GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2013

Aleke míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe dzigbɔɖi ŋu esi míele ɣeyiɣi si Yehowa atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia lalam? Aleke Yehowa kple Yesu le woƒe alẽwo kplɔm le anyigba dzi egbea?

“Minɔ Ŋudzɔ Hena Gbedodoɖa”

Nu ka tae wòle be Kristotɔ vavãwo nanɔ gbedodoɖa dzi? Ame kawoe míaƒe gbedodoɖawo ɖea vi na?

Ale Si Míakpe Asi Ðe Mía Nɔviwo Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ Ŋu

Kpɔ ale si nàte ŋu adzɔ nu atsɔ ado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa be woakpɔ amewo ƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ.

Nu Kae Ana Míayi Edzi ‘Anɔ Mawu Sinu Kpɔm’?

Nudzɔdzɔ kawoe aɖee afia be míeɖo ɣeyiɣi si lalam míele be Yehowa natsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu? Aleke míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe dzigbɔɖi ŋu?

AGBEMEŊUTINYA

Mawu Subɔsubɔ Ye Nye Eƒe Atike!

Wodzi Onesmus kple lãmeƒu masemasẽ dɔ, alo lãmeƒu siwo ŋena bɔbɔe ƒe dɔléle. Aleke Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me de dzi ƒo nɛ?

Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?

Aleke Xizkiya, Yesaya, Mixa kple Yerusalem-megãwo nye lãkplɔvi nyuiwo le blema? Ame kawoe lãkplɔvi adre kple amegã enyiawo tsi tre ɖi na egbea?

Ðo To Alẽkplɔla Siwo Yehowa Ðo

Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo Kristotɔ dzikpɔlawo be woakplɔ Mawu ƒe hame la. Nu ka tae wòle be míaɖo to wo?

Alẽkplɔlawo, Misrɔ̃ Alẽkplɔla Gãtɔwo

Ne hamea me tɔ aɖe do go kuxi sesẽ la, kpekpeɖeŋu kae hamemetsitsiwo ate ŋu anae? Aleke hamemetsitsiwo srɔ̃a Alẽkplɔla gãtɔwo, siwo nye Yehowa kple Yesu Kristo?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Menɔ Abe Klo Si Meyia Nugbe Gblẽa Eƒe Go Ði O Ene”

Le ƒe 1929 ƒe nuwuwu lɔƒo la, ganyawo tɔtɔ le xexea me; woyɔe be Ganyawo Ƒe Toyiyi Gãtɔ. Aleke ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo wɔ te ŋu nɔ te ɖe enu?