Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Minɔ Mia Nɔewo Ŋu Bum Eye Miado Ŋusẽ Mia Nɔewo

Minɔ Mia Nɔewo Ŋu Bum Eye Miado Ŋusẽ Mia Nɔewo

“Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.”HEB. 10:24.

1, 2. Nu kae kpe ɖe Yehowa Ðasefo 230 ŋu wotsi agbe le kuzɔlia me le Xexemeʋa II lia ƒe nuwuwu?

ESI Nazi dziɖuɖua mu le Xexemeʋa II lia ƒe nuwuwu la, Nazitɔwo ɖe gbe be woabu mo na ame akpe geɖe siwo kpɔtɔ nɔ woƒe fuwɔamegaxɔwo me. Woɖoe be woakplɔ gamenɔla siwo nɔ Sachsenhausen fuwɔamesaɖaa me ayi melidzeƒewo ale be yewoade wo meliwo me aɖanyrɔ wo ɖe atsiaƒu me. Nu siwo Nazitɔwo ɖo be yewoawɔ la dometɔ ɖekae nye esia, si wova yɔ emegbe be kuzɔli la.

2 Woɖe gbe na gamenɔla siwo nɔ Sachsenhausen fuwɔamesaɖaa me la dometɔ 33,000 be woazɔ afɔ kilometa 250 sɔŋ ayi Lübeck, si nye ƒutadu le Germany. Yehowa Ðasefo 230 siwo tso dukɔ ade me hã nɔ gamenɔla siawo dome, eye asrafoawo ɖe gbe na wo be woazɔ ɖe du. Dɔwuame kple dɔléle na gamenɔlawo katã gbɔdzɔ. Aleke mía nɔvi siawo wɔ tsi agbe le kuzɔli ma me? Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míenɔa dzi dem ƒo na mía nɔviwo be woagana ta o.” “Ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” si tso Mawu gbɔ kple lɔlɔ̃ si woɖe fia wo nɔewo kpe ɖe wo ŋu wotsi agbe le nɔnɔme sesẽ ma me.2 Kor. 4:7.

3. Nu ka tae wòhiã be míade dzi ƒo na mía nɔewo?

3 Egbea míele kuzɔli ma tɔgbi zɔm o, gake míedoa go kuxi geɖewo. Esi Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me la, wonya Satana le dziƒo hetsɔe ƒu gbe ɖe anyigba dzi, “eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.” (Nyaɖ. 12:7-9, 12) Esi xexe sia le Harmagedon gogom la, Satana le dodokpɔwo kple nyaƒoɖeamenuwo zãm be yeana míagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, gbe sia gbe kuxiwo hã nana nu tia kɔ na mí. (Hiob 14:1; Nyagb. 2:23) Ɣeaɖewoɣi míaƒe kuxiwo tea ŋu tsiãna ɖe enu, eye nu tea mía ŋu ale gbegbe be agbagba ka kee míeɖadze o, dzi ɖena le mía ƒo. Bu nɔviŋutsu aɖe si do ŋusẽ  nɔvi gbogbo aɖewo le gbɔgbɔ me ƒe geɖe la ŋu kpɔ. Le eƒe tsitsime la, lãmegbegblẽ va nɔ fu ɖem na eya kple srɔ̃a eye dzi ɖe le eƒo vevie. Abe nɔviŋutsu ma ene la, mí katã míehiã “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” si Yehowa nana kple mía nɔviwo ƒe dzideƒoname.

4. Hafi míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔviwo la, apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòle be míawɔ ɖo?

4 Hafi míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔviwo la, ele be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo na Hebri Kristotɔwo dzi. Egblɔ be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom ta.” (Heb. 10:24, 25) Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo vevi siawo dzi?

