Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ame kae nye Gog si tso Magog si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe agbalẽa me?
Le ƒe geɖe siwo va yi me la, míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be ŋkɔ Gog si tso Magog le tsitre ɖi na Satana tso esime wonyae ɖa le dziƒo. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabena Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be Satana koŋue le ŋgɔ wole Mawu ƒe amewo dzi dzem le xexea me godoo. (Nyaɖeɖefia 12:1-17) Eya ta tsã la, míese egɔme be Gog nye ŋkɔ bubu si woyɔ na Satana.
Gake numeɖeɖe ma fɔ nya aɖewo ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, bu nya sia ŋu kpɔ: Esi Yehowa nɔ nu ƒom tso Gog ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu la, egblɔ be yeatsɔ Gog “ana xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbemelãwo woaɖu.” (Ezekiel 39:4) Eye Yehowa gblɔ kpee be: “Gbe ma gbe la, mana ɖiƒe Gog le Israel.” (Ezekiel 39:11) Gake aleke xe ƒonuwo kple gbemelãwo awɔ aɖu Satana si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si ŋku mekpɔna o la? Eye aleke woawɔ aɖii ɖe anyigba dzi? Biblia na eme kɔ ƒãa be woatsɔ Satana aƒu gbe ɖe aʋli me ƒe 1,000. Esia fia be xewo kple gbemelãwo maɖu Satana o, eye womaɖii hã o.
Biblia gblɔ be le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu la, woaɖe Satana le aʋli la me, eye “wòayi aɖaflu dukɔ siwo le anyigba la ƒe dzogoe eneawo dzi, siwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 20:8) Gake ne Satana kee nye Gog la, ke esia afia be Satana ŋutɔ aflu eɖokui. Eya ta menye Satana ye woyɔ le Ezekiel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me be “Gog” o.
Ekema ame kae nye Gog si tso Magog? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ahiã be míadii le Biblia me akpɔe ɖa be ame kae adze Mawu ƒe amewo dzi le etsɔme mahã. Biblia ƒo nu tso ‘Gog si tso Magog’ ƒe amedzidzedze, “dziehefia” ƒe amedzidzedze kple “anyigbadzifiawo” ƒe amedzidzedze ŋu. (Ezekiel 38:2, 10-13; Daniel 11:40, 44, 45; Nyaɖeɖefia 17:14; 19:19) Amedzidzedze vovovowoe wonyea? Naneke meɖee fia nenema o. Edze abe ɖe Biblia zã ŋkɔ vovovowo tsɔ ƒo nu tso amedzidzedze ɖeka ma ke ŋu ene. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabena Biblia na míenya be anyigba dzi dukɔwo katã akpɔ gome le amedzidzedze mamlɛ sia si ahe Armagedon-ʋa vɛ la me.
Ne míetsɔ Biblia ƒe kpukpui siwo katã ku ɖe Mawu ƒe amewo dzi dzedze mamlɛtɔ ŋu sɔ kple wo nɔewo la, ena eme kɔ ƒãa be Gog si tso Magog mele tsitre ɖi na Satana o. Ke boŋ Gog si tso Magog le tsitre ɖi na dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo. Ðe wònye be “dziehefia” lae anɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒo sia? Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Gake edze abe numeɖeɖe sia wɔ ɖeka kple nya si Yehowa gblɔ tso Gog ŋu ene be: “Àtso nɔwòƒe le keke dziehe ke ava, eye dukɔ geɖe anɔ ŋuwò, wo katã woanɔ sɔ dzi, woanye ameha gã aɖe, ɛ̃, woanye aʋakɔ gã nyadri.”
Nyagblɔɖila Daniel, si nɔ anyi le Ezekiel ŋɔli, hã gblɔ tso dziehefia la ŋu be: “Ke ase nya tso ɣedzeƒe kple dziehe wòaɖe fu nɛ, eye wòaho kple dziku gã be yeagblẽ ame geɖewo ahatsrɔ̃ wo. Atu eƒe fiagbadɔwo ɖe ƒu gã la kple Atsyɔ̃to kɔkɔe la dome; ke eƒe nuwuwu ava, eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.” (Daniel 11:44, 45) Esia wɔ ɖeka kple nya si Ezekiel ƒe agbalẽa gblɔ tso nu si Gog awɔ ŋu.
Nu kae adzɔ le amedzidzedze mamlɛa yome? Daniel gblɔ na mí be: “Ɣemaɣi la, Mikael [Yesu Kristo], amegã si le mia deviwo nu [tso ƒe 1914 me] la ado [le Armagedon me]. Xaxaɣi [alo, xaxa gã] si tɔgbi meva kpɔ tso esime dukɔwo li va se ɖe ɣemaɣi o la ava. Woaxɔ na wò dukɔ ɣemaɣi, woaxɔ na ame sia ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbalẽ la me.” (Daniel 12:1) Alea tɔgbie woƒo nu tso nu si Yesu awɔ hã ŋu le Nyaɖeɖefia 19:11-21.
Ke ame kae nye “Gog kple Magog” si woyɔ le Nyaɖeɖefia 20:8 la? Ŋkɔ sia le tsitre ɖi na ame siwo katã adze aglã ɖe Yehowa ŋu ahadze eƒe amewo dzi le dodokpɔ mamlɛtɔ me le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu. Woawo hã alé fu Mawu ƒe amewo abe ale si tututu Gog si tso Magog, si nye dukɔ siwo ƒo ƒu hetso ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le xaxa gã la ƒe nuwuwu la, wɔe ene. Eye woatsrɔ̃ Gog kple Magog hã abe ale si ko woatsrɔ̃ dukɔ mawo le Armagedon me ene. (Nyaɖeɖefia 19:20, 21; 20:9) Eya ta edze abe esɔ be woayɔ ame siwo katã adze aglã le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu be “Gog kple Magog” ene.
Mí ame siwo doa vevie nu le Biblia sɔsrɔ̃ me míedi vevie be míanya ame si ava nye “dziehefia” la le ɣeyiɣi siwo gbɔna me. Gake ame ka kee anɔ ŋgɔ na dukɔwo be woadze Mawu ƒe amewo dzi le etsɔme o, míawo ya míeka ɖe nu eve siawo dzi: (1) Woaɖu Gog si tso Magog kple eƒe aʋakɔwo dzi atsrɔ̃ wo gbidii. (2) Míaƒe Fia Yesu Kristo axɔ na mí Mawu ƒe amewo eye wòakplɔ mí age ɖe xexe yeye si me ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ le la me.