Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Míayi Edzi Anɔ Agbe Dzadzɛ

Mina Míayi Edzi Anɔ Agbe Dzadzɛ

“Miklɔ miaƒe asiwo, . . . eye mikɔ miaƒe dziwo ŋu.”—YAKOBO 4:8.

1. Nu kae ame geɖewo bu be megblẽ naneke o?

XEXE gbegblẽ aɖe mee míele. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe susu be menye nu gbegblẽ be ŋutsu nadɔ ŋutsu gbɔ alo be ame nadɔ kple ame si menye srɔ̃a o. Gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo bɔ ɖe videowo, filmwo, sinimawo, agbalẽwo, hadzidziwo kple boblododowo me. (Psalmo 12:8) Gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si dzea eŋu. Míate ŋu anɔ agbe dzadzɛ alo anɔ kɔkɔe le xexe sia si ƒe agbenɔnɔ ƒaƒã la gɔ̃ hã me.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:3-5.

2, 3. (a) Nu ka tae wòle be míaɖe dzodzro vɔ̃wo ɖa le mía me? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míatsri nu sia nu si wòlé fui. Gake esi míede blibo o ta la, agbe gbegblẽ nɔnɔ ate ŋu ahe mí abe ale si nudeƒenu (nu si wode akpoŋ nu) hea tɔmelãwoe ene. Ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro aɖe nyɔ ɖe mía me la, ele be míaɖee le susu me enumake. Ne menye nenema o la, dzodzro vɔ̃ ma nu asẽ ale gbegbe be ne mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na mí la, míawɔ nu vɔ̃. Ðeko wòle abe ale si Biblia ŋutɔ gblɔe ene be: “Ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.”—Xlẽ Yakobo 1:14, 15.

3 Dzodzro vɔ̃ ate ŋu anɔ tsitsim le míaƒe dzi me. Ema tae wòle be míakpɔ nyuie le nu siwo míeɖea mɔ wodzroa mí la ŋu. Ne míeɖea dzodzro vɔ̃wo ɖa le mía me la, ana míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu kple emetsonu wɔnublanuiwo. (Galatiatɔwo 5:16) Le nyati sia me la, míadzro nu etɔ̃ siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo me; woawoe nye: ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome, aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nya la me kple kpekpeɖeŋu si Kristotɔ tsitsiwo nana mí.

“MITE ÐE MAWU ŊU”

4. Nu ka tae wòle vevie be míate ɖe Yehowa ŋu?

4 Biblia gblɔ na ame siwo di be ‘yewoate ɖe Mawu ŋu’ la be: “Miklɔ miaƒe asiwo” eye “mikɔ miaƒe dziwo ŋu.” (Yakobo 4:8) Ne Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ vevi la, menye míaƒe nuwɔnawo koe míedina be wòadze eŋu o, ke míedina be míaƒe tamesusuwo hã nadze eŋu. Ne míaƒe tamesusuwo dza hele kɔkɔe la, míaƒe dzi me hã akɔ. (Psalmo 24:3, 4; 51:6; Filipitɔwo 4:8) Yehowa nyae be míede blibo o eye míate ŋu ava nɔ nu gbegblẽwo ŋuti bum. Gake esi mímedi be míado nuxaxa na Yehowa o ta la, míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míaɖe nu gbegblẽwo ɖa le susu me. (1 Mose 6:5, 6) Míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míaƒe susu me nadza.

5, 6. Aleke gbedodoɖa akpe ɖe mía ŋu míaho gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ɖa le mía me?

5 Ne míedoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo. Enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòado ŋusẽ mí míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ. Míate ŋu agblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be míedi be míaƒe dzimesusuwo nadze eŋu. (Psalmo 19:14) Míebianɛ ɖokuibɔbɔtɔe be wòadzro mía me ahakpɔe ɖa be dzodzro vɔ̃ aɖe le míaƒe dzi me si ate ŋu ana míage ɖe nu vɔ̃ me mahã. (Psalmo 139:23, 24) Yi edzi nànɔ koko ƒom na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu eye nàwɔ nu si le eteƒe ne nɔnɔmeawo sesẽ gɔ̃ hã.—Mateo 6:13.