‘MINƆ MIA NƆEWO ŊU BUM’

5. Nu kae wòfia be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum,” eye nu kae esia bia tso mía si?

5 Be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum” fia be míanɔ ŋugble dem le mía nɔewo ƒe nuhiahiãwo ŋu. Ðe míate ŋu anya mía nɔviwo ƒe nuhiahiãwo nenye be gbe koe míedona na wo le Fiaɖuƒe Akpataa me ko toa wo ŋu, alo ne nya siwo mele vevie o ŋue míeɖoa dze tsoea? Kura o. Ele eme be ele be míaɖɔ ŋu ɖo be ‘míakpɔ míawo ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔ,’ ke menye be ‘míanɔ nu dem ame bubuwo ƒe nyawo me o’ ya. (1 Tes. 4:11; 1 Tim. 5:13) Ke hã, hafi míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔviwo la, ele be míanya wo nyuie—nu siwo me tom wole le agbe me, woƒe nɔnɔmewo, agbagba siwo dzem wole le mawusubɔsubɔ me, nu siwo wowɔna nyuie, kple nu siwo me wogbɔdzɔ le. Ehiã be woakpɔe be míenye xɔlɔ̃ vavãwo na yewo eye woaka ɖe edzi be míelɔ̃ yewo vevie. Esia bia be míakpɔ vovo ɖe wo ŋu—menye ɣeyiɣi siwo me wole kuxiwo me tom alo dzi ɖe le wo ƒo ko o, ke ɣesiaɣi.Rom. 12:13.

6. Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woanɔ ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la ‘ŋu bum’?

6 Wode dzi ƒo na hamemetsitsiwo be ‘woakplɔ Mawu ƒe alẽha si le woƒe dzikpɔkpɔ te la,’ eye woawɔ esia tso dzi me faa. (1 Pet. 5:1-3) Aleke woate ŋu awɔ alẽkpɔkplɔdɔ sia nyuie nenye be womenya alẽ siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la nyuie o? (Mixlẽ Lododowo 27:23.) Ne hamemetsitsiwo kpɔa vovo ɖe woƒe haxɔsetɔwo ŋu eye wo gbɔ nɔnɔ vivia wo nu la, ekema anɔ bɔbɔe na nɔviawo be woabia woƒe kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi si wòhiã. Nɔviawo alɔ̃ faa be agblɔ woƒe dzimenyawo kple dzimaɖitsitsiwo na hamemetsitsiwo, eye hamemetsitsiawo hã ate ŋu anɔ ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ‘ŋu bum’ ahana kpekpeɖeŋu si hiã la wo.

7. Aleke wòle be míabu ame siwo ƒo dzi ɖe le la ƒe ‘nya tatrawoe’?

7 Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na hame si nɔ Tesalonika la, egblɔ be: “Mikpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu.” (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:14.) Le mɔ aɖe nu la, “luʋɔ siwo lé blanui” la nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye nenema kee wòle le ame siwo ƒo dzi ɖe le hã gome. Lododowo 24:10 gblɔ be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Ame si ƒo dzi ɖe le vevie la ƒe ‘nyawo ate ŋu anɔ mɔ tram.’ (Hiob 6:2, 3) Ne míele ame siawo ‘ŋu bum’ la, ele be wòanɔ susu me na mí be woƒe nɔnɔmea ate ŋu ana woagblɔ nya si menye eya tututue woɖo be yewoagblɔ o. Nɔvinyɔnu si ŋkɔe nye Rachelle va kpɔ esia dze sii esi blanuiléledɔ nɔ fu ɖem na dadaa vevie. Rachelle gblɔ be: “Zi geɖe la, Dada gblɔa nya tɔamewo. Le ɣeyiɣi mawo me la, medzea agbagba be maɖo ŋku ame si tututu Dada nye la dzi na ɖokuinye—elɔ̃a ame, efa tu, eye wònyoa dɔme. Meva srɔ̃e be ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na tea ŋu gblɔa nya si womeɖo be woagblɔ hafi o. Ne èwɔ wɔɖenui la, ɖeko esia ana  woagalé blanui ɖe edzi.” Lododowo 19:11 gblɔ be: “Ame si gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.”

