Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Do Ŋugbe Be Yeana Kesinɔnuwo Nasu Asiwòa?

Ðe Mawu Do Ŋugbe Be Yeana Kesinɔnuwo Nasu Asiwòa?

Ðe Mawu Do Ŋugbe Be Yeana Kesinɔnuwo Nasu Asiwòa?

‘Mawu di be nànye kesinɔtɔ—ʋu geɖewo nanɔ asiwò, wò dɔwɔɖui nakpɔ dzidzedze. Wò ya xɔ edzi se ko, de asi kotoku me, eye natsɔ nu sia nu si nàte ŋui la nɛ.’

NYA siawoe subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo gblɔna le Brazil, abe ale si afi ma ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔe ene. Nya siawo dea dzi gbɔ na ame geɖe ŋutɔ. Time magazine ka nya ta tso numekuku aɖe si wowɔ tso ame siwo be yewonye Kristotɔwo le United States ŋu la ŋu be: “Ame 61 le alafa me sɔŋ xɔe se be Mawu di be amewo nanye kesinɔtɔwo. Eye ame 31 le alafa me . . . lɔ̃ ɖe edzi be ne ètsɔ wò gawo na Mawu la, Mawu ana nàkpɔ ga geɖe wu.”

Nukpɔsusu siawo tɔgbi, si woyɔna zi geɖe be nudzedziname ŋuti nufiafia la bɔ ŋutɔ, vevietɔ le Latin-Amerika dukɔwo, abe Brazil ene me, eye ame geɖewo ƒoa zi ɖe subɔsubɔha siwo doa ŋugbe na wo be Mawu atsɔ ŋutilãmenuwo ayra woe la ŋu. Gake ɖe Mawu do ŋugbe be yeana kesinɔnuwo ame siwo subɔa ye la nyateƒea? Ðe Mawu subɔla siwo katã nɔ anyi le blema la nye kesinɔtɔwoa?

Enye nyateƒe be le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, míexlẽ zi geɖe be kesinɔnuwo su ame siwo dzi Mawu ƒe yayra nɔ la si. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le 5 Mose 8:18 be: “Ðo ŋku Yehowa, wò Mawu la dzi, elabena eyae na ŋusẽ wò, be nàkpɔ kesinɔnuwo.” Esia na kakaɖedzi Israel viwo be ne woɖo to Mawu la, ana nu nadze edzi na wo.

Ke ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Kesinɔtɔ gã aɖe ŋutɔe nuteƒewɔla Hiob nye, eye esi Satana va gblẽ eƒe kesinɔnuwo katã dome la, Yehowa gbugbɔ ɖo eteƒe nɛ “zi gbɔ zi eve.” (Hiob 1:3; 42:10) Kesinɔtɔe Abraham hã nye. Wogblɔ tso eŋu le 1 Mose 13:2 be “lãwo, klosalo kple sika geɖe” nɔ esi taŋ. Esime Ɣedzeƒe fia ene ƒe aʋakɔ ƒokpliwo va lé Abraham ƒe tɔgãyɔvi Lot dzoe la, Abraham ‘ɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, ame siwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome.’ (1 Mose 14:14) Be ame 318 sɔŋ “siwo nya aʋawɔwɔ” natso Abraham ƒe aƒe me la ɖee fia be aƒe gã aɖe ŋutɔe nɔ Abraham si. Ale si wòtea ŋu kpɔa ƒome gã ma gbegbe dzi la ɖee fia be kesinɔtɔ gã aɖe si si lãhawo bɔ ɖo ŋutɔ lae wònye.

Nyateƒee, Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema dometɔ geɖe—abe Abraham, Isak, Yakob, David, Salomo, kple bubuwo ene—nye kesinɔtɔwo. Gake ɖe ema fia be Mawu ana ame sia ame si subɔnɛ la nazu kesinɔtɔa? Le go bubu me la, ne ame aɖe da ahe la, ɖe míagblɔ be esia fia be Mawu ƒe yayra mele eyama dzi oa? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.