6 Hafi míeva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, ɖewohĩ míelɔ̃ nu siwo medzea eŋu o la wɔwɔ, eye ɖewohĩ míegakpɔtɔ le avu wɔm kple dzodzro vɔ̃ mawo. Gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ ahawɔ nu si dzea eŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Fia David wɔ ahasi kple Bat-Seba megbe la, etrɔ dzi me, eye wòƒo koko na Yehowa be wòawɔ “dzi dzadzɛ” ɖe ye me ahakpe ɖe ye ŋu yeaɖo to eƒe gbe. (Psalmo 51:10, 12) Ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ si nu sẽ nɔ mía me tsã eye míekpɔtɔ le avu wɔm kplii la, Yehowa ate ŋu ade didi si nu sẽ wu la mía me be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ahawɔ nu dzɔdzɔe. Akpe ɖe mía ŋu míaho dzodzro vɔ̃ mawo ɖa le mía me.—Psalmo 119:133.

Ne dzodzro vɔ̃ aɖe nyɔ ɖe mía me la, ele be míaɖee ɖa enumake (Kpɔ memama 6)

“MIZU NYADZIWƆLAWO”

7. Aleke Mawu ƒe Nya la akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimesusu vɔ̃wo ɖa le mía me?

7 Yehowa ate ŋu aɖo gbe si míedo ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu la ŋu to eƒe Nya Biblia dzi. Mawu ƒe nunya si le dzadzɛ la le eme. (Yakobo 3:17) Ne míexlẽa Biblia gbe sia gbe la, míetsɔa nu dzadzɛwo yɔa míaƒe susu me. (Psalmo 19:7, 11; 119:9, 11) Kpɔɖeŋuwo kple nuxlɔ̃amewo hã le Biblia me siwo kpena ɖe mía ŋu míeɖea dzodzro kple tamesusu vɔ̃wo ɖa le mía me.

8, 9. (a) Nu ka tae ɖekakpui aɖe wɔ ahasi kple nyɔnu gbegblẽ aɖe? (b) Nɔnɔme kae kpɔɖeŋu si le Lododowo ta 7 akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na?

8 Le Lododowo 5:8 la, Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míate mía ɖokui ɖa tso gbɔdɔdɔ manɔsenu gbɔ. Míexlẽ nu tso ɖekakpui aɖe si nɔ tsa ɖim le fiẽ me le nyɔnu ahasitɔ aɖe ƒe aƒe gbɔ la ŋu le Lododowo ta 7. Nyɔnua nɔ mɔa ƒe dzogoe dzi eye “[wòdzra] ɖo abe gbolo ene.” Nyɔnua te ɖe eŋu, lée, gbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ nya vivi siwo nyɔ dzodzro vɔ̃ ɖe eme la nɛ. Ðekakpuia meɖu dzodzro ma dzi o, eye esia na wòwɔ ahasi kple nyɔnua. Ewɔ nu vɔ̃ togbɔ be meɖoe do ŋgɔ o hã. Emegbe ekpe emetsonua ƒe fu. Ne ɖe wòbu afɔkua ŋu do ŋgɔ la, anye ne ete ɖa xaa tso nyɔnu ma gbɔ!—Lododowo 7:6-27.

9 Ðe menya medoa ŋgɔ o, eya ta abe ɖekakpui ma ene la, ate ŋu adzɔ be míatso nya me gbegblẽ le esi míebu afɔkua ŋu do ŋgɔ o ta. Le kpɔɖeŋu me, television dɔwɔƒe aɖewo ɖea nu siwo me agbe ƒaƒã nɔnɔ le le zã me, eya ta afɔku le eme be míanɔ tsatsam le television dzi. Eye míate ŋu adze afɔku ne míeʋu Internet ƒe akpa aɖe si míenya afi si wòakplɔ mí ayi o, alo ʋu nyatakakadzraɖoƒe alo Internet dzi dzeɖoƒe siwo doa boblo gbɔdɔnuwɔnawo hekplɔa ame yia teƒe siwo amamaɖeɖenuwɔnawo le. Nu siwo míakpɔ le teƒe mawo ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ ɖe mía me si ate ŋu ana míagbe toɖoɖo Yehowa.

