Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo Ŋu Bliboe

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo Ŋu Bliboe

“Mizu Mawu srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene.”EF. 5:1.

1. (a) Yehowa ƒe nɔnɔme kawoe nàte ŋu ayɔ? (b) Aleke Mawu ƒe nɔnɔmewo me dzodzro aɖe vi na míi?

NE ÈDE ŋugble tso Yehowa ŋu la, eƒe nɔnɔme kawoe vaa susu me na wò? Mía dometɔ geɖe ƒe susu yia eƒe lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya kple ŋusẽ dzi. Ke hã, míenya be nɔnɔme lédziname bubu geɖewo gale Yehowa si. Le nyateƒe me la, míate ŋu ayɔ Yehowa ƒe nɔnɔme vovovo 40 sɔŋ, eye míedzro wo dometɔ ɖe sia ɖe me le míaƒe agbalẽwo me. Bu nu wɔdɔɖeamedzi gbogbo siwo nàgate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo ƒomenusɔsrɔ̃ me ŋu kpɔ! Mɔ kawo nue nusɔsrɔ̃ siawo ate ŋu aɖe vi na mí le? Ate ŋu ana míakpɔ ŋudzedze ɖe mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔmewo ŋu geɖe wu. Eye esia ana míadi vevie wu be míasrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔmewo, ale be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli wu.—Yos. 23:8; Ps. 73:28.

2. (a) Wɔ ale si míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu geɖe wu la ƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kawo mee míadzro?

2 Gake nu kae “ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu” fia? Le nyati sia me la, nya sia fia be woakpɔ asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le nane ŋu la adze sii. Ŋudzedzekpɔkpɔ sia dea to ɖe edzi vivivi. Le kpɔɖeŋu me: Míate ŋu adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nuɖuɖu aɖe si míeɖu kpɔ o la ŋu ɖe edzi ne míese eƒe ʋeʋẽ lililia, míekae de nu me ɖui nyuie, eye mlɔeba míawo ŋutɔwo míeva te eɖaɖa. Nenema kee míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme aɖe ŋu gadea to ɖe edzi ne míeva nya nɔnɔme ma nyuie, míedea ŋugble le eŋu, eye míawo hã míeɖenɛ fiana. (Ef. 5:1) Nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míagakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nɔnɔme lédziname siwo mevaa susu me na mí edziedzi abe eƒe nɔnɔme vevi eneawo ene o la ŋu geɖe wu. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe gome la, míaɖo biabia siawo ŋu: Nu kae nɔnɔme sia fia? Aleke Yehowa ɖenɛ fianae? Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le nɔnɔme sia ɖeɖe fia me?

 YEHOWA NYE AME SI ŊU WOTENA ÐO BƆBƆE

3, 4. (a) Nu kae wòfia be ame nanye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe? (b) Aleke Yehowa na kakaɖedzi mí be yenye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe?

3 Gbã la, mina míakpɔ ale si Yehowa nye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe ɖa. Nu kae wòfia be woanye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe? Ðewohĩ àgblɔ be efia be, ‘Amea nye dɔmenyola, ekpɔa vovo ɖe ame ŋu, eye wònɔa bɔbɔe be woaɖo dze kplii.’ Zi geɖe la, àte ŋu akpɔe ne ame aɖe nye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe alo menyee o ne èse eƒe nuƒoƒo eye nèkpɔ eƒe nuwɔna—eƒe asiwɔwɔ ɖe nya dzi, eƒe moɖoɖo, alɔgbɔnukoko kple bubuawo.