8. Ame kawo koŋ ye wòle be ‘míaɖee afia’ be míelɔ̃ wo, eye nu ka tae?

8 Ne nu vɔ̃ si nɔvi aɖe wɔ va yi na ŋu gale ekpem ale be dzi ɖe le eƒo togbɔ be eɖe afɔ siwo hiã tsɔ ɖɔ nuwo ɖo xoxo hã la, aleke míate ŋu aɖee afia be ‘míele eŋu bum’? Paulo ŋlɔ ku ɖe nu vɔ̃ wɔla trɔdzime aɖe si nɔ Korinto la ŋu be: “Miatsɔe akee faa, eye miafa akɔ nɛ, bene nuxaxa akpa nagami ame sia le mɔ aɖe nu o. Eya ta mele nu xlɔ̃m mi be, miaɖee afiae be mielɔ̃e.” (2 Kor. 2:7, 8) Míate ŋu asusui ko be amea nya be míelɔ̃ ye hetsɔ ɖe le eme na ye o. Ele be wòakpɔ esia ƒe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ le míaƒe nɔnɔme kple nuwɔna me.

‘MIDO ŊUSẼ MIA NƆEWO HENA LƆLƆ̃ KPLE DƆ NYUIWO WƆWƆ’

9. Nu kae wòfia be “míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ”?

9 Paulo ŋlɔ bena: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.” Ele be míado ŋusẽ haxɔsetɔwo be woayi edzi aɖe lɔlɔ̃ afia ahayi dɔ nyuiwo wɔwɔ dzi. Ne nekedzo yina tsitsi ge la, ahiã be woatui ɖo ahagbɔ dzoa. (2 Tim. 1:6) Nenema kee míate ŋu atu mía nɔviwo ɖo lɔlɔ̃tɔe be woayi edzi aɖe lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu kple wo haviwo afia. Hafi míate ŋu ado ŋusẽ mía nɔviwo hena dɔ nyuiwo wɔwɔ la, ele vevie be míanɔ wo kafum.

De gbeadzi kple ame bubuwo

10, 11. (a) Ame kawoe hiã kafukafu le mía dome? (b) Gblɔ ale si kafukafu ate ŋu akpe ɖe ame si “ɖe afɔ baɖa” ŋu ƒe kpɔɖeŋu.

10 Mí katã míehiã kafukafu, menye le ɣeyiɣi siwo me dzi ɖe le mía ƒo ko o. Hamemetsitsi aɖe gblɔ be: “Fofonye megblɔ nam kpɔ gbeɖe be mewɔ nane nyuie o. Eya ta esi metsi la, mesenɛ le ɖokuinye me be nyemate ŋu awɔ neneke nyuie o. . . . Togbɔ be mexɔ ƒe 50 fifia hã la, edzɔa dzi nam vevie ne xɔ̃nyewo kafum be mele dɔ wɔm nyuie abe ale si dze hamemetsitsiwo ene. . . . Nu si me nye ŋutɔ meto na meva kpɔ vevienyenye si le amewo kafukafu ŋu, eya ta mekafua nɔviawo ɣesiaɣi.”  Kafukafunyawo ate ŋu ade dzo mí katã me—mɔɖelawo, ame tsitsiwo kple ame siwo ƒo dzi ɖe le.Rom. 12:10.

