Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mibu Ame Siwo Ƒomevi Wòle Be Mianye Ŋu

Mibu Ame Siwo Ƒomevi Wòle Be Mianye Ŋu

“Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me.”2 PET. 3:11.

1, 2. Hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ‘ame kawo ƒomevie wòle be míanye’?

ELE dzɔdzɔme nu be amegbetɔwo natsi dzi ɖe ale si amewo bua woe ŋu. Gake abe Kristotɔwo ene la, ɖe menye ale si Yehowa bua mí ŋue wòle be míatsi ɖo vevie wu oa? Le nyateƒe me la, eyae nye Ame vevitɔ kekeake le dziƒo kple anyigba dzi, eye eya gbɔe “agbedzɔƒe le.”Ps. 36:10.

2 Esi apostolo Petro nɔ gbe tem ɖe ‘ame siwo ƒomevi wòle be míanye’ le Yehowa ŋkume dzi la, ede ‘agbenɔnɔ kɔkɔe kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le’ ƒe dzi ƒo na mí. (Mixlẽ 2 Petro 3:11.) Ele be míaƒe “agbenɔnɔ” nanɔ kɔkɔe, si fia be míanɔ dzadzɛ le agbe nyui nɔnɔ me, le susu me, kple gbɔgbɔ me hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, ele be lɔlɔ̃ na Mawu kple nuteƒewɔwɔ nɛ naʋã mí míaƒo mía ɖokui ɖe “dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le” me. Eya ta menye míaƒe agbenɔnɔ ɖeɖe koe ana míaƒe nu nadze Mawu ŋu o, ke ame si míenye le ememe hã kpe ɖe eŋu. Esi Yehowa “dzroa dziwo me kpɔna” ta la, enyana nenye be míaƒe agbenɔnɔ le kɔkɔe eye míetsɔ mía ɖokui nɛ bliboe.1 Kron. 29:17.

3. Nya kawoe wòle be míabia ku ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu?

3 Satana Abosam medi be míawɔ nu si dzea Mawu ŋu o. Le nyateƒe me la, ewɔa nu sia nu si wòate ŋui be yeagblẽ mía kple Yehowa dome. Satana zãa alakpanyawo atraɖii tsɔ flua mí be yeate mí ɖa tso Mawu si subɔm míele la gbɔ. (Yoh. 8:44; 2 Kor. 11:13-15) Eya ta nunya anɔ eme be míabia mía ɖokui be: ‘Aleke Satana blea amewo? Nu kae mawɔ atsɔ akpɔ ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome ta?’

ALEKE SATANA BLEA AMEWO?

4. Nu ka ŋue Satana dina be yeagblẽ nu le be yeatsɔ agblẽ mía kple Mawu dome, eye nu ka tae?

4 Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Nu si tea ame sia ame  kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne nu vɔ̃ hã va tsi la, edzia ku.” (Yak. 1:14, 15) Satana dina be yeagblẽ nu le afi si míaƒe dzodzrowo tsona—si nye míaƒe dzi—ŋu be yeatsɔ agblẽ mía kple Mawu dome.

5, 6. (a) Mɔ kawo dzie Satana tona be yeagblẽ nu le míaƒe dzi ŋu? (b) Ameblemɔnu kawo ŋu dɔe Satana wɔna be yeatsɔ aƒã dzodzro vɔ̃ ɖe míaƒe dzi me, eye tso ɣekaɣie wòdze wo zazã gɔme?

5 Mɔ kawo dzie Satana tona be yeagblẽ nu le míaƒe dzi ŋu? Biblia gblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) Satana ƒe aʋawɔnuwo ƒe ɖewoe nye “nu siwo le xexea me.” (Mixlẽ 1 Yohanes 2:15, 16.) Ƒe akpe geɖewoe nye esia la, Abosam trɔ asi le nu siwo le xexea me ŋu aɖaŋutɔe. Esi míele xexe sia me ta la, ehiã be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le eƒe ayemɔwo ŋu.Yoh. 17:15.

6 Satana zãa mɔnu siwo ŋu wòtrɔa asi le be woaƒã dzodzro vɔ̃wo ɖe míaƒe dzi me. Apostolo Yohanes de dzesi ameblemɔnu etɔ̃ siwo ŋu dɔ Satana wɔna: (1) “ŋutilã ƒe nudzodzro,” (2) “ŋkuwo ƒe nudzodzro,” kple (3) ‘ame ƒe nunɔamesiwo tsɔtsɔ ƒo adegbee.’ Satana zã nu siawo tsɔ te Yesu kpɔ le gbedadaƒo. Esi Satana zã mɔ̃ siawo ƒe gbogbowo ta la, eva bi ɖe wo zazã me egbea, eye wònya esi tututu ate ŋu aɖe ame ɖe sia ɖe. Hafi míadzro nu siwo míawɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta me la, mina míakpɔ ale si Abosam zã ameblemɔnu siawo dzidzedzetɔe tsɔ flu Xawa evɔ mete ŋu flu Mawu ƒe Vi la ya o ɖa.