4 Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yenye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe? Togbɔ be Ŋusẽkatãtɔ Yehowa ye nye xexe gã gbahoo la Wɔla hã la, ena kakaɖedzi mí be yedina vevie be yeaɖo to míaƒe gbedodoɖawo ahaɖo wo ŋu. (Mixlẽ Psalmo 145:18; Yesaya 30:18, 19.) Míate ŋu aƒo nu na Mawu ɣeyiɣi didi si míedi, le teƒe ɖe sia ɖe kple ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Míate ŋu ate ɖe eŋu faa le esi míeka ɖe edzi be mado ŋukpe mí gbeɖe o ta. (Ps. 65:3; Yak. 1:5) Mawu ƒe Nya la zã amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo tsɔ ɖɔ ale si Yehowa ɖenɛ fiana be yedi be míate ɖe ye ŋui. Le kpɔɖeŋu me, hakpala David gblɔ be, ‘Yehowa ƒe ŋkuwo le mía ŋu,’ eye eƒe ‘nuɖusi vàa mí goŋgoŋ.’ (Ps. 34:16; 63:9) Nyagblɔɖila Yesaya tsɔ Yehowa sɔ kple alẽkplɔla esi wògblɔ be: “Alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.” (Yes. 40:11) Wò ya kpɔe ɖa le susu me ko, be Yehowa dina be míate ɖe ye ŋu kplikplikpli abe alẽvi si alẽkplɔla lɔ̃ame kɔ ɖe eƒe akɔnu ene! Yehowa nye Fofo si ŋu míate ŋu ate ɖo bɔbɔe vavã! Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le nɔnɔme sia ɖeɖe fia me?

NƆNƆME SI ŊU WODEA ASIXƆXƆE VEVIE

5. Nu ka tae wòle vevie be hamemetsitsiwo nanye ame siwo ŋu wotena ɖo bɔbɔe?

5 Nyitsɔ laa la, wobia Ðasefo dovevienu aɖewo siwo le xexea ƒe akpa vovovo  la ɖekaɖeka be, “Nɔnɔme nyui kae doa dzidzɔ na wò wu le hamemetsitsiwo ŋu?” Wo dometɔ akpa gãtɔ ɖo eŋu be edoa dzidzɔ yewo ne wonye “Ame siwo ŋu wotena ɖo bɔbɔe.” Ele eme be ehiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe nanye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe ya, gake esia gale vevie wu le hamemetsitsiwo gome. (Yes. 32:1, 2) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ nu si tae nɔnɔme sia le vevie ŋutɔ ale: “Ne enɔa bɔbɔe be míate ɖe hamemetsitsi aɖe ŋu ko hafi eƒe nɔnɔme nyui bubuwo hã ate ŋu aɖe vi na mí.” Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be susu le nya ma me oa? Gake nu kae nana wotena ɖe ame ŋu bɔbɔe?

6. Nu vevi kae ana amewo nate ɖe mía ŋu bɔbɔe?

6 Nu vevi aɖe si ana amewo nate ɖe mía ŋu bɔbɔe ye nye be míatsɔ ɖe le eme na wo vevie. Ne hamemetsitsi tsɔa ɖe le eme na amewo eye wòlɔ̃na faa kpena ɖe wo ŋu la, nɔviwo, siwo dome ɖeviwo gɔ̃ hã le, akpɔ esia adze sii. (Marko 10:13-16) Carlos si xɔ ƒe 12 la gblɔ be: “Mekpɔa hamemetsitsiwo nɔa alɔgbɔnu kom henɔa vivi dom ɖe amewo ŋu le akpataa me, eye esia dzɔa dzi nam ŋutɔ.” Nyateƒee, mesɔ gbɔ be hamemetsitsi nagblɔ be enɔa bɔbɔe na amewo be woate ɖe ye ŋu o; ele be nɔnɔme ma nadze le eŋu ŋutɔŋutɔ. (1 Yoh. 3:18) Aleke wòawɔ esiae?

7. Nu ka tae takpekpe ƒe akɔtagbalẽvi dede ʋua dzeɖomɔnu ɖi zi geɖe, eye nu kae esia fia mí?

7 Bu nuteƒekpɔkpɔ sia ŋu kpɔ. Nyitsɔ laa la, esi nɔvi aɖe ɖo yameʋu hetrɔ tso takpekpe gbɔna aƒe me la, yameʋumedɔwɔla aɖe kpɔ eƒe akɔtagbalẽvi si wòde si dzi woŋlɔ ɖo be, “Wò Fiaɖuƒe Nava!” Egblɔ na nɔviŋutsua be, “Ɛ̃, neva—ele be míaɖo dze tso nya sia ŋu.” Emegbe, woɖo dze eye wòxɔ míaƒe magazinewo kple dzidzɔ. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi le mía dometɔ geɖe si. Ke nu ka tae takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo ʋua dzeɖomɔnu ɖi? Elabena, ne míagblɔe la, egblɔna na amewo be: “Migavɔ̃ o, mite ɖe ŋunye faa. Mibia afi si yim melem.” Akɔtagbalẽvia nye dzesi si nana amewo nyana be míedi be míaƒo nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. Nenema ke wòle be Kristotɔ hamemetsitsiwo hã nadi be yewo hati tadeagulawo nakpɔ dzesi sia le yewo ŋu be: “Migavɔ̃ o, mite ɖe ŋunye faa.” Dzesiawo dometɔ aɖewoe nye kawo?

8. Aleke hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le eme na nɔviwo, eye ŋusẽ kae esia kpɔna ɖe hamea dzi?

8 Dukɔ ɖe sia ɖe kple eƒe dekɔnue, gake zi geɖe ne míekoa alɔgbɔnu na mía nɔviwo, ne míenaa asi wo vividoɖeameŋutɔe, eye míedoa gbe na wo tso dzi me faa la, esia ana woakpɔe be míetsɔ ɖe le eme na yewo vavã. Ame kae wòle be wòaxɔ ŋgɔ le esia wɔwɔ me? De dzesi kpɔɖeŋu si Yesu ɖo. Mateo gblɔ be esi Yesu kpe kple eƒe nusrɔ̃lawo la, “Yesu te ɖe wo ŋu heƒo nu na wo.” (Mat. 28:18) Nenema kee egbea hamemetsitsiwo hã tena ɖe haxɔsetɔwo ŋu ɖoa dze kpli wo faa. Ŋusẽ kae esia kpɔna ɖe hamea dzi? Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 88 la gblɔ be: “Ale si hamemetsitsiwo koa alɔgbɔnu nam kple dzideƒonamenya siwo wogblɔna nam le Fiaɖuƒe Akpataa me la nana woƒe nu doa dzidzɔ nam ŋutɔ.” Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe bubu aɖe hã gblɔ be: “Ate ŋu adze abe nu tsɛ aɖe ene, gake ne meva kpekpea eye hamemetsitsi aɖe do wòezɔ nam vividoɖeameŋutɔe la, edea dzi ƒo nam ŋutɔ.”

AME SI ŊU WOTENA ÐO KPLE AME SI KPƆA VOVO ÐE AME ŊU

9, 10. (a) Kpɔɖeŋu nyui kae Yehowa ɖo ɖi na mí? (b) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu?

 9 Edze ƒãa be amewo mate ŋu ate ɖe mía ŋu ne míekpɔa vovo ɖe wo ŋu o. Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le esia gome. “Mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ . . . o.” (Dɔw. 17:27) Hamemetsitsiwo ate ŋu akpɔ vovo ɖe nɔviawo ŋu,  ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ne wodia ɣeyiɣi ɖoa dze kpli wo do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple kpakpã vɔ megbe. Nɔviŋutsu mɔɖela aɖe gblɔ be: “Ne hamemetsitsi aɖe biam be mefɔ nyuie hã, eye wòtɔ ɖe ŋunye se nye ŋuɖoɖoa la, mekpɔnɛ be etsɔ ɖe le eme nam.” Nɔvinyɔnu aɖe si le Yehowa subɔm ƒe 50 kloe nye esia gblɔ be: “Ne hamemetsitsiwo kpɔ vovo ɖe ŋunye heɖo dze kplim le kpekpea megbe la, mesena le ɖokuinye me be wode asixɔxɔ ŋunye.”

10 Enye nyateƒe be ele be Kristotɔ alẽkplɔlawo nakpɔ dɔ bubu geɖewo hã gbɔ. Gake ele be wòanye woƒe taɖodzinu be yewoakpɔ vovo ɖe alẽawo ŋu gbã le kpekpeawo me.