11 Ne ‘ame siwo dze le gbɔgbɔ me la le agbagba dzem be yewoaɖɔ ame si ɖe afɔ baɖa ɖo’ la, nuxlɔ̃ame si woana amea le lɔlɔ̃ me kple ekafukafu ale si dze ate ŋu aʋã nu gbegblẽ wɔlaa be wòagatrɔ ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu. (Gal. 6:1) Edzɔ alea le nɔvinyɔnu Miriam gome. Egblɔ be: “Meto ɣeyiɣi sesẽwo me esime xɔ̃nye vevi aɖewo do le nyateƒea me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, dɔléle aɖe na ʋu ɖuɖu ɖe ahɔhɔ̃ me na fofonye. Melé blanui vevie. Be mate ŋu anɔ te ɖe blanuilélea nu la, meva nɔ zɔzɔm kple xexe me ɖekakpui aɖe.” Nɔvinyɔnu sia va se le eɖokui me be Yehowa magate ŋu alɔ̃ ye o, eye wòɖoe be yeado le nyateƒea me. Esi hamemetsitsi aɖe ɖo ŋku ale si wòsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe dzi nɛ la, esia wɔ dɔ ɖe edzi. Hamemetsitsiawo ka ɖe edzi nɛ be Yehowa lɔ̃e kokoko. Esia na eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nu gasẽ ɖe edzi. Edzudzɔ hadede kple dzimaxɔsetɔa eye wòyi edzi le Yehowa subɔm.

Mido ŋusẽ mia nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ

12. Nya kae míate ŋu agblɔ tso ŋukpedoame, nyaheɖeameŋu, alo fɔbubu ame be wòaʋãe ŋu?

12 Mele be míado ŋukpe nɔvi aɖe, atsɔe anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo, anɔ nya hem ɖe eŋu le esi meɖo míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenu aɖewo gbɔ o ta, alo ana wòanɔ fɔ bum eɖokui o. Esia wɔwɔ ate ŋu aʋãe wòatsɔ dzo ɖe dɔ ŋu ya, gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòawɔ esia. Le go bubu me la, ne míekafu haxɔsetɔ la eye míekpe ɖe eŋu wòkpɔe be lɔlɔ̃ si le esi na Mawu ye wòle be wòaʋãe wòawɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe le subɔsubɔdɔa me la, esia akpɔ ŋusẽ nyui ɖe edzi eteƒe nadidi.Mixlẽ Filipitɔwo 2:1-4.

‘MINƆ DZI DEM ƑO NA MIA NƆEWO’

13. Nu kae dzidede ƒo na mía nɔewo bia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

13 Ehiã be ‘míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi míekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom.’ Be míade dzi ƒo na mía nɔewo bia be míade dzo mía nɔviwo me be woayi ŋgɔ le subɔsubɔdɔ si wɔm wole na Mawu me. Abe ale si ko míate ŋu atsɔ ŋusẽdodo mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ asɔ kple ale si woatu nakedzo si le tsitsim ɖo ene la, nenema kee míate ŋu atsɔ dzidede ƒo na mía nɔewo asɔ kple ale si woagade nake bubuwo dzoa me be dzoa nabi nyuie alo enu nasẽ ɖe edzi. Dzidede ƒo na mía nɔewo bia be míado ŋusẽ mía nɔvi siwo ƒo dzi ɖe le eye míafa akɔ na wo. Ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míade dzi ƒo na mía nɔvi mawo la, ele be míaƒo nu le lɔlɔ̃ kple tufafa me. (Lod. 12:18) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mina ‘míaɖe abla le nusese me, eye míanɔ blewu le nuƒoƒo me.’ (Yak. 1:19) Ne míeɖoa to veveseɖeamenutɔe la, míate ŋu ade dzesi nɔnɔme siwo na be dzi ɖe le hati Kristotɔ aɖe ƒo ale be míate ŋu agblɔ nya si akpe ɖe eŋu wòado dzi.

