GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2013

Tata sia ana míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ŋu míebuna edziedzi o la ŋu geɖe wu.

AGBEMEŊUTINYA

Toɖoɖo Yehowa Na Mekpɔ Yayra Geɖe

Xlẽ Elisa Piccioli ƒe agbemeŋutinya. Togbɔ be edo go kuxiwo, etsɔ nu geɖe sa vɔe, eye ame ku nɛ hã, mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo Ŋu Bliboe

Nu kae wòfia be woanye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe kple ameŋkumemakpɔla? Yehowa Mawu ƒe kpɔɖeŋu me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme siawo ɖo.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Dɔmenyonyo Kple Nugɔmesename Ŋu

Yehowa ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le dɔmenyonyo kple nugɔmesesename me. Eƒe kpɔɖeŋua me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míaɖe nɔnɔme mawo afia.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Kple Tsɔtsɔke Ŋu

Nuteƒewɔwɔ kple tsɔtsɔke nye nɔnɔme nyui siwo ɖea dzesi le xɔlɔ̃ vavãwo ŋu. Yehowa ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme vevi siawo ɖo.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe “mawuviwo” kple ‘gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me’ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nye?

Na Yehowa Namla Wò

Yehowa, “mía mèla,” trɔa asi le ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo ŋu. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me, eye aleke eƒe amehehe ate ŋu aɖe vi na mí egbea?

Hamemetsitsiwo—Ðe Miafa Akɔ Na ‘Luʋɔ Si Ŋu Nu Tea’?

Aleke wòle be Kristotɔ hamemetsitsiwo nadzra ɖo ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo ŋui? Woate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo ŋu nu te alo ame siwo ƒo dzi ɖe le ne wona “gbɔgbɔmenunana” wo.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã.