Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ aɖe vivivi ɖo?

Míexlẽ nu tso ale si Yesu da dɔ na ŋkuagbãtɔ aɖe le Betsaida la ŋu le Marko 8:22-26. Nuŋlɔɖia gblɔ be gbã la, Yesu sisi ta ɖe ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi, eye wòbiae be nu ka kpɔm wòle hã. Ŋutsua ƒe ŋuɖoɖoa ɖee fia be anya tɔtɔ, egblɔ be: “Mele amewo kpɔm, elabena mele nu siwo le abe atiwo ene la kpɔm, gake wole zɔzɔm.” Yesu gaka asi ŋutsua ƒe ŋkuwo ŋu ake, eye nu si do tso emee nye be: “Ŋutsua kpɔ nu nyuie, eye wòhaya, eye wònɔ nu sia nu kpɔm nyuie.” Edze ƒãa be ɖe Yesu ʋu ŋku na ŋutsua vivivi. Nu ka tae?

Biblia meɖo nya sia ŋu tẽe o, gake míate ŋu adzro susu aɖewo siwo ta wòanya wɔe nenema ɖo la me. Tɔtrɔ gã aɖe ŋutɔe wòanye be ame aɖe si gbã ŋku hena ƒe geɖe, alo le eƒe agbe me katã gɔ̃ hã, nate nukpɔkpɔ. Le kpɔɖeŋu me: Wozãa sɔ aɖewo le tomenukuƒewo hena dɔwɔwɔ. Dɔwɔwɔ le viviti me le to me va maa wo ale gbegbe be ne woɖe wo do go va go ta la, womete ŋu kpɔa nu nyuie le kekeli me o hena ŋkeke blibo ɖeka. Le ŋkuagbãtɔ gome la, agahiã ɣeyiɣi geɖe wu hafi wòate ŋu akpɔ nu nyuie. Le egbeŋkekeawo me la, amekolawo te ŋu kpɔ dzidzedze le ŋkuagbãtɔ ʋɛ aɖewo ƒe ŋkuwo koko me eye wote nukpɔkpɔ. Gake woƒe ahɔhɔ̃ mete ŋu dea vovototo nu gbogbo siwo woƒe ŋkuwo tea kpɔkpɔ la me enumake o, si wɔnɛ be wotɔtɔna zi geɖe. Amadedewo kpakple nuwo ƒe nɔnɔme kple woƒe dzedzeme vovovo siwo wotea kpɔkpɔ la nana wotɔtɔna, eye womete ŋu kpɔa nu siwo wonya nyuie la gɔ̃ hã dzea sii o. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woƒe ahɔhɔ̃a te ŋu va nana wokpɔa nu siwo woƒe ŋkuwo kpɔ la dzea sii.

Ðewohĩ ŋkuʋuʋu na ŋkuagbãtɔ sia vivivi ɖee fia be Yesu tsɔ ɖe le eme nɛ lɔlɔ̃tɔe. Mlɔeba, ŋutsua va ‘nɔ nu sia nu kpɔm nyuie’ hekpɔa nu siwo wòkpɔ la dzea sii.

Le Yesu ƒe ŋkekea me la, nu ka tae agbalẽ xatsaxatsa xexlẽ bia agbagbadzedze geɖe ŋutɔ?

Zi geɖe la, agbalẽ ɖeɖe siwo wotsɔ wɔa agbalẽ xatsaxatsawo la ƒe didime nyea sentimeta 23 va se ɖe 28, eye woƒe kekeme nyea sentimeta 15 va se ɖe 23. Wotsɔa nutrenu trea agbalẽ ɖeɖe siawo ƒe xexlẽme aɖe alo tsɔa aklalaka tɔa wo ɖe wo nɔewo nu ɖekaɖeka. Wozãa agbalẽ ɖeɖe siwo didi wu la ɣeaɖewoɣi. Agbalẽ ɖeɖe sia ɖekaɖeka 17 ye wotsɔ wɔ Yesaya ƒe Ƒukukua Me Gbalẽ Xatsaxatsaa, si wɔe be eƒe akpa si kpɔtɔ li egbea la ƒe didime anɔ abe meta 7 ene. Anɔ eme be didime ma tɔgbi kee nɔ Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa si Yesu zã le ƒuƒoƒea le Nazaret la hã si.—Luka 4:16, 17.

Aƒetɔ Alan Millard gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me ku ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu be: “Nuxlẽlaa tsɔa eƒe nuɖusi léa agbalẽa toga hetsɔa eƒe miasi vlunɛ, eye wògbugbɔ nɔa eŋlɔm kple eƒe nuɖusi esime wòle nu ŋɔŋlɔ siwo le agbakawo me la xlẽm ɖe wo nɔewo yome. Edze ƒãa be hafi Yesu naʋu Yesaya ta 61 lia si wòxlẽ le ƒuƒoƒea la, enɔ nɛ be wòavlu agbalẽa katã kloe kple eƒe miasi agbugbɔ anɔ eŋlɔm kple eƒe nuɖusi.”—Discoveries From the Time of Jesus.

Ɣemaɣi la, womema Yesaya ƒe agbalẽ ɖe tawo kple kpukpuiwo me abe ale si wòle egbea ene o. Esime wotsɔ Yesaya ƒe agbalẽa de asi na Yesu le ƒuƒoƒea le Nazaret la, enɔ nɛ be wòadi teƒe si nye Yesaya 61:1, 2 le míaƒe Bibliawo me egbea. Yesu ‘kpɔ teƒea’ bɔbɔe ŋutɔ, si ɖe ale si gbegbe wònya Mawu ƒe Nya lae fia.