Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Eɖoa Ŋui Be Kewɔ Míenye”

“Eɖoa Ŋui Be Kewɔ Míenye”

Te Ðe Mawu Ŋu

“Eɖoa Ŋui Be Kewɔ Míenye”

N YƆNU Kristotɔ aɖe ŋlɔ tso vo siwo wòda va yi ŋu be: “Mexɔe se be Yehowa mate ŋu atsɔe akem keŋkeŋ o, eye agba sia anɔ dzinye le nye agbemeŋkekewo katã me.” Nyateƒee, agba kpekpee dzitsinya ƒe fɔbuame nyena. Ke hã, akɔfanyawo le Biblia me siwo ate ŋu aɖe nu vɔ̃wɔla trɔdzimewo ƒe nuxaxa dzi akpɔtɔ. Na míadzro hakpala David ƒe nya siwo dze le Psalmo 103:8-14 me kpɔ.

David nyae be “amenuvela enye Yehowa,” eye “menɔa dzre dzi” o. (Kpukpui 8-10) Ne susu aɖe li si ta Mawu akpɔ nublanui la, etsɔnɛ kena keŋkeŋ, eye meléa ame ɖe dɔme o. David, si bi ɖe hakpanyaŋɔŋlɔ me, zã kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi etɔ̃ aɖewo esime wònɔ nu ƒom tso ale si gbegbe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ de toe ŋu.

“Ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu sẽ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la dzi.” (Kpukpui 11) Ne míekpɔ ɣletiviwo le zã me la, míedea dzesii be dometsotso gã si le anyigba kple ɣletiviwo dome la wu gbɔgblɔ. Eya ta David ƒe nya siawo na míekpɔ ale si gbegbe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ de toe, eye esia nye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ɖeɖe fia. Mawu kpɔa nublanui na “ame siwo vɔ̃nɛ,” alo abe ale si agbalẽnyala aɖe gblɔe ene la, ame siwo “bɔbɔa wo ɖokui hedea bubu deto eŋu le eƒe ŋusẽ ta.”

“Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.” (Kpukpui 12) Aleke gbegbee ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe? Gbɔgblɔ mele eŋu o. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne ɖe aʋala le asiwò nàte ŋu adzo ayi dziƒonutowo ƒe ɣedzeƒe gome ʋĩi la, zi ale si nànɔ aʋala ƒom la, zi nenemae nànɔ ɣetoɖoƒe ɖem ɖe megbe ʋĩi.” Le afi sia la, David le gbɔgblɔm na mí be ne Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, etea wo ɖa tso mía gbɔ yia adzɔgeadzɔge ʋĩi ke.

“Ale si fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋui.” (Kpukpui 13) Esi David ŋutɔ hã nye vifofo ta la, enya ale si vifofo lɔ̃ame sena le eɖokui me. Vifofo lɔ̃ame ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋu, vevietɔ ne wole veve sem. David ka ɖe edzi na mí be mía Dziƒofofo lɔ̃ame la kpɔa nublanui na via siwo le anyigba dzi, vevietɔ ne wotrɔ dzi me, eye woƒe ‘dzi gbã hetugu’ le woƒe nu vɔ̃wo ta.—Psalmo 51:19.

Esi David wɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo vɔ la, egblɔ nu si ʋãa Yehowa wòkpɔa nublanui na amegbetɔ madeblibowo ale: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Kpukpui 14) Yehowa nya be kewɔ míenye, enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple afi si míaƒe ŋutete se ɖo. Zi ale si míetrɔ dzi me vavã ko la, Yehowa ‘lɔ̃na faa be yeatsɔe ake’ le esi wònya be nuvɔ̃mewoe míenye ta.—Psalmo 86:5.

Ðe nya siwo David gblɔ tso Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu wɔ dɔ ɖe dziwòa? Nyɔnu si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la srɔ̃ nu tso nu si Biblia gblɔ tso ale si Mawu lɔ̃na faa be yeatsɔe ake míi ŋu. Nu si wòsrɔ̃ la wɔ dɔ ɖe edzi wògblɔ be: “Fifia mele sesem le ɖokuinye me be mate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli vavã, eye agba gã aɖe do le dzinye.” * Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ, kpakple nu si nàwɔ be Mawu nakpɔ nublanui na wò ŋu oa? Ðewohĩ wò hã àse le ɖokuiwò me be agba gã aɖe do le ye dzi.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le August me:

Psalmo 87-118

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe ta 26 lia, si ƒe tanyae nye “Mawu si ‘Lɔa Tsɔtsɔke.’” Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

“Fifia mele sesem le ɖokuinye me be mate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli vavã, eye agba gã aɖe do le dzinye”