YEHOWA MEKPƆA AME ŊKUME O

11, 12. (a) Nu kae ameŋkumemakpɔmakpɔ fia? (b) Kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo ɖi na mí le esia gome?

11 Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname bubue nye ameŋkumemakpɔmakpɔ. Nu kae nya sia fia? Efia nu si le eteƒe wɔwɔ, be woaƒo asa na amedzidede, alo akpa ɖeka dzidede. Ameŋkumemakpɔmakpɔ vavãtɔ lɔ nu eve ɖe eme: míaƒe nɔnɔme kple míaƒe nuwɔna. Nu ka ta evea siaa le vevie? Ne míawo ŋutɔwo míekpɔnɛ be ele be míawɔ nu ɖe amewo katã ŋu sɔsɔe ko hafi míate ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, “ameŋkumemakpɔmakpɔ” fia be “woagawɔ nu ɖe ame ŋu le eƒe gotagomedzedzeme nu o,” be woagade ame aɖe dzi ɖe ame bubu ŋu o. (Dɔw. 10:34) Eya ta amewo ƒe amenyenye ŋue ame si mekpɔa ame ŋkume o la léa ŋku ɖo, ke menye woƒe dzedzeme kple nɔnɔme siwo me wole ŋue o.

12 Yehowa ɖo ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Eƒe Nya la gblɔ be “mekpɔa ame ŋkume o” eye “medea ame dzi o.” (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 5 Mose 10:17.) Nane si dzɔ le Mose ƒe ŋkekea me ɖo kpe esia dzi.

Zelofxad vinyɔnuwo kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ŋu (Kpɔ memama 13, 14)

13, 14. (a) Nɔnɔme sesẽ ka mee Zelofxad vinyɔnu atɔ̃awo ɖo? (b) Aleke Yehowa wɔ nu ɖe wo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe?

 13 Do ŋgɔ teti hafi Israel viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, ɖetugbui atɔ̃ siwo nye tɔ ɖeka viwo, siwo meɖe srɔ̃ o la ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me. Nu kae dzɔ? Wonya be ele be woaka ƒomenyigba na yewo fofo, abe ale si ko woakae na ƒome bubuwo katã le Israel ene. (4 Mose 26:52-55) Gake wo fofo Zelofxad si tso Manase toa me la ku. Le kɔa nu la, ele be Zelofxad viŋutsuwo nanyi eƒe dome, gake medzi viŋutsu aɖeke o, vinyɔnuwo ko wòdzi. (4 Mose 26:33) Esi viŋutsu aɖeke mele ƒomea me o ta la, ɖe woatsɔ anyigba la ana ƒometɔ bubuwo eye domenyinua nato vinyɔnuawo ŋua?

14 Ðetugbui atɔ̃awo va Mose gbɔ va gblɔ be: “Nu ka ŋuti mía fofo ŋkɔ atsrɔ̃ le  eƒe ƒome la me, le esi viŋutsu mele esi o ta?” Woɖe kuku nɛ be: “Na anyigba mí ɖe mía fofo nɔviwo dome.” Ðe Mose blu ɖe wo ta be, ‘Se ko se ye, tɔtrɔ mele eŋu oa’? Kura o, ke boŋ etsɔ “woƒe nya la va Yehowa ŋkume.” (4 Mose 27:2-5) Aleke Yehowa ɖo eŋu? Egblɔ na Mose be: “Zelofxad vinyɔnuawo gblɔe ɖe eteƒe; eya ta na domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, eye nàna wo fofo ƒe domenyinu nayi ɖe wo si me.” Yehowa gawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Ena tɔtrɔ si wòwɔ la zu se yeye, eye wògblɔ na Mose be: “Ne ŋutsu aɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, ekema eƒe domenyinu nayi ɖe vianyɔnu si me.” (4 Mose 27:6-8; Yos. 17:1-6) Tso ema dzi la, ɖoɖo yeye sia ɖe vi na Israel nyɔnu siwo katã ɖo nɔnɔme ma me.

