒe Mawu Yehowa Nye!’

15, 16. Mawu ƒe nunana siwo ate ŋu ado dzidzɔ na mí fifia esi míele etsɔmeyayrawo lalam la dometɔ aɖewo ɖe?

15 Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be míanɔ vivi sem na nu nyui siwo wònaa mí fifia, esi míele yayra wɔnuku siwo wòahe vɛ na mí le etsɔme la lalam. Biblia gblɔ be: “Medze sii bena, nu nyui aɖeke meli na wo wu be, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe [“ahawɔ nyui,” NW] le woƒe agbenɔɣi o. Ke be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.” (Nyagb. 3:12, 13) ‘Nyuiwɔwɔ’ sia lɔ dɔ nyui siwo míawɔ na amewo la hã ɖe eme. Yesu gblɔ be dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ. Ne míenyoa dɔme na mía srɔ̃wo, mía viwo, mía dzilawo, kple ƒometɔ bubuwo la, míekpɔa dzidzeme geɖe. (Lod. 3:27) Eye ne míekɔa dɔ me ɖe míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo ŋu, wɔa amedzro na wo hetsɔna kea wo la, eya hã hea dzidzɔ geɖe vanɛ na mí, eye wòdzea Yehowa ŋu. (Gal. 6:10; Kol. 3:12-14; 1 Pet. 4:8, 9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míetsɔa ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ wɔa míaƒe subɔsubɔdɔa la, míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ.

16 Nyagblɔla ƒe agbalẽa me nya siwo míeyɔ va yi la ƒo nu tso agbemenuwɔna aɖewo siwo doa dzidzɔ na mí, abe nuɖuɖu kple nunono ene, ŋu. Ɛ̃, nenye be míele akɔ kpem kple nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã la, ŋutilãmenu siwo Yehowa naa mí la ate ŋu ana dzi nanɔ mía dzɔm. Gakpe ɖe eŋu la, ɣe ƒe amigogbagba si kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi, anyigba ƒe teƒe dzeaniwo, lãwo ƒe viwo ƒe fefe, kple dzɔdzɔmenu wɔdɔɖeamedzi bubuwo nye nu siwo li faa míate ŋu akpɔ femaxee, ke hã, woate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzi vevie ahana dzi nadzɔ mí. Ne míele ŋugble dem le nu siawo ŋu la, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa me gasẽna ɖe edzi, le esi wònye eyae nye nu nyuiwo katã Nala ta.

17. Nu kae ava na míakpɔ gbɔdzɔe keŋkeŋ tso míaƒe fukpekpewo me, eye fifia kura gɔ̃ hã la, nu kae naa akɔfafa mí?

17 Le wo katã me la, míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu, toɖoɖo eƒe sewo, kple tafevɔsa la dzi xɔxɔ se ava na gbɔdzɔe mí tso fukpekpe siwo míaƒe blibomademade he va mía dzi la me keŋkeŋ ahana míakpɔ dzidzɔ mavɔ mlɔeba. (1 Yoh. 5:3) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, enyanya be nu siwo katã doa nuxaxa na mí la le nyanya na Yehowa nyuie la faa akɔ na mí. David ŋlɔ bena: “Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta.” (Ps. 31:8) Lɔlɔ̃ si le Yehowa si na mí la aʋãe wòaɖe mí tso míaƒe fukpekpewo me.—Ps. 34:20.

18. Nu ka tae wòle be dzidzɔ naxɔ aƒe ɖe Mawu ƒe amewo dome?

18 Esi míele Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava lalam la, mina míanɔ Yehowa, Mawu dzidzɔtɔ la srɔ̃m. Negadzɔ gbeɖe be míana dziɖeleameƒo nana míadzudzɔ Mawu subɔsubɔ o. Ne kuxiwo do mo ɖa la, mina míawɔ tamebubuŋutete kple nunya ŋu dɔ. Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe seselelãmewo dzi ahawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ alé nudzɔdzɔ gbãdzinamewo ƒe nugbegblẽ le mía ŋu nu. Neva eme be míana nu nyui siwo wònaa mí—ŋutilã me kple gbɔgbɔ me tɔwo siaa—nayi edzi anɔ dzidzɔ dom na mí. Ne míeyi edzi le tetem ɖe Mawu ŋu la, míakpɔ dzidzɔ, elabena ‘dzidzɔtɔe nye dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!’—Ps. 144:15.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Alekee míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom?

• Alekee dadasɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu?

• Le xaxaɣiwo la, aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Nu gbegblẽ wɔwɔ siwo le edzi yim la tena ɖe Yehowa dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© G.M.B. Akash/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Yehowa na nu siwo ana míakpɔ dzidzɔ la mí