“ŊUTILÃ ƑE NUDZODZRO”

“Ŋutilã ƒe nudzodzro” ye kplɔ Xawa de afɔku me (Kpɔ memama 7)

7. Aleke Satana zã “ŋutilã ƒe nudzodzro” tsɔ te Xawa kpɔe?

7 Amegbetɔwo hiã nu vevi aɖe be woatsɔ alé ŋutilãa ɖe te—wohiã nuɖuɖu. Wɔla la trɔ asi le anyigbaa ŋu be wòawɔ nuɖuɖu le agbɔsɔsɔ me. Satana adi be yeawɔ didi si le mía me be míakpɔ nu aɖu la ŋu dɔ atsɔ ate mí kpɔ be míagbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Bu ale si wòwɔ esia le Xawa gome ŋu kpɔ. (Mixlẽ 1 Mose 3:1-6.) Satana gblɔ na Xawa be ate ŋu aɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati” la faa, maku o, eye gbe si gbe wòaɖui la, anɔ abe Mawu ene. (1 Mose 2:9) Abosam ƒe nyawo le fiafiam be mehiã be Xawa naɖo to Mawu hafi anɔ agbe o. Alakpa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kae nye esi! Esi nya ma nya ge ɖe Xawa ƒe susu me ko la, nyametsotso eve dze ŋgɔe: Ate ŋu aɖe nya ma ɖa le susu me enumake loo alo ayi edzi anɔ eŋu bum ahana atikutsetsea ɖuɖu ƒe dzodzro natsi ɖe eme. Togbɔ be ate ŋu aɖu ati bubu siwo katã le abɔa me hã la, etiae be yeanɔ nya si Satana gblɔ tso ati si le abɔa titina ŋu la boŋ ŋu bum. Nu si va dzɔe nye be, “egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu.” To esia dzi la, Satana ƒã nu si ŋu Wɔla la de se ɖo ƒe dzodzro ɖe eme.

Yesu mena naneke he eƒe susu ɖa le nu vevitɔ ŋu o (Kpɔ memama 8)

8. Aleke Satana dze agbagba be yeazã “ŋutilã ƒe nudzodzro” atsɔ able Yesu, eye nu ka tae Satana mekpɔ dzidzedze o?

 8 Mɔ̃ ma kee Satana tre na Yesu esi wòdze agbagba be yeatee kpɔ le gbedadaƒo. Esi Yesu tsi nu dɔ ŋkeke 40 kple zã 40 megbe la, Satana dze agbagba be yeawɔ dɔ si nɔ Yesu wum la ŋu dɔ atsɔ ablee. Satana gblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe sia be wòatrɔ azu abolo.” (Luka 4:1-3) Nyametsotso evee dze ŋgɔ Yesu: Ate ŋu atiae be yeazã nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽ si le ye si la atsɔ awɔ nuɖuɖu aɖu loo, alo atiae be yemawɔe o. Yesu nyae be mele be yeazã ŋusẽ ma atsɔ aɖi kɔ na ye ŋutɔ ye ɖokui o. Togbɔ be dɔ nɔ ewum hã la, eƒe dɔwuamea nu tsitsi menɔ vevie nɛ wu ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome o. Yesu ɖo eŋu na Satana be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.’”Mat. 4:4.

“ŊKUWO ƑE NUDZODZRO”

9. Nu kae nyagbɔgblɔ “ŋkuwo ƒe nudzodzro” fia, eye aleke Satana wɔ dzodzro sia ŋu dɔ le Xawa gome?

9 Yohanes yɔ “ŋkuwo ƒe nudzodzro” hã be enye ameblenu. Nyagbɔgblɔ ma ɖee fia be nane kpɔkpɔ ɖeɖe dzaa ate ŋu ana nua nava nɔ ame dzrom. Satana wɔ dzodzro sia ŋu dɔ le Xawa gome esi wògblɔ be: “Miaƒe ŋkuwo laʋu.” Zi ale si Xawa nɔ ati si ŋu wode se ɖo kpɔm la, zi nenemae eƒe tsetsea va nɔ edzrom. Xawa va nɔ atia kpɔm be “ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame.”