15. (a) Aleke Yehowa wɔa nu ɖe eƒe amewo, vevietɔ wɔnamanɔŋutɔwo ŋu? (b) Biblia ƒe nuŋlɔɖi bubu kae gaɖe Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ fia?

15 Nyametsotso nyui si me ameŋkumekpɔkpɔ mele o kae nye esi! Yehowa wɔ nu ɖe nyɔnu wɔnamanɔŋutɔ siawo ŋu bubutɔe abe ale si wòwɔa nu ɖe Israel vi siwo dzi nɔnɔmeawo de la ŋu ke ene. (Ps. 68:6) Biblia ƒe nuŋlɔɖi gbogbo siwo ɖe ale si Yehowa wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe fia la dometɔ ɖeka koe nye esia.—1 Sam. 16:1-13; Dɔw. 10:30-35, 44-48.

MÍATE ŊU ASRƆ̃ YEHOWA

16. Aleke míawɔ anye ameŋkumemakpɔlawo abe Yehowa ene?

16 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme siae? Ðo ŋku edzi be ameŋkumemakpɔmakpɔ lɔ nu eve ɖe eme. Ne míawo ŋutɔwo míenye ameŋkumemakpɔlawo ko hafi míate ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Mí katã míebua mía ɖokui be míesea nu gɔme na amewo eye míekpɔa ame ŋkume o. Gake àlɔ̃ ɖe edzi be mele bɔbɔe be ame ŋutɔ nanya ale si wòle ŋutɔŋutɔ o. Ke aleke míawɔ anya ne amewo bua mí ameŋkumemakpɔlawo? Esi Yesu di be yeanya ale si amewo bua ye la, ebia exɔlɔ̃ siwo dzi wòka ɖo la be: “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔvi la nye?” (Mat. 16:13, 14) Ðe manyo be nàsrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua oa? Àte ŋu abia xɔlɔ̃ aɖe si dzi nèka ɖo be maɖɔ kesekuku na ye o la be wòagblɔ ale si nèle le go sia me la na wò. Ne eʋu eme na wò be edze abe èdea vovo amewo me le teƒe si wotso, afi si wode suku se ɖo, alo woƒe gakpɔkpɔ ta la, nu kae nàwɔ? Ðo gbe ɖa na Yehowa, nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ, nàɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ tɔtrɔ ahasrɔ̃ eƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ geɖe wu.—Mat. 7:7; Kol. 3:10, 11.

17. Go kawo mee míate ŋu awɔ nu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe le?

 17 Míesrɔ̃a Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ le Kristo hamea me ne míedea bubu nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo katã ŋu dɔmenyotɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne míele kplɔ̃ ɖom be míawɔ amedzro na hati tadeagulawo la, ele be míakpe ameƒomevi ɖe sia ɖe, eye míakpe ame dahewo, tsyɔ̃eviwo, kple ahosiwo hã. (Mixlẽ Galatiatɔwo 2:10; Yakobo 1:27.) Hekpe ɖe eŋu la, míegblɔa Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na ameƒomevi vovovowo, siwo dome dukɔ bubu me tɔwo hã le la ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Edzɔa dzi na mí be Biblia-srɔ̃gbalẽwo le mía si le gbegbɔgblɔ abe 600 ene me. Esia nye kpeɖodzi be míekpɔa ame ŋkume o vavã!

18. Aleke nàɖee afia be yekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme siwo me míedzro fifia la ŋu?

18 Ne míedea ŋugble le ale si Yehowa nye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe eye mekpɔa ame ŋkume o ŋu la, míakpɔ ŋudzedze ɖe eyama ŋu geɖe wu. Esia aʋã mí be míawo hã míasrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname siawo bliboe, eye míaɖee afia le nuwɔwɔ kple haxɔsetɔwo kple ame siwo míeɖea gbeƒã na me.

‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.’—Ps. 145:18 (Kpɔ memama 9)

“Yehowa, mia Mawu la, . . . medea ame dzi o.”—5 Mose 10:17

(Kpɔ memama 17)