10. Nu ka tae afɔku le ahiãmoɖoɖo me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Biblia fia ale si wòle be ŋutsuwo kple nyɔnuwo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu la mí. (Xlẽ 1 Timoteo 5:2.) Mía srɔ̃wo alo ame si míeɖo be míaɖe koe wòle be mí Kristotɔwo míaɖo mo na alo agblɔ lɔlɔ̃nyawo na. Míetsria ahiãmoɖoɖo na ame bubuwo. Ame aɖewo susuna be ahiãnuwo wɔwɔ ɖe ame aɖe ŋu, abe wo ɖokuiwo totro, azɔli ƒomevi aɖewo zɔzɔ, alo ŋkutetre nɛ ene megblẽ naneke o, ne yewomenya ka asi amea ŋu o ko. Gake ne ame eve ɖoa ahiãmo na wo nɔewo la, ate ŋu adzɔ be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro naɖo wo me ɖe wo nɔewo ŋu eye esia ate ŋu akplɔ wo ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Esia menye nu yeye o eya ta ate ŋu adzɔ.

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Yosef gbɔ?

11 Yosef ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Potifar srɔ̃ te Yosef kpɔ be wòamlɔ ye gbɔ. Yosef gbe, gake nyɔnua medzudzɔ fuɖeɖe nɛ o. Gbe sia gbe la, egblɔna na Yosef be ‘wòava nɔ ye gbɔ.’ (1 Mose 39:7, 8, 10) Biblia-nyala aɖe gblɔ be Potifar srɔ̃ nɔ mɔ kpɔm be ne ye kple Yosef ɖeɖe yewole teƒe ɖeka la, yeƒe nu alé dzi nɛ. Yosef ɖoe kplikpaa be yematsɔ ɖeke le nyɔnua ƒe ahiãnu mawo me o, eye eya meɖo ahiãmo na nyɔnua o. Eya ta meɖe mɔ dzodzro vɔ̃ mie ɖe eƒe dzi me o. Esi nyɔnua lé Yosef ƒe awu eye wòtee kpɔ be yeazi edzi wòadɔ ye gbɔ la, “egblẽ eƒe awu la ɖe esi me hesi do go” enumake.—1 Mose 39:12.

12. Aleke míewɔ nya be nu siwo míekpɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi?

12 Yesu xlɔ̃ nu mí be nu siwo míekpɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi ahanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ɖe mía me. Egblɔ be: “Ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Nu siae dzɔ ɖe Fia David dzi. “Ele [xɔ] ta kpɔ nyɔnu aɖe wònɔ tsi lem,” gake meɖe ŋku ɖa le nyɔnua ŋu alo ɖe susu ɖa le eŋu o. (2 Samuel 11:2) Togbɔ be ame srɔ̃e nyɔnua nye hã la, nyɔnua dzroe eye wòde asi eŋu.

13. Nu ka tae wòle be ‘míabla nu kple míaƒe ŋkuwo,’ eye aleke míawɔe?

13 Ne míedi be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo la, ele be míasrɔ̃ Hiob ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋkuwo.” (Hiob 31:1, 7, 9) Abe Hiob ene la, míate ŋu atso nya me be míaɖe mɔ gbeɖe be ame aɖe si míekpɔ nadzro mí le dzi me o. Eye ne gbɔdɔnuwɔna aɖe dze le míaƒe kɔmpiuta dzi, le boblodonu alo agbalẽ aɖe me, alo teƒe bubu aɖe la, míaɖe ŋku ɖa enumake.

14. Nu kae míawɔ be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ?

14 Ne ède ŋugble le nu siwo me míedzro fifia ŋu la, ɖewohĩ àde dzesii be ehiã be yeaʋli sesĩe wu awɔ avu kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo. Ne ehiã be nàwɔ tɔtrɔ la, wɔe enumake! Ne èwɔna ɖe Yehowa ƒe gbe dzi la, ate ŋu akpɔ tawò be gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe mɔ̃ maɖe wò o, eye nàyi edzi anɔ agbe dzadzɛ.—Xlẽ Yakobo 1:21-25.