10. Aleke Satana zã “ŋkuwo ƒe nudzodzro” tsɔ te Yesu kpɔe, eye aleke Yesu wɔ nui?

10 Ke le Yesu gome ya ɖe? Satana ‘tsɔ anyigbadzifiaɖuƒewo katã [fia Yesu] le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me; eye Abosam gblɔ nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò.”’ (Luka 4:5, 6) Yesu mate ŋu akpɔ fiaɖuƒewo katã ŋutɔŋutɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka me o, gake Satana susui be fiaɖuƒe mawo ƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖe fia Yesu le ŋutega me ana woadzroe. Satana gblɔ ŋumakpetɔe be: “Ne ède ta agu nam la, wo katã anye tɔwò.” (Luka 4:7) Yesu medi be yeazu ame si ƒomevi Satana di be yeanye la le mɔ aɖeke nu o. Eɖo nya ŋu enumake be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’”Luka 4:8.

‘AME ƑE NUNƆAMESIWO TSƆTSƆ ƑO ADEGBEE’

11. Alekee Satana ble Xawa?

11 Esi Yohanes nɔ nu ƒom tso nu siwo le xexea me ŋu la, ehe susu yi ‘ame ƒe nunɔamesiwo tsɔtsɔ ƒo adegbee’ hã dzi. Esime Adam kple Xawa ɖeɖe nɔ anyigba dzi la, womate ŋu ‘atsɔ woƒe nunɔamesiwo aƒo adegbe’ le ame aɖeke ŋkume o. Gake woɖe dadagbɔgbɔ fia. Esi Satana nɔ Xawa tem kpɔ la, nya siwo wògblɔ la ɖee fia be  Mawu le nu nyui aɖe tem eyama. Abosam gblɔ nɛ be gbe si gbe wòaɖu “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃” ƒe ɖe la, ‘anɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’ (1 Mose 2:17; 3:5) Satana to esia me nɔ gbɔgblɔm be Xawa ate ŋu anɔ eɖokui si Yehowa ƒe mɔfiafia manɔmee. Edze ƒãa be dada ye na wòxɔ alakpanya ma dzi se. Eɖu ati si ŋu wode se ɖo la hexɔe se be yemaku o. Aleke gbegbe wòda ƒue nye esi!

12. Mɔ bubu ka dzie Satana to be yeate Yesu kpɔ, eye aleke Yesu wɔ nui?

12 Gake Yesu ya mewɔ nu abe Xawa ene kura o; eɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi. Satana to mɔ bubu dzi te Yesu kpɔ be wòawɔ nu wɔnuku aɖe si ahe amewo ƒe susu ava edzi, si ana wòate Mawu akpɔ. Gake Yesu gbe, elabena ema anye ɖokuidodoɖedzi! Yesu ɖo nya ŋu kã eme kɔ be: “Wogblɔ be, ‘Mele be nàte Yehowa wò Mawu kpɔ o.’”Mixlẽ Luka 4:9-12.

ALEKE MÍAWƆ AKPƆ MÍA KPLE YEHOWA DOME ƑOMEDODOA TA?

13, 14. Ðe ale si Satana zãa ameblemɔnu aɖewo egbea la me.

13 Egbea Satana zãa ameblemɔnu siwo sɔ kple esiwo wòzã tsɔ te Xawa kple Yesu kpɔ. Abosam zãa “ŋutilã ƒe nudzodzro” tsɔ tea amewo kpɔ be woaƒo wo ɖokui ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ, nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono me. Egawɔa “ŋkuwo ƒe nudzodzro” hã ŋu dɔ tsɔ léa ame siwo mele ŋudzɔ o la be woakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo, vevietɔ le Internet dzi. Eye tetekpɔ ka gbegbe nye esi ŋutilãmenudidi, ɖoƒe gã didi kple ŋkɔxɔxɔ nyena na dadalawo kple ame siwo dina be ‘yewoatsɔ yewoƒe nunɔamesiwo aƒo adegbee’!

Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe wòle be wòava susu me na wò le nɔnɔme siawo me? (Kpɔ memama 13, 14)

14 “Nu siwo le xexea me” le abe nudeƒenu si ƒudalawo zãna tsɔ ɖea tɔmelãwo ene. Nu si wode ƒua (alo akpoŋ la) nu adzro tɔmelã la, gake ne emii la, ƒua aku veme nɛ godoo. Satana zãa nu siwo amewo buna be wonye gbe sia gbe nuhiahiãwo tsɔ blea wo wowɔa nu siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu. Gake ɖe Satana trɔ asi le tetekpɔ siawo siwo medzena gaglã o ŋu be yeana míaxɔe ase be míaƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple míaƒe dzidzemekpɔkpɔ le vevie wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Ðe eƒe mɔ̃ siawo aɖe wòa?