Se vivi le hadede tuameɖowo me

14. Aleke wokpe ɖe nɔviŋutsu aɖe si ƒo dzi ɖe le ŋui?

 14 Bu ale si hamemetsitsi seveveɖeamenu aɖe wɔ te ŋu kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe si dzudzɔ gbeadzidede ƒe geɖe la ŋu kpɔ. Esi hamemetsitsia nɔ to ɖomee la, eva dze ƒãa be nɔviŋutsua galɔ̃ Yehowa vevie kokoko. Esrɔ̃a Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖe sia ɖe veviedodotɔe eye wòle agbagba dzem be yeade kpekpeawo edziedzi. Ke hã hamea me tɔ aɖewo ƒe nuwɔna ɖe dzi le eƒo eye wòdo dziku. Hamemetsitsia ɖo to veveseɖeamenutɔe evɔ mebu fɔe o, eye wòɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme fia nɔviŋutsua kple eƒe ƒomea. Vivivi la, nɔviŋutsua va kpɔe be yeɖe mɔ nu siwo me yeto va yi le mɔ xem na ye be yemete ŋu le Mawu si yelɔ̃ vevie la subɔm o. Hamemetsitsia kpe nɔvia be ye kplii yewoazɔ le gbeadzi. To hamemetsitsia ƒe kpekpeɖeŋu me la, nɔviŋutsua gadze subɔsubɔdɔa gɔme eye mlɔeba wògadze hezu hamemetsitsi.

Ðo to ame si hiã dzideƒoname la dzigbɔɖitɔe (Kpɔ memama 14, 15)

15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ le dzidede ƒo na ame siwo ƒe dzi gbã ŋu?

15 Ate ŋu adzɔ be dzi maɖo ame si ƒo dzi ɖe le la ƒo enumake o, alo maxɔ kpekpeɖeŋu si míenae la kaba o. Ahiã be míayi edzi anɔ alɔ domee. Paulo gblɔ be: “Miyi edzi mialé gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ɖe te, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.” (1 Tes. 5:14, An American Translation) Migana ɖeɖi nate mía ŋu kaba le kpekpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu me o, ke boŋ mina ‘míayi edzi alé wo ɖe te,’ eye míayi edzi anɔ ŋusẽ dom wo. Le blema la, Yehowa gbɔ dzi ɖi na esubɔla siwo ƒo dzi ɖe le ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gbɔ dzi ɖi na Eliya eye wòbu eƒe seselelãme ŋu. Yehowa na nu siwo katã nyagblɔɖilaa hiã be wòate ŋu ayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi lae. (1 Fia. 19:1-18) Nenema ke esi David trɔ dzi me vavã ta la, Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee dɔmenyotɔe. (Ps. 51:9, 19) Mawu kpe ɖe Psalmo 73 lia ŋlɔla hã ŋu esi wòsusɔ vie wòdzudzɔ Mawu subɔsubɔ. (Ps. 73:13, 16, 17) Yehowa vea mía nu henyoa dɔme na mí, vevietɔ ne míaƒe dzi gbã eye dzi ɖe le mía ƒo. (2 Mose 34:6) “Eƒe nublanuikpɔkpɔ mese ɖo o; ke boŋ ele yeye ŋdi sia ŋdi.” (Kony. 3:22, 23) Yehowa kpɔa mɔ be míasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋua ahawɔ nu ɖe blanuilélawo ŋu lɔlɔ̃tɔe.

MIDE DZI ƑO NA MIA NƆEWO BE MIANƆ AGBEMƆ LA DZI

16, 17. Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ, eye nu ka tae?

16 Gamenɔla 33,000 siwo wokplɔ tso Sachsenhausen fuwɔamegaxɔa me dometɔ akpe geɖe ku le mɔa dzi. Gake Yehowa Ðasefo 230 siwo nɔ wo dome la dometɔ ɖe sia ɖe tsi agbe togbɔ be woto nɔnɔme sesẽ mawo ke me hã. Ale si wodo ŋusẽ wo nɔewo hena kpekpeɖeŋu wo nɔewo la wɔ akpa vevi aɖe be kuzɔli ma zu agbetsitsizɔli le wo gome.

17 Egbea míele “mɔ si kplɔa ame yia agbe me la” dzi. (Mat. 7:14) Eteƒe madidi o, Yehowa subɔlawo katã azɔ aduadu age ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea me. (2 Pet. 3:13) Mina míaɖoe kplikpaa be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu le mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi zɔzɔ me.