‘YƆ HAMEMETSITSIWO WOAVA GBƆWÒ’

15. Ne ele sesẽm na wò be nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, nu ka tae wòle vevie be nàdi kpekpeɖeŋu?

15 Ne ele sesẽm na wò be nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, ɖo dze tso eŋu na hamea me tɔ aɖe si tsi le nyateƒea me si ate ŋu azã Mawu ƒe Nya la atsɔ aɖo aɖaŋu nyuiwo na wò. Manɔ bɔbɔe na wò be nàƒo nu tso wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu na ame bubuwo o, gake ele vevie be nàdi kpekpeɖeŋu. (Lododowo 18:1; Hebritɔwo 3:12, 13) Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ tɔtrɔ siwo wòle be nàwɔ. Wɔ tɔtrɔ mawo ale be Yehowa nayi edzi anye Xɔ̃wò.

16, 17. (a) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo wòsesẽna na be woaɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo dzi la ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu ka tae wòle be ame siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo nabia kpekpeɖeŋu enumake?

16 Le hamea me la, hamemetsitsiwo dze nyuie akpe ɖe mía ŋu. (Xlẽ Yakobo 5:13-15.) Enɔ sesẽm na ɖekakpui aɖe si le Brazil la ƒe geɖe be wòaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Egblɔ be: “Menyae be nye tamesusuwo medze Yehowa ŋu o, gake ekpea ŋu nam be magblɔ nye seselelãmea na ame bubuwo.” Hamemetsitsi aɖe de dzesii be ɖekakpui sia hiã kpekpeɖeŋu eye wòde dzi ƒo nɛ be wòana hamemetsitsiwo nakpe ɖe eŋu. Ðekakpuia gblɔ be: “Ale si hamemetsitsiawo nyo dɔme nam hese nu gɔme nam la na nye nu ku, mese le ɖokuinye me gɔ̃ hã be nyemedze na dɔmenyo ma gbegbe o. Woɖo to nyuie esi menɔ nye kuxia me ɖem na wo. Wotsɔ Biblia ɖo kpe ale si Yehowa lɔ̃m la dzi nam, eye wodo gbe ɖa kplim. Ema wɔe be mete ŋu xɔ aɖaŋu si wonɔ te ɖe Biblia dzi ɖo nam la bɔbɔe.” Esi wòdo ŋusẽ eya kple Yehowa dome ƒomedodoa megbe la, egblɔ be: “Fifia hafi mekpɔe be ele vevie be míabia kpekpeɖeŋu tsɔ wu be míanɔ agbagba dzem be míawo ɖeɖe míadro míaƒe agba.”

17 Ne èkpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la, ke ele be wò afɔ natsɔ nàbia kpekpeɖeŋu enumake. Ne mèbia kpekpeɖeŋu kaba o la, anɔ bɔbɔe be nàkpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Ema ana nàdo vevesese na ame bubuwo eye wòana amewo nagblɔ nya vɔ̃wo tso Yehowa ŋu. Ame geɖe bia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ eye wowɔ aɖaŋu si woɖo na wo la dzi ale be woƒe nu nadze Yehowa ŋu eye woakpɔtɔ anɔ Kristo hamea me.—Psalmo 141:5; Hebritɔwo 12:5, 6; Yakobo 1:15.

ÐOE KPLIKPAA NÀNƆ AGBE DZADZƐ!

18. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Ðeko amewo ƒe agbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi le Satana ƒe xexea me. Gake mí Yehowa subɔlawo ya míeʋlina sesĩe be míaƒe susu nanɔ nu kɔkɔewo ŋu eye míanɔ agbe dzadzɛ. Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu ale gbegbe. Mina míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli eye míanɔ aɖaŋu siwo wòɖona na mí to eƒe Nya kple Kristo hamea dzi la dzi wɔm. Ne míewɔa esia la, míakpɔ dzidzɔ eye dzitsinya nyui anɔ mía si. (Psalmo 119:5, 6) Eye le etsɔme ne wotsrɔ̃ Satana ɖa vɔ la, míanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeye dzadzɛ la me.