15. Aleke míawɔ aɖu Satana ƒe tetekpɔwo dzi dzidzedzetɔe abe Yesu ene?

15 Togbɔ be Xawa na ta le Satana ƒe tetekpɔawo me hã la, Yesu ya ɖu wo dzi  dzidzedzetɔe. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo nya ŋu be: “Woŋlɔ ɖi be” alo, “Wogblɔ be.” Ne míesrɔ̃a Biblia veviedodotɔe la, míanya Ŋɔŋlɔawo nyuie, eye míate ŋu aɖo ŋku mawunyakpukpui siwo akpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu nyuie ne tetekpɔwo dze ŋgɔ mí la dzi. (Ps. 1:1, 2) Ne míeɖoa ŋku ame siwo ɖo nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, esia ana míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. (Rom. 15:4) Yehowa vɔvɔ̃ vavãtɔ, si fia be míalɔ̃ nu siwo wòlɔ̃na ahalé fu nu siwo wòlé fui, akpɔ mía ta.Ps. 97:10.

16, 17. Ŋusẽ kae míaƒe “tamebubu ŋutete” ate ŋu akpɔ ɖe ame siwo ƒomevi míenye dzi?

16 Apostolo Paulo de dzi ƒo na mí be míazã míaƒe “tamebubu ŋutete” ale be míanye ame siwo ƒomevi Mawu di be míanye, ke menye be míanɔ agbe ɖe xexe sia ƒe nɔnɔme nu o. (Rom. 12:1, 2) Esi Paulo nɔ gbe tem ɖe ale si wòle vevie be míakpɔ ŋusẽ blibo ɖe nu siwo míeɖea mɔ wogena ɖe míaƒe susu me dzi la, egblɔ be: “Míele tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si tsia tsitre ɖe Mawu ŋuti sidzedze ŋu la mum ƒu anyi; eye míele aboyo ɖem tamesusu ɖe sia ɖe be míana wòaɖo to Kristo la.” (2 Kor. 10:5) Nu siwo ŋu míebuna kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame si ƒomevi míenye dzi, eya ta ehiã be ‘míanɔ nu tuameɖowo ŋu bum.’Flp. 4:8.

17 Míate ŋu anɔ kɔkɔe nenye be míeɖe mɔ nu makɔmakɔwo xɔ susu kple dzi me na mí o. Ele be míalɔ̃ Yehowa tso “dzi dzadzɛ” me. (1 Tim. 1:5) Gake alakpatɔe dzi la nye, eye ɖewohĩ míawo ŋutɔwo míanya ale si gbegbe “nu siwo le xexea me” la le nu gblẽm le mía ŋu o. (Yer. 17:9) Eya ta ɖe mele be míanɔ te ɖe nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me dzi anɔ ‘mía ɖokui me dzrom kpɔ be míele xɔse la me hã, eye míanɔ ame siwo míawo ŋutɔwo míenye la dom kpɔ’ anukwaretɔe oa?2 Kor. 13:5.

18, 19. Nu ka tae wòle be míaɖoe kplikpaa be míanye ame siwo ƒomevi Yehowa di be míanye?

18 Nu bubu si hã akpe ɖe mía ŋu be míaɖu “nu siwo le xexea me” ƒe tetekpɔwo dzie nye be míana nya siwo gbɔgbɔ ʋã Yohanes wòŋlɔ la nanɔ susu me na mí be: “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.” (1 Yoh. 2:17) Edzena abe ɖe Satana ƒe nuɖoanyia li ke eye wòanɔ anyi tegbee ene. Gake amu gbe ɖeka gbloo! Naneke mele Satana ƒe xexe sia me si anɔ anyi ɖaa o. Ŋkuɖoɖo esia dzi akpe ɖe mía ŋu be Abosam ƒe ameblenuwo nagaflu mí o.

19 Apostolo Petro xlɔ̃ nu mí be míanye ame siwo ƒomevi ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo esi ‘míele lalam eye míaƒe susu le Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie, esime woatsrɔ̃ dziƒowo le dzo me, eye wo me nuwo alólo le dzoxɔxɔ gbãgbãgbã me.’ (2 Pet. 3:12) Eteƒe magadidi kura o, ŋkeke ma aɖo, eye Yehowa atsrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe akpa sia akpa keŋkeŋ. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, Satana ayi edzi anɔ “nu siwo le xexea me” zãm atsɔ anɔ mía tem kpɔ abe ale si wòte Xawa kple Yesu kpɔe ene. Mele be míawɔ nu abe Xawa ene ahadi be míaɖi kɔ na míaƒe dzodzrowo o. Ema wɔwɔ afia be míelɔ̃ ɖe edzi be Satanae nye míaƒe mawu. Ele be míanɔ abe Yesu ene, eye míatsi tre ɖe ameblemɔnu mawo ŋu, aleke gbegbee wotrɔ asi le wo ŋu be woabiã ŋu na ame ahadzro amee o. Neva eme be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖoe kplikpaa be yeanye ame si ƒomevi Yehowa di be míanye!